bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 22
Isaiah 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 23 →
1
Gbedeasi tso ŋutegabali la ŋu. Nu kae dzɔ be mielia yi dzi, eye mi katã miede xɔta,
2
mi ame siwo doa dzidzɔɣli, wò, du si tɔa zi kple aseyetsotso? Wò ame siwo wowu la, menye yi nue wotsi o, menye aʋa hãe wotsi o.
3
Wò dziɖulawo katã sí afɔ ɖekae; wometsɔ dati ɖe wo ŋu hafi lé wo asiasii o. Asi su ame siwo katã wotu la dzi, togbɔ be wosí yi didiƒe hã.
4
Eya ta mebe: “Miɖe kɔ ɖa le ŋunye ne mafa avi hehehe. Migakpe fu be yewoafa akɔ nam le esi wotsrɔ̃ nye dukɔ vinyɔnu ta o.”
5
Elabe ŋkeke le Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la si, eye wòana zitɔtɔ, tsɔtsrɔ̃ kple tɔtɔtɔ nava ŋutegabali la me. Woamu gliwo aƒu anyi, eye woadi xɔxɔ ado ɣli ɖo ɖe to la gbɔ.
6
Elam kpla daku, eye tasiaɖam siwo ame yɔ kple sɔdolawo la kpe ɖe wo ŋu. Kir he eƒe akpoxɔnu ɖe go.
7
Ale wò bali nyuitɔwo yɔ fũu kple tasiaɖamwo, eye sɔdolawo dze aʋa ɖe agboawo nu.
8
Eɖe ama Yuda. Ɣe ma ɣi la, ètso ŋku na avexɔ ƒe aʋawɔnuwo.
9
Miekpɔ be wogbã teƒe geɖe le David ƒe du la me, eye miexe anyigbemeta ƒe tsiwo.
10
Miexlẽ Yerusalem-xɔwo, eye miegbã wo be miatsɔ woƒe kpewo ali ke gliawoe.
11
Mieɖe ʋe ɖe gli eveawo dome le dua me, be tá xoxo si le dua me ƒe tsi nasí age ɖe eme. Ke mieɖo ŋu ɖe eya ame si wɔe ŋu loo, alo bu ame si wɔ ɖoɖo sia xoxoxo, eye wòva eme alea la ɖe naneke me o.
12
Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la, nɔ mia yɔm be miafa avi, afa konyi, eye mialũ ta, ata akpanya.
13
Ke mieɖu ŋkekenyui, kpɔ dzidzɔ: miewu nyitsu, tso alẽ, mieɖu lã, no wain hegblɔ be: “Mina míaɖu nu, ano nu elabe etsɔ míele kuku ge.”
14
Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖe eɖokui fia hegblɔ ɖe to me nam be: “Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, va se ɖe esime miaku! Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe!”
15
Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ nam be: “Tso nàyi Sebna, nuwo dzikpɔla sia si le fiaƒea nu la gbɔ nàɖagblɔ nɛ be:
16
Ŋusẽ kae le asiwò le afii? Ame kae le asiwò le afi sia, hafi nèɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afii? Èɖe yɔdo ɖe kɔkɔƒe, eye nèwɔ nɔƒe na ɖokuiwò ɖe agakpe me?
17
Kpɔ ɖa, wò si le ŋutsunya hem, Aƒetɔ ada wò ɖo ɖa sesĩe, eye wòalé wò goŋgoŋ.
18
Aŋlɔ wò gonyogonyo abe bɔl ene, eye wòatsɔ wò aƒu gbe ɖo ɖe anyigba keke aɖe dzi. Àku ɖe afi ma, eye wò tasiaɖam nyuiawo atsi afi ma. Wò si zu ŋukpe na wò aƒetɔ ƒe aƒe la!
19
Manyà wò le dɔ me, eye woaxɔ dɔ le asiwò.
20
Ɣe ma ɣi la, mayɔ nye dɔla Elyakim, Xilkiya vi la.
21
Mado wò awu nɛ, eye matsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ. Matsɔ ŋusẽ si metsɔ na wò la ana eyama. Anye tɔ na Yerusalemnɔlawo kple Yuda-to la siaa.
22
Matsɔ David ƒe ƒome la ƒe safui ade esi. Ne eʋu nane la, ame aɖeke matui o, eye ne etu nane la, ame aɖeke maʋui o.
23
Mana wòanɔ te ɖe enɔƒe sesĩe abe tsyoti ene, eye wòazu bubufiazikpui na tɔgbuia ƒe aƒe.
24
Ke eƒe ƒometɔwo, viawo kple viawo ƒe viwo kpakple ƒomenya kukluiwo katã azu agba nɛ abe agba alo goewoe le tsyoti ŋu ene.
25
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be gbe ma gbe la, tsyoti si woƒo ɖi sesĩe la, aglí, aŋe, eye wòage adze anyi. Agba si le eŋu la akaka gbẽe elabe Aƒetɔ lae gblɔe.”
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66