bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 13
Isaiah 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 14 →
1
Nya sia nye Mawu ƒe gbedeasi na Yesaya, Amoz vi la. Eku ɖe Babilonia ŋu.
2
Mitu aflaga ɖe to ƒeƒle la tame! Mido ɣli yɔ aʋawɔlawo. Miwɔ asi na wo ne woage ɖe bubumewo ƒe agbowo me.
3
Nye ŋutɔe ɖe gbe na nye ame kɔkɔeawo. Meyɔ nye aʋakalẽawo kple nye adegbeƒolawo bene woaɖe nye dɔmedzoe afia.
4
Miƒu to anyi ne miase zinyenye ɖa le toawo dzi! Ele ɖiɖim abe ameha gã aɖe tɔ ene. Miɖo to miasee ɖa! Fiaɖuƒewo kple dukɔ siwo le ta kpem la ƒe hoowɔwɔe le ɖiɖim. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae le aʋakɔwo nu ƒom ƒu be woawɔ aʋa.
5
Wotso didiƒe ʋĩi, tso keke dziƒowo ƒe mlɔenu ke. Aƒetɔ tsɔ eƒe aʋawɔnuwo gbɔnae kple dziku be yeatsrɔ̃ anyigba blibo la.
6
Mifa avi elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe. Gbe ma gbe anye Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nugblẽgbe.
7
Esia ta asiwo katã ado agblɔ; dzi aɖe le ame sia ame ƒo.
8
Vɔvɔ̃ aɖo wo. Woase veve kutɔkutɔe, ado lagbelãgbe abe nyɔnu si le ku lém la ene. Woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eye woƒe mo aʋu dzo.
9
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna; ŋutasesẽ, dziku kple dɔmedzoe helihelĩ ŋkeke ye. Anyigba azu gbegbe, eye Aƒetɔ atsrɔ̃ edzi nuvɔ̃wɔlawo.
10
Elabe ɣletiviwo kple dziŋgɔli ŋu nukeklẽwo magaklẽ o. Ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti magaɖi o.
11
Mahe to na xexea me ɖe eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta, eye mahe to na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nuvɔ̃wo ta. Mana dàdalawo ƒe dàda nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.
12
Mana amegbetɔ nave abe sika nyuitɔ ene; amegbetɔ nave abe Ofir-sika ene.
13
Eya ta gbe si gbe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖe eƒe dɔmedzoe kple dziku dziŋɔ afia la, ana dziƒowo nadzo kpèkpekpe, eye anyigba aʋuʋu le eƒe agunu.
14
Ava eme be amewo nakaka, anɔ du dzi, abe sãdee adelawo yɔ ɖe nu ene, alo abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Ame sia ame atu ta eƒe dukɔ gbɔ; ame sia ame así ayi eƒe anyigba dzi.
15
Ame si woakpɔ la, woatɔ nui; ame si dzi asi asu la, atsi yi nu.
16
Woaxlã wo viwo ɖe nu le woawo ŋutɔ ŋkume. Woaha woƒe aƒewo, eye woazi wo srɔ̃wo dzi adɔ kpli wo.
17
Kpɔ ɖa, made dzo Mediatɔwo me ne woatso ɖe wo ŋu. Woawo la, womebua klosalo ɖe naneke me o; sika gɔ̃ hã mebiãa ŋu na wo o.
18
Woƒe dawo aƒo ɖekakpuiwo aƒu anyi. Womakpɔ nublanui na fu nɔdɔmee o, eye ɖeviwo ƒe nu mawɔ nublanui na wo o.
19
Babilonia-fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe vevi; woɖo atsyɔ̃ nɛ ale gbegbe, eye Kaldeatɔwo tsɔnɛ ƒoa adegbee. Ke anɔ nɛ abe gbe si gbe Aƒetɔ mu Sodom kple Gomora ƒu anyi la ene.
20
Ame maganɔ afi ma, atso aƒe ɖi o, tso dzidzime yi dzidzime. Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖi o, eye alẽkplɔlawo makplɔ woƒe lãwo ayi afi ma woatsyɔ akɔ ɖi o.
21
Ke boŋ gbemelãwo atsyɔ akɔ ɖe teƒea, eye adzexewo ayɔ woƒe xɔwo me. Tsatsaboliwo awɔ atɔ ɖi, eye azizãwo afe le afi ma.
22
Agbotoewo axlɔ̃ le woƒe mɔ́wo me, eye akpatakuwo aɖe gbe le woƒe fiasã nyakpɔwo me. Babilonia ƒe ɣeyiɣi gogo, eye eƒe ŋkeke la mahe ɖe megbe o.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66