bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 38
Isaiah 38
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 39 →
1
Le ŋkeke mawo me la, Xizkiya nɔ dɔ lém ɖo kudo nu. Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya va gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ be, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo elabe èle kuku ge; màganɔ agbe o.”
2
Tete Xizkiya trɔ mo ɖe gli ŋu eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ.
3
Egblɔ be: “O Aƒetɔ, meɖe kuku na wò, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo mee hewɔ nu si nyo le ŋkuwò me la dzi.” Tete Xizkiya wó avi hehehe.
4
Ale Aƒetɔ ƒe gbe va na Yesaya be:
5
“Yi ɖagblɔ na Xizkiya be: Aƒetɔ, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be: Mese wò gbedodoɖa; mekpɔ wò aɖatsi. Kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wui atɔ̃ akpe wò agbenɔƒewo.
6
Maɖe wò kple du sia tso Asiria-fia si me, eye maʋli du sia ta.
7
Nu si anye dzesi na wò be Aƒetɔ awɔ nu si ŋugbe wòdo na wò lae nye esi:
8
Kpɔ ɖa mana vɔvɔli nagbugbɔ yi megbe afɔɖeɖe ewo le gaƒoƒofiaƒe si Axaz tu ɖe ɣe ƒe zɔzɔme nu la dzi.” Tete ɣe ƒe vɔvɔli la gbugbɔ yi megbe afɔɖeɖe ewo tso gaƒoƒofiaƒe si wòle la.
9
Yuda-fia Xizkiya ƒe nu si wòŋlɔ le eƒe dɔléle kple hayahaya megbe ŋu.
10
Megblɔ na ɖokuinye be esi nye agbenɔɣi titina ɖo la, ele nam be mage ɖe tsiẽƒe ƒe agbowo me, le nye agbenɔƒe mamlɛawo me.
11
Megblɔ be nyemakpɔ Aƒetɔ, le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o. Nyemagakpɔ amegbetɔ aɖeke azɔ le xexemenɔlawo dome o.
12
Woho nye nɔƒe ɖa, eye wotee ɖa boo tso gbɔnye abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene. Abe avɔlɔ̃la ene la, meŋlɔ́ nye agbe. Etsom le avɔlɔ̃gbati me, eye wòtso ɣe ɖe dzi nam, wòvɔ nam.
13
Medo boboe va se ɖe ŋdi. Egbã nye ƒuwo katã abe dzata ene, eye wòtso ɣe ɖe dzi nam, wòvɔ nam.
14
Menɔ ɣli dom sesĩe abe sagbadre alo tsalɛ ye le fafam ene. Menɔ xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene; nye ŋkuwo kpɔ dzi ʋuu, nu te wo ŋu. O Aƒetɔ, wotem ɖe anyi. Xɔ nam!
15
Ke nya kae magblɔ? Elabe eƒo nu nam eye eya ŋutɔ wɔe. Alɔ̃ bu ɖem keŋkeŋ elabe nye luʋɔ le veve sem.
16
O Aƒetɔ, nu siawo tae ame nɔa agbe ɖo, eye esiawo katã me nye gbɔgbɔ le agbe le. Eya ta da gbe le ŋunye, eye na manɔ agbe.
17
Kpɔ ɖa, mese veve ŋutɔ; ke nye dedienɔnɔ tae. Wò ŋutɔe ɖe nye luʋɔ tso gbegblẽ me, elabe etsɔ nye nuvɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbewò.
18
Tsiẽƒe mate ŋu ada akpe na wò o; ku Saɖagatsi mate ŋu akafu wò o; aʋlimeyilawo mate ŋu akpɔ mɔ na wò nyateƒetɔnyenye o.
19
Agbenɔla, agbenɔlawo koe ada akpe na wò abe ale si mele ewɔm egbee ene. Vi tɔe ɖea wò nyateƒetɔnyenye fiaa viawo.
20
Aƒetɔ axɔ nam, eye míadzi ha aƒo kasaŋkuwo le míaƒe agbenɔɣi katã le Aƒetɔ ƒeme.
21
Azɔ Yesaya gblɔ be: “Na woatsɔ gbotitsetsebolo aɖo ƒoƒoeawo dzi ne wòahaya.”
22
Tete Xizkiya hã bia be: “Nu kae anye dzesi be mayi Aƒetɔ ƒeme?”
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 39 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66