bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 28
Isaiah 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 29 →
1
Baba na dziɖula ahamula siwo dàna le Efrayim kple eƒe atsyɔ̃seƒoƒo dzeani si ɖi golo la. Baba na ahamula siwo le to dzi le bali wɔnu tame.
2
Kpɔ ɖa, nu sesẽ kako tso Aƒetɔ la gbɔ gbɔna. Ava abe tsikpe ƒe dzadza kple ahom si gblẽa nu ene. Atsɔ ŋusẽ aƒoe aƒu anyi, abe tsie ɖɔ gbagba ɖe anyi ene.
3
Woafanya ahamula si le Efrayim la ƒe dàdafiakuku kple afɔ.
4
Ava eme be eƒe atsyɔ̃seƒoƒo dzeani si ɖi golo, eye wòle to dzi le bali wɔnu tame la, anɔ abe gbotsetse si ɖi gbã hafi dzomeŋɔli ɖo ene. Ame si kpɔe la, aɖui alɔ tsɔtsɔe.
5
Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la anye atsyɔ̃kuku kple ŋgonublanu dzeani na eƒe dukɔ si susɔ.
6
Ana ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe gbɔgbɔ ʋɔnudrɔ̃la, eye wòana ŋusẽ ame siwo nyàa futɔwo, trɔa aʋa ɖo ɖe megbe le dua ƒe agbo nu.
7
Ke ame siawo hã no wain mu, eye wono aha sesẽ le yiyim sagasaga. Nunɔla kple Mawu ƒe gbeƒãɖela siaa no aha sesẽ mu. Wain tɔtɔ wo, eye aha sesẽ mu wo wole yiyim sagasaga. Woda ƒú le ŋutegakpɔkpɔ me, eye woƒe nyametsotso tro.
8
Elabe wotru kɔ ɖe kplɔ̃awo katã dzi nyamaa, teƒe aɖeke megali o; afi sia afi le ŋu nyɔm.
9
“Ame kae wòle nunya fia gee, eye ame kae wòle gbedeasi la gɔme ɖe ge na? Ɖevi si ɖi no ye loo, alo esi wotso no na la yea?
10
Elabe egblɔ be: Se ɖe se dzi; se ɖe se dzie. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu; ɖoɖo ɖe ɖoɖo nue. Afii ʋɛ; afi mɛ ʋɛ.”
11
Le nyateƒe me la, Aƒetɔ atsɔ gbe bubu gblɔlawo ƒe gbe kple ame siwo kɔkɔna ƒe aɖe aƒo nu na dukɔ sia.
12
Egblɔ na wo be: “Dzudzɔ nye esi, migbɔ ɖe eme, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te, miɖi ɖe eme!” Ke wogbe nusese.
13
Eya ta Aƒetɔ ƒe nya ava eme ɖe wo ŋu be: Se ɖe se dzi; se ɖe se dzie. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu; ɖoɖo ɖe ɖoɖo nue. Afii ʋɛ, afi mɛ ʋɛ. Awɔ be woazɔ megbemegbee adze anyi, eye woagbã gudugudu. Mɔ̀ aɖe wo, eye asi asu wo dzi.
14
Eya ta mi fewuɖula siwo le dukɔ sia dzi ɖum le Yerusalem, mise Aƒetɔ ƒe gbe:
15
Elabe miegblɔ be: “Míebla nu kple ku, eye míenyi dzo kple tsiẽƒe. Ameƒoti si le nyenyem le yiyim la maɖo mía gbɔ o, elabe míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebè ɖe alakpa gbɔ.”
16
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom anyi ɖe Zion; kpe si wodo kpɔ, dzogoedzikpe xɔasi, gɔmeɖoɖo si li ke zã. ‘Ame si xɔe se la, matsi dzi o’.
17
Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe awɔ dzidzekae, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ anye glidzidzenu. Tsikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la, eye tsi akplɔ beɖoƒe la adzoe.”
18
Ekema mia kple ku ƒe nubabla me agblẽ, eye mia kple tsiẽƒe ƒe dzonyinyi la hã mali ke o. Ameƒoti si le nyenyem le yiyim la, agbã mi gudugudu.
19
Ne eva le yiyim la, eƒe asi axe mi kã, elabe ava yi ŋdi sia ŋdi le ŋkeke me kple zã me, eye eƒe ŋɔdzi ɖeɖe ana miase nyawo gɔme.
20
Elabe aba anɔ kpuie ale be afɔdadra manɔ anyi o. Avɔ tsyɔtsyɔ malolo ne woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.
21
Elabe Aƒetɔ akɔ eɖokui ɖe dzi abe ale si wòwɔe le Perazim-to la gbɔ ene. Anyra abe ale si wònyrae le Gibeon-bali me la ene; ne wòawɔ eƒe dɔ, dɔ tɔxɛ ye nye eƒe dɔ la; ne wòawɔ eƒe nuwɔna, nukunue nye eƒe nuwɔna la.
22
Azɔ la, megaɖi kokoe na mi, ne woava bla mi sesĩe goŋgoŋ wu o. Elabe mese Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la ɖoe kplikpaa be yeatsrɔ̃ anyigba blibo la.
23
Miɖo to, ne miase nye gbe. Milé to ɖe nye nyawo ŋu nyuie.
24
Ðe agbledela nɔa nuŋɔŋlɔ dzi ɖaa be wòaƒã nua? Ɖe wòdzraa anyigba ɖo hedzobonɛ ɖaa?
25
Alo ne edzobo anyigba vɔ, ɖe mewua ahaliwɔe kple pepre ɖe eme, heƒãa lu kple ƒo ɖe fli me, eye woƒãa bli ɖe liƒo dzi oa?
26
Eƒe Mawu fia nui, eye wòdae ɖe mɔ nyuitɔ dzi.
27
Elabe menye luƒotasiaɖam wotsɔna ƒoa ahaliwɔe o, eye womemlia tasiaɖamfɔ toa pepre dzi o; ke boŋ kpo sue wotsɔna ƒoa ahaliwɔe, eye ati sue wotsɔna ƒoa pepree.
28
Ɖe wotua lu tsɔna ƒoa aboloe; ke wometonɛ ɖaa o. Ne tasiaɖam kple sɔwo zɔ edzi hã la, metua wɔ o.
29
Esia hã Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gbɔe wòtso. Enye ame si dea adaŋu nukutɔe, eye nunya deto le esi.
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66