bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 34
Isaiah 34
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 35 →
1
Mi dukɔwo, mite va see ɖa! Mi anyigba dzi dukɔwo, miɖo to nyuie. Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, miɖo to. Nu miemie siwo katã le xexea me, misee.
2
Elabe Aƒetɔ do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu. Edo dɔmedzoe vevie ɖe woƒe aʋakɔwo katã ŋu. Ebu fɔ wo, eye wòtsɔ wo de asi be woawu.
3
Woatsɔ woƒe ame siwo wowu la aƒu gbe. Woƒe ame kukuawo ƒe ʋeʋẽ kũu axɔ ya me, eye woƒe ʋu así le towo ŋu blibaa.
4
Dziŋgɔli ŋu nuwo katã anyunyɔ; woaŋlɔ dziŋgɔli abe ale si woŋlɔa agbalẽe ene. Eŋu nuwo katã age abe ale si aŋgbawo gena le wainka kple gboti ŋui ene.
5
Elabe nye yi mu aha le dziƒo. Kpɔ ɖa, aɖiɖi ɖe Edom, dukɔ si mebu fɔe la dzi, ahatsrɔ̃e.
6
Yi le Aƒetɔ si; eƒo ʋu; ami ɖoe. Alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie. Elabe Aƒetɔ le vɔsaŋkekenyui ɖum le Bozra, lãwu ŋkekenyui gã aɖe wònye le Edom-nyigba dzi.
7
Woawo kple tòwo siaa woamu adze anyi hekpe ɖe nyivi tatawo kple nyitsu sesẽwo ŋu. Woƒe anyigba ano ʋu, eye ami aɖo woƒe ké.
8
Elabe hlɔ̃biagbe le Aƒetɔ si; teƒeɖoɖo ƒe ƒè wòanye na Zion.
9
Edom-tɔʋuwo azu aŋɔ yibɔ; eƒe ke azu dzokpe, eye eƒe anyigba azu aŋɔ si le dzo bim.
10
Zã kple keli la, matsi o; eƒe dzudzɔ ayi dzi tegbee. Atsi ƒeƒle tso dzidzime yi dzidzime, eye ame aɖeke magato afi ma akpɔ o.
11
Ke azu aʋako kple hlɔ̃made tɔ, eye adzexe kple akpavia woanɔ edzi. Ahe ka si atɔtɔ wo la me ɖe edzi, eye wòada nudakpe si ahe masɔmasɔ vɛ la ade eƒe ame ŋkutawo dome.
12
Woana ŋkɔe be fiaɖuƒe aɖeke mele afi ma o, eye eƒe amegãwo katã maganye naneke o.
13
Ŋuwo amie ɖe woƒe mɔ́ sesẽwo me; dzawo kple aŋɔkawo amie ɖe woƒe mɔ́wo me. Ava zu akpatakuwo kple tsatsaboliwo nɔƒe.
14
Gbemelãwo kple agbotoewo ado go wo nɔewo. Azizãwo ado ɣli ayɔ wo nɔewo le afi ma, eye wòazu teƒe si gbetsi adzudzɔ, agbɔ ɖe eme le.
15
Afi ma adzexewo awɔ atɔ ɖo, woaɖa azi, aƒo viwo, eye woatsyɔ akɔ ɖe wo dzi. Aʋakowo aƒo takpli, atsu kple asi, ɖe afi ma.
16
Midi nu miaxlẽ tso Aƒetɔ ƒe agbalẽ me. Wo dometɔ aɖeke mabu loo, alo anɔ ɣaɣla ɖe nɔvia o. Elabe Aƒetɔ ƒe nue ɖe gbe, eye eƒe gbɔgbɔe ƒo wo nu ƒu.
17
Eyae dzidze nu na wo. Eƒe asie wòtsɔ da ka hemae na wo. Azu wo tɔ tegbee, eye woanɔ edzi tso dzidzime yi dzidzime.
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66