bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 30
Isaiah 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 31 →
1
Aƒetɔ be: “Baba na vi dzeaglã siwo wɔa ɖoɖo siwo menye tɔnye o, eye woɖoa habɔbɔ si me nye gbɔgbɔ mele o, ne woadzi nuvɔ̃ ɖe nuvɔ̃ dzi.
2
Ame siwo mebiaa mɔm hafi yia Egipte o be yewoasi Egipte Fiagã ƒe ŋusẽ atso, eye woabè ɖe Egipte ƒe vɔvɔli te.
3
Eya ta Egipte Fiagã la ƒe ametakpɔkpɔ azu ŋukpe na mi, eye bebeƒe le Egipte ƒe vɔvɔli te azu dzu na mi.
4
Elabe togbɔ be eƒe amegãwo le Zoan, eye eƒe amedɔdɔwo de Xanes hã la,
5
ŋu akpe wo dometɔ ɖe sia ɖe to dukɔ si mate ŋu aɖe vi aɖeke na wo o la dzi. Dukɔ si mahe kpekpeɖeŋu alo viɖe vɛ o; ke boŋ ŋukpe kple vlododo ko.”
6
Gbedeasi ɖe anyigbemekegbegbe ƒe lãwo ŋu: To hiãkame kple xaxa ƒe anyigba dzi, afi si dzatanɔ kple dzatatsu, dzakpata kple da si dzòna la le. Afi mae wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo dzi kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo ƒe medome tsonɛ, heɖoa ta dukɔ si gbɔ womakpɔ viɖe aɖeke le o la gbɔ.
7
Egipte ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o, eya ta meyɔe be: “Ʋɔdriba si mate ŋu aʋã o.”
8
Azɔ la yi nàŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi le wo ŋkume, eye nàŋlɔe ɖe agbalẽ me, ne wòanye ɖaseɖiɖi mavɔ le ɣeyiɣi si gbɔna la me.
9
Elabe dukɔ dzeaglã wonye, vi siwo daa alakpa, ɖevi siwo gbe Aƒetɔ ƒe nufiame la wonye.
10
Woawoe gblɔna na nukpɔlawo be: “Migakpɔ nu o,” eye wogblɔna na Mawu ƒe gbeƒãɖelawo be: “Migaɖe gbeƒã nu si le eteƒe la na mí o; ke boŋ mivivi nu me na mí, migblɔ ameflunyawo faa.
11
Mite ɖa le mɔ la dzi; mihe ɖa le toƒe la, migana míase Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nya aɖeke azɔ o.”
12
Eya ta Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ be: “Esi miegbe nya sia, eye mieɖo ŋu ɖe ameteɖeanyi kple ayedzedze ŋuti heziɔ ɖe wo ŋu ta la,
13
miaƒe vodada sia anɔ na mi abe gli kɔkɔ fefe si tre azã be yeamu la ene. Eƒe mumu ava eme, zi ɖeka kpata.
14
Eƒe gbagbã anɔ abe ale si zemela ƒe ze gbãna gudugudu, eye ze kakɛ aɖeke masusɔ wòatsɔ aɖe dzo le mlekpui me alo aku tsi le vudo mee o la ene.”
15
Elabe Aƒetɔ Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la be: “Miakpɔ xɔxɔ, ne mietrɔ dzime, eye mienɔ anyi kpoo. Miakpɔ ŋusẽ, ne miezi ɖoɖoe, eye mieɖo ŋu ɖe ŋunye.” Ke miegbe.
16
Miegblɔ be: “Kpao, míado sɔwo sesĩe, así adzo.” Eya ta mianya sí baa. “Míanɔ sɔ ɖiduwo dzi.” Ke mia yometilawo aƒu du sesĩe wu mi.
17
Ame akpe ɖeka así le ame ɖeka pɛ ƒe vɔvɔ̃doname nu, eye miasí le ame atɔ̃ ƒe vɔvɔ̃doname nu, va se ɖe esime miasusɔ abe aflagati le to tame, abe dzesi le togbɛ dzi ene.
18
Eya ta Aƒetɔ le mia si nu kpɔm be yeave mia nu, ale wòtso be yeakpɔ nublanui na mi elabe Aƒetɔ la, Mawu nu dzɔdzɔe wɔla wònye. Woayra ame siwo katã kpɔa esi nu.
19
O, Zion-dukɔ, si le Yerusalem, migafa avi azɔ o. Ave mia nu godoo le miaƒe ɣlidodo ta. Ne esee ko la, atɔ na mi.
20
Togbɔ be Aƒetɔ la na nuɖuɖu mi le hiã me, eye wòna tsi mi le xaxa me hã la, miaƒe Nufiala magaɣla eɖokui azɔ o; ke boŋ miakpɔ miaƒe Nufiala kple ŋku.
21
Ne mietrɔ ɖe ɖusime alo miame la, miaƒe to ase nya sia le mia megbe be: “Mɔ lae nye esi; mito edzi.”
22
Miado gu klosalo siwo wofa ɖe miaƒe aklama kpakpɛwo kple sika si le miaƒe legbawo ŋu. Miakaka wo abe ŋunyɔnuwo ene ahagblɔ be: “Midzo!”
23
Ana tsi nadza ɖe miaƒe agblemenuku siwo mieƒã la dzi, eye nuɖuɖu si tso anyigba me la, asɔ gbɔ, avivi. Ɣe ma ɣi la, miaƒe lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe gbadzawo.
24
Nuɖuɖu si wotsaka kple dze, eye wotsɔ sofi kple gaflo gã blui la, eyae nyitsu kple tedzi siwo ŋlɔa agble la aɖu.
25
Gbe si gbe woawu ame fũu, eye mɔ́ kɔkɔwo amu la, tɔʋumetsiwo anɔ tsatsam le to kɔkɔwo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi.
26
Gawu la, gbe si gbe Aƒetɔ abla eƒe dukɔ ƒe abi si wòxɔ, eye wòada gbe le abi siwo wòde eŋu ŋu la, ɣleti ƒe keklẽ anɔ abe ɣe tɔ ene, eye ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zigbɔzi adrẽ abe ŋkeke adrẽ ƒe keklẽ woƒo ƒui ene.
27
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ŋkɔ tso didiƒe ʋĩi gbɔna; eƒe dɔmedzoe le bibim kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ. Eƒe nuyiwo dzi yɔ fũu kple dziku, eye eƒe aɖe le abe dzo binu ene.
28
Eƒe gbɔgbɔ le abe tɔɖɔɖɔ si me woase ve le ene, ne wòasra dukɔwo kple tsɔtsrɔ̃ ƒe sranu, eye wòade numega si akplɔ wo trae la woƒe nu me.
29
Miadzi ha abe le ŋkekenyui ɖuɣi ƒe zã me ene. Miaƒe dzi atso aseye abe ame si le zɔzɔm ɖe dzekuku nu yina ɖe Aƒetɔ ƒe to la dzi, Israel ƒe agakpe la gbɔ ene.
30
Aƒetɔ ana woase eƒe fiagbe la, eye woakpɔ eƒe alɔ sesẽ si wòɖiɖi ɖe anyi le dɔmedzoe helihelĩ, dzobibi flaflafla, tsidzadza gã kple ahom kpakple tsikpewo me.
31
Elabe ne Aƒetɔ ɖe gbe la, dzidzi aƒo Asiriatɔwo. Aƒo wo kple eƒe ameƒoti la.
32
Zi geɖe ale si toheti si Aƒetɔ ɖo ɖe eŋu adze edzii la, zi geɖe ma ke asiʋuiwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖimee. Aƒetɔ ƒe alɔ anɔ dzi eye wòawɔ aʋa kplii.
33
Elabe wodzra dzotɔƒe aɖe ɖi xoxo. Wodzrae ɖo ɖi na fia la. Egoglo, eye wòkeke. Dzo kple nakekɔ li fũu. Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ si le abe aŋɔtɔʋu ene la atɔ dzoe.
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66