bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 7
Isaiah 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 8 →
1
Esime Yuda-fia Axaz, Uziya vi, ame si nye Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi, nɔ dzi ɖum le Yuda la, aʋa dzɔ. Siria-fia Rezin kple Pekax, Remalya vi, ame si nye Israel-fia la, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, ke womete ŋu xɔe o.
2
Esi wova gblɔ na David ƒe ƒome la be Siria-ʋakɔwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Efrayim la, dzika tso eya kple eƒe dukɔ ƒo, wonɔ ƒoƒom abe avemetiwoe le ʋuʋum le ya nu ene.
3
Tete Aƒetɔ gblɔ na Yesaya be: “Kplɔ viwò, Sear-Yasub, ne miado yi ɖakpe Axaz. Miado goe le dzigbetá la ƒe tɔʋu ƒe mlɔenu le Avɔlɔ̃la ƒe Agblemɔ to.
4
Gblɔ nɛ be: ‘Lé ɖokuiwò, nànɔ anyi kpoo. Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dɔmedzoe si fia Rezin kple eƒe Siriatɔwo kpakple fia Remalya do la ta o. Wole ko abe dzoti takpoe eve siwo le dzudzɔ tum la ene.
5
Elabe Siria, Efrayim kple Remalya vi ɖo nugbe ɖe ŋuwò le gbɔgblɔm be:
6
Mina míaho ɖe Yuda ŋu, ado ŋɔdzi nɛ, eye míaxɔe na mía ɖokui atsɔ Tabeal vi aɖo fiae ɖe edzi.
7
Ke Aƒetɔ Mawu gblɔ be: Ɖoɖo sia madze edzi o, eye mava eme o.
8
Elabe Siria ƒe fiadue nye Damasko, eye Rezin nye Damasko-fia. Le Efrayim ya gome la, woagbãe gudugudu le ƒe bla ade vɔ atɔ̃ me, eye maganye dukɔ azɔ o.
9
Efrayim ƒe fiadue nye Samaria, Remalya vie nye Samaria-fia. Ne miexɔe se o la, ekema mianɔ te gbeɖe o.’ ”
10
Aƒetɔ gaƒo nu na Axaz be:
11
“Bia dzesi tso Aƒetɔ, wò Mawu la gbɔ. Ate ŋu atso tsiẽƒe ke loo, alo atso dziƒo ʋĩi ke.”
12
Tete Axaz gblɔ be: “Nyemabiae o. Nyemedi be mate Aƒetɔ kpɔ o.”
13
Ale Yesaya gblɔ be: “David ƒe ƒome, azɔ misee. Nu tsɛ wònye be, miana amewo nado dzi ʋuu nu nate wo ŋu tae miebu be, yewoana nu nate Mawunye hã ŋua?
14
Eya ta Aƒetɔ ŋutɔ ana dzesi mi. Kpɔ ɖa, ɖetugbi aɖe fɔ fu. Adzi ŋutsuvi, eye woana ŋkɔe be ‘Mawulikplimí.’
15
Ðevi sia ƒe nuɖuɖu anye notsi babla kple anyitsi, va se ɖe esime wòatsi anya ale si wòatsri vɔ̃, eye wòatia nyui.
16
Hafi ɖevi la nava nya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia la, fia eve siwo le ŋɔdzi dom na wò fifia la ƒe anyigbawo lazu gbegbe.
17
Aƒetɔ le Asiria-fia kplɔ ge ava ƒu wò ŋutɔ, wò dukɔa kple tɔ́wò ƒe aƒe bliboa. Ŋkekeawo asesẽ wu ɖe sia ɖe si me dukɔa to kpɔ tso esime Efrayim klã ɖa tso Yuda gbɔ.”
18
Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ alɔ̃ aku ayɔ Egipte-ʋakɔwo abe tagbatsuwo ene tso Egipte-tɔsisiwo ƒe dzɔtsoƒe ke vɛ, eye wòayɔ Asiria-ʋakɔwo abe anyiwo ene tso Asiriatɔwo ƒe anyigba dzi vɛ.
19
Woava nɔ bali globowo, kpetowo kple ŋuvewo me hekpe ɖe lãnyiƒewo katã ŋu.
20
Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ la aɣe talũhɛ si ta wòaxe fe ɖo la le Asiria-fia, si tso Frat-tɔsisi la godo la, si me, eye wòatsɔe alũ ta, aŋɔmefuwo kple ge na wo.
21
Ɣe ma ɣi me, ne ame le nyinɔe ɖeka kple alẽ eve nyim la,
22
akpɔ notsi babla fũu tso wo gbɔ. Ale ame ʋɛ siwo susɔ ɖe anyigba la dzi la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuɖuɖu anye notsi babla kple anyitsi.
23
Ɣe ma ɣi la, waingble siwo dometɔ ɖe sia ɖe me wainka akpe ɖeka le, eye woxɔa klosaloga akpe ɖeka la, lazu aŋɔka kple ŋuwo.
24
Amewo atsɔ aŋutrɔ kple da ayi afi ma, elabe aŋɔka kple ŋuwo axɔ anyigba blibo la dzi.
25
Woanɔ afi ma yiyi vɔ̃m, elabe togbɛ siwo katã wotsɔa kodzoe ŋlɔna tsã la, aŋɔka kple ŋuwo axɔ wo dzi. Woava zu nyikplɔƒe kple alẽwo ƒe toƒe.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66