bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 53
Isaiah 53
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 52
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 54 →
1
Ame kae xɔ nya si míese la dzi se? Ame ka ŋu Aƒetɔ ɖe eƒe ŋusẽ fia ɖo?
2
Elabe etsi le eŋkume abe ati fɛ̃ aɖe ene abe ati ƒe ke tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme meli nɛ o, eye medze ɖeka hã o; be míanɔ ekpɔm o. Menyakpɔna kura be eƒe nu nanyo mía ŋu o.
3
Amegbetɔwo nyɔ ŋui, eye wogbee. Ŋutsu si kpe fu, lé dɔ la wònye. Ele ko abe ame si ame aɖeke medi be yeakpɔ kple ŋku o la ene. Wonyɔ ŋui, eye míebui ɖe naneke me o.
4
Evɔ la, nyateƒee, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòde ta míaƒe vevesesewo te. Ke míawo míebui abe ame si Mawu he to na, ƒoe, eye wòwɔ funyafunyae ene.
5
Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. To si wohe nɛ wɔ mí bliboe, eye ameƒoka ƒe abi siwo wòxɔ lae yɔ dɔ mí.
6
Mí katã míele abe alẽ siwo tra mɔ la ene, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ. Ke Aƒetɔ tsɔ mí katã míaƒe vodadawo ƒe agba ɖo eyama dzi.
7
Wotee ɖe anyi, wɔ funyafunyae; ke meke nu o. Ale si alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge, alo alẽ nɔa eƒe fukolawo si me kpoo la, nenemae eya hã meke nu o.
8
Wotee ɖe anyi, drɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ nɛ hekplɔe dzoe. Eŋɔlimeviwo dometɔ kae bui kpɔ be woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, eye wowɔ funyafunyae le nye dukɔ ƒe dzidadawo ta?
9
Esi wòku la, woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye woɖii ɖe kesinɔtɔwo gbɔ. Evɔ wònye mesẽ ŋuta kpɔ o, eye alakpanya medo le enu kpɔ o hafi.
10
Ke Aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu. Eƒe ku nanye vɔsa si me yeato atsɔ nuvɔ̃ ake amegbetɔ eye wòakpɔ eƒe dzidzimeviwo. Anɔ agbe didi eye nu si Aƒetɔ ɖo be yeawɔ la adze dzi to eƒe asi dzi.
11
Akpɔ eƒe luʋɔ ƒe fukpekpe ƒe kutsetse, eye wòaɖi ƒo nɛ. Nye dɔla, nu dzɔdzɔe wɔla, ƒe sidzedze awɔ ame geɖewo woazu nu dzɔdzɔe wɔlawo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.
12
Eya ta mana woakpɔ gome le ame xɔŋkɔwo dome, eye eya kple ŋusẽtɔwo ama aboyonu, elabe etsɔ eƒe agbe na faa heku, eye wobui ɖe vodalawo dome. Evɔ wònye eyae xɔ ɖe nuvɔ̃wɔlawo teƒe, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta.
← Chapter 52
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 54 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66