bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 63
Isaiah 63
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 62
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 64 →
1
Ame kae nye esi le awu dzĩ me gbɔna tso Bozra-du me le Edom? Ame kae wònye le atsyɔ̃wu me le zɔzɔm ŋusẽtɔe? “Nyee! Nyee le gbeƒã ɖem be amewo tɔ dzɔ. Maxɔ wo ɖe agbe kple ŋusẽ!”
2
Nu ka ta wò awuwo biã ale, eye wò nudodowo le abe wainfiãlawo tɔ ene?
3
“Nye ɖekae fanya wain kple afɔ, dukɔ aɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Mezɔ wo dzi kple dziku, eye mefanya wo le dɔmedzoe me. Woƒe ʋu si me woƒe agbe le hlẽ ɖe nye nudodowo ŋu, eye nye awuwo katã ƒo ʋu.
4
Elabe meɖo hlɔ̃biagbe ɖe dzime, eye ƒe si me maɖe ame la ɖo.
5
Metsa ŋku; ke nyemekpɔ xɔnametɔ aɖeke o. Nye nu wɔ nublanui na ɖokuinye; ke ame aɖeke meli axɔ nam o. Ale nye ŋutɔ nye alɔ he dziɖuɖu vɛ nam, eye nye dɔmedzoe kpe ɖe ŋunye.
6
Mefanya dukɔwo le nye dziku me, mena womu aha le nye dɔmedzoe me, eye mekɔ woƒe ʋu ɖe anyigba.”
7
Maxlẽ Aƒetɔ ƒe amenuveve afia. Makafu Aƒetɔ le nu siwo katã wòna mí la ta. Ewɔ dɔmenyo geɖe ŋutɔ na mí, eye wòve Israel-dukɔ la nu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve geɖe la nu.
8
Elabe egblɔ be: Nyateƒee, nye amewo wonye. Vi siwo maka aʋatso nam o la wonye, eye wòzu woƒe xɔnametɔ.
9
Ekpe fu kpli wo le woƒe fukpekpewo me. Mawudɔla si fia be yele wo gbɔ la, ɖe wo. Eɖe wo to eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ me. Ekɔ wo ɖe dzi, eye wòtsɔ wo le blemaŋkekewo katã me.
10
Ke wodze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Eya ta etrɔ zu woƒe futɔ, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.
11
Tete woɖo ŋku blemaŋkekewo dzi, ɖo ŋku Mose, eƒe dɔla dzi: Afi ka ame si kplɔ wo kple eƒe alẽhakplɔlawo tso atsiaƒu la le? Afi ka ame si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nɔ wo dome la le?
12
Ame kae na eƒe ŋutikɔkɔebɔ la do ŋusẽ Mose ƒe nuɖusi, wòma tsiwo me le wo ŋgɔ be wòade ŋkɔ mavɔ eɖokui ŋu?
13
Ame kae kplɔ wo to gogloƒeawoe? Abe sɔ le kegbegbe ene la, womekli nu o.
14
Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme abe nyihawo le bali me ene. Alea ye nèkplɔ wò dukɔ la, be nàtsɔ de bubu wò ŋkɔ ŋu.
15
Do mo ɖa tso dziƒo, tso wò bubuteƒe kɔkɔe si nèle, ne nàkpɔ ɖa! Afi ka wò ŋuʋaʋã kple wò ŋusẽ triakɔ la le? Wò dzitsitsi kple wò dɔmetɔtrɔ de megbe le ŋunye.
16
Evɔ wòe nye mía Tɔ́. Togbɔ be Abraham menya mí o, eye Israel medze si mí o hã la, wò Aƒetɔ, wòe nye mía Tɔ́, eye ŋkɔwòe nye mía Ðela tso gbe aɖe gbe ke.
17
Aƒetɔ, nu ka ta nèna míetra tso wò mɔwo dzi? Nu ka ta nèna míesẽ dzime, eye míegavɔ̃a wò o? Xa ɖe wò subɔlawo ta, xa ɖe ame siwo nètia be woanyi wò dome la ta, nàgatrɔ va.
18
Wò dukɔ kɔkɔe la xɔ wò kɔkɔeƒe la ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko; ke azɔ la, míaƒe futɔwo va nya avuzi le wò teƒe kɔkɔe la.
19
Míeva zu abe ame siwo dzi mèɖu fia ɖo kpɔ o kple ame siwo ŋu womeyɔ wò ŋkɔ ɖo kpɔ kura o la ene.
← Chapter 62
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 64 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66