bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 48
Isaiah 48
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 47
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 49 →
1
Misee, Yakob ƒe ƒome, mi ame siwo tsɔ Israel ŋkɔ, eye mienye Yuda ƒe alimeviwo. Mi ame siwo tsɔ Aƒetɔ ŋkɔ tàa nui, eye mieʋua Israel ƒe Mawu la me, evɔ menye le nyateƒe kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me o.
2
Elabe woyɔa du kɔkɔe la ɖe wo ɖokui ŋu, eye woziɔ ɖe Israel ƒe Mawu ŋu. Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la.
3
“Meɖe gbeƒã blemanyawo gbe aɖe gbe ke; nye nu me wodo tso, eye mena wosee. Mewɔe zi ɖeka kpata, eye wodzɔ va yi.
4
Esi menyae be wò to sẽ, wò ʋume nye gakpɔti, eye wò ŋgonu nye ayawa ta la,
5
meɖe gbeƒãe na wò gbe aɖe gbe ke, eye mena nèsee hafi wòava dzɔ ale be màgagblɔ be: ‘Nye legbawoe wɔe; nye aklama kpakpɛwo kple nye legba siwo wokɔ̀ la, woawoe na wòdzɔ o.’
6
Èse nu si va dzɔ. Azɔ kpɔ esiawo katã ɖa; ke miawo ɖe miaɖe gbeƒãe oa? Tso azɔ heyina la, mana nàse nu yeyewo kple nu ɣaɣla siwo mènya o la.
7
Fifia ko wowɔ wo, eye menye tso blema o. Hafi ŋu nake egbe la, mèse wo ŋkɔ kpɔ o, ale be màte ŋu agblɔ be: ‘Kpɔ ɖa, menya nu tso wo ŋu xoxo’ o.
8
Mèsee kpɔ kura o; mènyae gbeɖe o. Tso gbe aɖe gbe ke la, wò to meʋu o. Elabe menyae be ame mawɔnuteƒe nènye. Aglãdzela woyɔna na wò tso esime wodzi wò.
9
Meɖo asi nye dziku dzi, le nye ŋkɔ ta, eye le tawò meɖo asi ɖokuinye dzi ne amewo nakafum ale be nyemagatsrɔ̃ wò o.
10
Kpɔ ɖa, meklɔ ŋuwò, ke menye abe klosalo ene o; medo wò kpɔ le fukpekpe ƒe aŋɔlólokpo me.
11
Le nye ŋutɔ ta, le nye ŋutɔ tae mewɔe. Elabe nu ka tae wòagblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔ? Nyematsɔ nye bubu na ame bubu aɖeke o.
12
Yakob kple Israel si meyɔ, miɖo tom! Nye ye; nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ.
13
Nye asie metsɔ ɖo anyigba gɔme anyi, eye nye nuɖusie he dziƒo me. Esi meyɔ wo la, wo katã wova tsi tsitre ɖi.
14
Mi katã mikpe ta ne miasee! Wo dometɔ kae gblɔ nu siawo? Aƒetɔ lɔ̃ eyama. Awɔ nu si wobe newɔ Babilon, eye wòaɖe eƒe ŋusẽ afia Kaldeatɔwo.
15
Nyee, nye gɔ̃e ƒo nu, yɔe hekplɔe vɛ, eye eƒe nuwɔnawo adze edzi nɛ.
16
Azɔ mite ɖe ŋunye ne miase nya sia. Tso gɔmedzedzea ke nyemeƒo nu le adzame o. Mele eteƒe tso gbe aɖe gbe ke, esime wòva eme.” Azɔ Aƒetɔ Mawu ɖo nye kple eƒe gbɔgbɔ ɖa.
17
Aƒetɔ, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la be: “Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu. Nyee nye ame si fiaa nu si aɖe vi na wò la wò. Nyee kplɔa wò toa mɔ si dzi nàto la.
18
Ko wòanye ɖe nèwɔ nye seawo dzi ɖe! Anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ anɔ abe ƒutsotsoewo ene.
19
Anye ne wò alimeviwo asɔ gbɔ abe ke ene, eye wò dzidzimeviwo abe kekui ene. Womatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ alo atutui ɖa le ŋkunye me o.”
20
Miʋu tso Babilon. Misí tso Kaldea-nyigba dzi! Miɖe gbeƒã dzidzɔnya sia. Mitso aseye kplii yi anyigba ƒe mlɔenu ke be: “Aƒetɔ ɖe eƒe dɔla Yakob!”
21
Tsikɔ mewu wo esime wòkplɔ wo to kegbegbewo o. Ena tsi do tso agakpe me na wo. Efe agakpe la me, tsi ɖuɖu bababa.
22
Aƒetɔ be: “Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”
← Chapter 47
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 49 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66