bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 44
Isaiah 44
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 43
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 45 →
1
“Ke azɔ, nye dɔla Yakob, nye ame tiatia Israel, see!
2
Aƒetɔ, ame si wɔ wò, eye wòmè wò tso dɔme ke, ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔ be: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, mègavɔ̃ o!
3
Elabe makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi bababa kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe dzidzimeviwo dzi kple nye yayra ɖe viwòwo dzi.
4
Woamie abe gbe le tɔ me, abe amuti le tɔ to ene.
5
Ame si agblɔ be: ‘Aƒetɔ tɔ menye’ ame kemɛ ayɔ eɖokui be Yakob. Ame bubu aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋu be: ‘Aƒetɔ tɔ’ eye woatsɔ Israel abe tɔgbuiŋkɔ ene.”
6
Aƒetɔ, Israel Fia kple eƒe Ɖela, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ. Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
7
Ame kae le abe nye ene? Neɖe gbeƒãe, neɖe gbeƒãe eye wòaɖee afia makpɔ. Ame kae gblɔ nu siwo ava dzɔ la ɖi tso blema ke? Wonegblɔ nu siwo gagbɔna dzɔdzɔ ge la na mí.
8
Migavɔ̃ o, ŋɔ megadzi mi o! Ɖe nyemegblɔe na mi, eye meɖe gbeƒãe tso gbe aɖe gbe ke oa? Miawoe nye nye ɖaseɖilawo. Ɖe Mawu aɖe li kpe ɖe ŋunyea? Agakpe aɖeke meli o; nyemenya ɖeke o.”
9
Ame siwo mèa legbawo la, wo katã mele ɖeke me o. Nu siwo ŋu wokpɔa dzidzɔ le la, wonye nu dzodzrowo. Woƒe ɖasefowo mele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eya ta ŋu akpe wo.
10
Ame kae wɔa mawu aɖe, alo kɔ̀a legba aɖe si meɖea vi aɖeke o mahã?
11
Kpɔ ɖa, woado ŋukpe ehatiwo katã. Aɖaŋudɔwɔlawo ŋutɔ hã la, amegbetɔwo ko wonye. Wo katã woneƒo ƒu ne woado va. Dzidzi aƒo wo, eye ŋu akpe wo katã.
12
Gbede tsɔa ga yibɔ dea dzoka xɔxɔ me tua fíae. Etsɔa zu tunɛ, eye wòtsɔa eƒe alɔ sesẽ wɔa dɔ le eŋu. Dɔ wunɛ, wògbɔdzɔna; tsikɔ wunɛ, eƒe lã me tuna.
13
Atikpala daa dzidzeka, eye wòdea dzesii kple ɣe. Etsɔa fi kpanɛ, eye wòtsɔa nudzidzega tanɛ. Ewɔnɛ ɖe ame ƒe dzedzeme me wonyakpɔna ne wòanɔ aƒeme.
14
Etsoa sedertiwo. Etiaa fɔfɔlĩ alo logoti, eye wòɖonɛ ɖi wòtsina zua ati sesẽ le avemetiwo dome. Edoa sederti, eye tsidzadza nana be wòtsina.
15
Ale wòzua dzodonu na amegbetɔ. Etsɔa eƒe ɖe doa dzo ƒuna. Etsɔa ɖe doa dzo mea aboloe. Etsɔa ɖe wɔa mawui hesubɔna, eye wòtsɔa ɖe wɔa aklama kpakpɛ, dea ta agu nɛ.
16
Etsɔa eƒe afã doa dzoe, eye wòmèa lã le edzi ɖuna. Etɔa lã wòɖia ƒo nɛ. Eƒua dzo hã gblɔna be: “Ehɛ̃, dzo ɖo lã me nam. Mekpɔ dzoa.”
17
Etsɔa esi susɔ la wɔa mawui, eƒe legba. Edea ta agu nɛ, eye wòsubɔnɛ. Edoa gbe ɖa nɛ gblɔna be: “Ɖem elabe wòe nye nye mawu.”
18
Womenyaa nu o, eye womedzea si nu o elabe etre woƒe ŋkuwo bene womagakpɔ nu o. Etu woƒe susuwo bene womagase nu gɔme o.
19
Ame aɖeke mebua eŋu alo nyaa nu alo dzea sii o, ne wòagblɔ be: “Metsɔ afã do dzoe, memè abolo le eƒe dzoka dzi, eye metɔ lã le edzi ɖu, ɖe matsɔ esi susɔ la awɔ ŋunyɔnuia? Ɖe made ta agu na atikpoa?”
20
Enyia eɖokui kple dzofi. Eƒe susu tɔtɔ, eye wòtra mɔ; maɖe eƒe agbe o. Magblɔ na eɖokui be: “Ɖe menye aʋatsoe melé ɖe ɖusi oa?”
21
Yakob, ɖo ŋku nu siawo dzi. Israel, nye dɔla nènye. Nyee wɔ wò nènye nye dɔla. O, Israel, nyemaŋlɔ wò be o.
22
Meklo wò dzidadawo ɖa abe alilikpo ene kple wò nuvɔ̃ ɖa abe afu ene. Trɔ va gbɔnye elabe nyee ɖe wò.
23
Mi dziƒowo, midzi ha elabe Aƒetɔ ye wɔe! Mi anyigba ƒe agunuwo, mido ɣli! Migli kple dzidzɔha, mi towo, ave kple emeti ɖe sia ɖe elabe Aƒetɔ ɖe Yakob eye woade bubu eŋu le Israel.
24
Aƒetɔ, Ɖewòla, ame si mè wò tso dɔ me ke la be: “Nyee nye Aƒetɔ, si wɔ nuwo katã. Nye ɖeka koe he dziƒo me, eye mekeke anyigba ɖe enu. Ame kae kpe ɖe ŋunye?
25
Nyee nye ame si tɔtɔa aʋatsokalawo ƒe dzesi me; medoa bometsila afakalawo, megbugbɔa nunyalawo yia megbe, eye medoa lã woƒe nunya.
26
Menaa nye dɔlawo ƒe nya vaa me. Mewɔa eƒe amedɔdɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi. Megblɔ le Yerusalem ŋu be ‘amewo aganɔ eme,’ le Yuda-duwo ŋu be ‘woatso wo,’ eye mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu.
27
Megblɔ na tɔ gɔme be: ‘Mie, mana wò tɔsisiwo naƒu kplakplakpla.’
28
Megblɔ na Kores be eyae nye nye alẽkplɔla la. Awɔ nye didiwo katã dzi. Megblɔ le Yerusalem ŋu be ‘woatsoe’, eye megblɔ le gbedoxɔ la ŋu be: ‘Woaɖo gɔwòme anyi.’ ”
← Chapter 43
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 45 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66