bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 24
Isaiah 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 25 →
1
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ agblẽ anyigba; ana wòaɖi gbɔlo. Atrɔ eŋkume abu anyi, eye wòaka edzinɔlawo ahlẽ.
2
Anɔ na dukɔmetɔ abe nunɔla ene, dɔlaŋutsu abe aƒetɔ ene, dɔlanyɔnu abe aƒenɔ ene, nuƒlela abe nudzrala ene, agbanatɔ abe nugbanadola ene, fenyila abe fetɔ ene.
3
Woagblẽ anyigba wòaɖi gbɔlo ƒiaƒiaƒia; woahae keŋkeŋ. Aƒetɔ ye gblɔ nya sia.
4
Anyigba le nu xam, eye wòyrɔ; nu te xexea me ŋu, eye wòle dɔ̃ɔ. Xexemebubumewo le konyi fam.
5
Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzinɔlawo dzi, elabe woda seawo dzi. Womewɔ ɖe ɖoɖoawo nu o, eye wotu nubabla mavɔ la.
6
Eya ta fiƒode le anyigba ŋu ɖim, eye edzinɔlawo le fu kpem ɖe woƒe fɔɖiɖi ta. Eya ta, anyigbadzitɔwo afiã keŋkeŋ, eye gbetɔ ʋɛ aɖe ko asusɔ.
7
Wain yeye ano ƒiaƒiaƒia, wainka ayrɔ, dzidzɔkpɔlawo katã aɖe hũ.
8
Asiʋuiwo ƒe vivisese nu tso; dzidzɔkpɔlawo ƒe hoowɔwɔ nu tsi, eye kasaŋkuwo ƒe vivisese hã nu tso.
9
Womagadzi ha ɖe wain nono ŋu o, eye aha muame ave le nu me na enolawo.
10
Wogbã du ɖigbɔlo la, aƒe ɖe sia ɖe ƒe ʋɔwo le tutu; womagate ŋu age ɖe wo me o.
11
Wole konyi fam le ablɔwo me be wain vɔ; dzidzɔkpɔkpɔwo katã nu yi, vivisese bu le anyigba dzi.
12
Du la zu aƒedo, eye wogbã agboawo wokaka keŋkeŋ.
13
Elabe alea ye wòava nɔ le anyigba dzi dukɔwo dome. Anɔ abe ale si woʋuʋua amiti, eye woxaa nu mamlɛtɔ, ne wainxaxa nu va yi lae ene.
14
Wokɔ woƒe gbe dzi dzi ha kple dzidzɔ. Wodo ɣli tso ɣetoɖoƒe ɖe Aƒetɔ ƒe gãnyenye fia.
15
Eya ta mikafu Aƒetɔ le ɣedzeƒe; mikafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋkɔ le ƒukpowo dzi!
16
Míese kafukafu kple bubu hawo tso anyigba ƒe mlɔenuwo na Dzɔdzɔetɔ la. Ke nye ya megblɔ be: “Baba nam! Baba nam! Medɔ̃! Elabe amegɔmezɔlawo le ame gɔme zɔm. Amegɔmezɔlawo le ame gɔme zɔm vevie.”
17
Wò anyigbadzinɔla, ŋɔdzi, ʋe kple mɔ̀ka le lalawòm.
18
Ame si se ŋɔdzi ŋkɔ hesí la, age adze ʋe me; ame si do le ʋe me la, mɔ̀ aɖee. Elabe woʋu dziƒofesrewo, eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖowo dzo kpèkpekpe.
19
Anyigba fé, wó, ele ʋuʋum keɖekeɖe.
20
Anyigba le ya mum abe ahamula ene, eye wòle nyenyem abe agblexɔe le ya nu ene. Elabe eƒe dzidadawo zu agba nɛ. Edze anyi; magafɔ o.
21
Gbe ma gbe la, Aƒetɔ ahe to na dziƒoʋakɔwo le dziƒo kple anyigba dzi fiawo le anyigba dzi.
22
Woaƒo fiawo katã nu ƒu abe gamenɔlawo ene ɖe do me. Woatu wo ɖe gaxɔ me ɖe afi ma, eye le ŋkeke geɖe megbe la, woahe to na wo.
23
Ekema ɣleti ƒe nu aku, eye ŋukpe alé ɣe elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe afia eƒe ame tsitsiwo.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66