bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 16
Isaiah 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 17 →
1
Woɖo alẽvi ɖe anyigba la dziɖula tso Sela, to kegbegbe la ɖe Zion vinyɔnu ƒe to la gbɔ.
2
Moab-nyɔnuviwo anɔ abe xevi si wonyà le atɔ me wòsí la ene le Arnon ƒe tɔtsoƒe.
3
“De adaŋu, drɔ̃ ʋɔnu, eye na wò vɔvɔli nanɔ abe zã ene le ŋdɔkutsu dzatsɛ. Ɣla ame siwo wonyà de gbe, eye mègaɖe sisílawo gɔme ɖe go o.
4
Na Moab ƒe ame siwo wonyà de gbe la nanɔ gbɔwò. Nànye sitsoƒe na wo tso nugblẽla la si me; va se ɖe esime ŋutasesẽ nu natso, tsɔtsrɔ̃ nawu enu, eye amefanyala nate ɖa le anyigba la dzi.
5
Ekema woatsɔ amenuveve ali ke fiazikpui aɖe, eye ʋɔnudrɔ̃la aɖe anɔ edzi le David ƒe ƒome la me tegbee. Anye ame si dia nya dzɔdzɔe yome, eye wòʋãna ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu.”
6
Míese Moab ƒe dàda ale si wòle asi tɔm akɔ vevie; eɖokui dzadzra, dàda, amemabumabu kple adegbeƒoƒo nye alakpa.
7
Eya ta Moab nefa na eɖokui; ame sia ame nefa na Moab. Mifa konyi ɖe Kir-Xareset ƒe waintsetsebolo ŋu abe ame siwo ŋu ƒoƒo te la ene.
8
Elabe Xesbon-gblewo yrɔ; Sibma ƒe wainka hã nenema. Dukɔwo ƒe amegãwo fanya eƒe kutsetse nyuitɔ ƒe alɔ siwo de keke Yazer ke, eye wobu ɖe gbegbe. Eƒe alɔwo vu gbɔ atsiaƒu ta!
9
Eya ta mafa avi, abe ale si Yazer le avi fam ɖe Sibma ƒe wainka ŋu la ene. Xesbon kple Eleale, mafa aɖatsi ɖe mia dzi, elabe aʋaɣli dze miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeɣi dzi.
10
Dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisese nu tso le abɔ wɔnukuwo me, eye womegale aseye tsom, le dzidzɔ kpɔm le waingblewo me o. Womegafiãa wain le wainfiãnu me o; wotsi dzidzɔɣlidodoa nu.
11
Eya ta nye luʋɔ le gbe ɖem abe kasaŋku ene ɖe Moab ŋu, eye nye dzi le konyi fam ɖe Kir-Xeres ŋu.
12
Ava eme be, ne Moab va do, esime wòtso hloloe le nuxeƒea vɔ, eye wòva kɔkɔeƒe la be yeado gbe ɖa la, mate ŋui o.
13
Esia nye nya si Aƒetɔ gblɔ ɖe Moab ŋu va yi.
14
Ke azɔ la, Aƒetɔ be: “Le ƒe etɔ̃ me tututu, abe ƒedɔwɔla ƒe ƒè ene la, Moab ƒe ŋusẽ ava anyi, togbɔ be eƒe amewo sɔ gbɔ ŋutɔ hã. Ame siwo susɔ la anɔ ʋɛ, eye woanye ame gblɔewo.”
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66