bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 29
Isaiah 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 30 →
1
Ao, Ariel, Ariel, baba! Du si me David ƒu asaɖa anyi ɖo kpɔ! Mina ƒè nadze ƒè yome, eye miaɖu ŋkekenyui ɖe ɖoɖo nu,
2
ekema Ariel naɖo xaxa me. Konyifafa kple hũɖeɖe anɔ anyi, eye wòanɔ nam ko abe Ariel ene.
3
Maƒu asaɖa anyi ɖe ŋuwò godoo. Mana aʋakɔwo namimi wò ɖo, eye mana asrafowo naƒo kpo kɔkɔwo ɖe ŋuwò.
4
Woaɖiɖi wò ɖe anyi. Anyigba tume kee nàƒo nu tso. Wò gbe si ɖiɖi la, aɖi ʋĩi tso ʋuʋudedi me. Àƒo nu abe ŋɔli ene tso to me. Dalĩ ko nàdo tso anyigba tume.
5
Ke futɔ gbogbo siwo tso ɖe ŋuwò la, anɔ abe ʋuʋudedi memee ene, eye ame geɖe siwo sẽ ŋuta le ŋuwò la, anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu ene. Nu sia adzɔ zi ɖeka kpata.
6
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ava gbɔwò kple dziɖegbe, anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi, yali, ahomya kple dzobibi.
7
Dukɔwo ƒe ameha siwo katã ho aʋa ɖe Ariel ŋu kple ame siwo katã tso ɖe eya kple eƒe mɔ́ sesẽ la ŋu, eye woɖaxaxae ɖo la, anɔ abe drɔ̃ekuku kple ŋutegakpɔkpɔ le zã me ene.
8
Ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele nu ɖum, ke wònyɔna kple dɔwuamee, eye ale si tsikɔwuitɔ kua drɔ̃e be yele tsi nom, ke wòfɔna kudɔkudɔ, eye eƒe ve me ƒuna kplakplakplae la, nenemae dukɔ siwo katã ho aʋa ɖe Zion-toa ŋu la, anɔ.
9
Mido aso mia ɖokui, ne miazu asotɔwo. Mimia ŋku, ne miazu ŋkunɔwo. Mimu aha; ke menye wain o. Minɔ yiyim sagasaga, ke menye aha sesẽ ye wɔe o.
10
Elabe Aƒetɔ trɔ alɔ̃ kpekpe ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi. Etre miaƒe ŋku, siwo nye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo la, eye wòtsyɔ nu miaƒe ta, siwo nye nukpɔlawo la.
11
Ale ŋutegawo katã va zu na mi abe agbalẽ si nu wotre la me nyawo ene. Ne wotsɔe na agbalẽnyala, hegblɔ nɛ be: “Xlẽe” la, agblɔ be: “Nyemate ŋui o, elabe wotre enu.”
12
Ne wotsɔe na agbalẽmanyala be: “Xlẽe” la, agblɔ be: “Nyemate ŋu axlẽe o.”
13
Eya ta Aƒetɔ la gblɔ be: “Dukɔ sia vaa gbɔnye kple woƒe nu, eye wodea bubu ŋunye kple woƒe nuyi, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye. Ɖeko wosrɔ̃e le amewo gbɔ be yewoasubɔm susu manɔmee.
14
Eya ta kpɔ ɖa, magaɖe nukunu geɖe afia dukɔ sia; nukunuwo ƒe nukunu wòanye. Nunya abu ɖe woƒe nunyalawo, eye nugɔmesese así abè ɖe woƒe nugɔmeselawo.”
15
Baba na ame siwo bèna le Aƒetɔ, woƒe aɖaŋuɖola ŋkume, be yewoawɔ ɖoɖo ne wòaganya o. Wowɔa nu le vivime hegblɔna be: “Ame kae le mía kpɔm? Ame kae nya mí?”
16
Mietrɔ nuwo ƒe ta tu. Ɖe tsu le abe zemela ene, ne nuwɔwɔ nagblɔ na ewɔla be: “Menye wòe wɔm o,” eye numeme nagblɔ na emela be: “Wò ya mele ɖeke me sem o” mahã?
17
Ɖe mesusɔ vie ko ne Lebanon natrɔ zu atibɔ, eye woabu atibɔ ɖe avewo dome oa?
18
Ɣe ma ɣi la, tokunɔwo ase agbalẽa me nyawo, eye ŋkunɔwo akpɔ nu le blukɔ kple viviti me.
19
Ame fatuwo akpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ ŋu, agakpɔe ake, eye ame siwo da ahe wu le amegbetɔwo dome la, atso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
20
Elabe ŋutasẽlawo avɔ ɖa, fewuɖulawo nu ayi, eye ame siwo katã bua nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋuti la, woatsrɔ̃ wo.
21
Woawoe nye ame siwo blea ame dea nya me le ʋɔnu, ame siwo trea mɔ̀ na nyadrɔ̃la le ʋɔnu, eye wotsɔa alakpa bua fɔ ame si ƒe nya dzɔ la.
22
Eya ta Aƒetɔ, ame si ɖe Abraham la gblɔ le Yakob ƒe ƒome la ŋu be: “Ŋu magakpe Yakob azɔ o, eye eƒe mo magayi to o.
23
Elabe ne ekpɔ via siwo nye nye asinudɔwɔwɔwo le wo dome la, woakɔ nye ŋkɔ ŋuti; woakɔ Yakob ƒe Kɔkɔetɔ la ŋuti, eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la.
24
Ame siwo tra le gbɔgbɔ me la, ase nu gɔme, eye ame siwo lia liʋiliʋĩ la, woasrɔ̃ nunya.”
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66