bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 9
Isaiah 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 10 →
1
Gake ame siwo nɔ blukɔ me tsã la magase veve o. Eɖi gbɔ Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba tsã, ke le ɣeyiɣi si gbɔna me la, ade bubu ƒutamɔ si le Yordan godo, si nye Galilea, dukɔwo ƒe anyigba la, ŋu.
2
Dukɔ si le viviti me zɔm la, kpɔ kekeli gã aɖe. Ame siwo le anyigba si dzi viviti tsiɖitsiɖi do ɖo la, kekeli klẽ ɖe wo dzi.
3
Wòe na dukɔ la dzi ɖe edzi. Wòe dzi eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi. Dzi le wo dzɔm le ŋkuwò me, abe nuŋeɣi ene, abe ame siwo gbɔ tso aʋa le aʋagbedzinuwo mam la ene.
4
Elabe èŋe kɔkuti si nye agba nɛ, ati si le abɔta nɛ kple ameteɖeanyila ƒe ameƒoti la abe ale si nèwɔe le Midiantɔwo ŋɔli ene.
5
Woatɔ dzo aʋadefɔkpa ɖe sia ɖe kple aʋadewu ɖe sia ɖe si ƒo ʋu blibaa la woafiã abe nake le dzo me ene.
6
Elabe wodzi vi na mí! Wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖuŋusẽ anɔ abɔta nɛ. Woayɔe be, “Aɖaŋu Wɔnuku Ɖola, Mawu Ŋusẽtɔ, Tɔ́ Mavɔ, Ŋutifafafiavi”.
7
Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye eƒe ŋutifafa adzi ɖe edzi; seƒe manɔe na wo o. David ƒe fiazikpui kple eƒe fiaɖuƒe la ali ke, ahakpɔ ŋusẽ to ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me tso fifia ɖase mavɔ me. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe ŋusẽe awɔ esia.
8
Aƒetɔ gblɔ ɖo ɖe Yakob be yeahe to nɛ; nya la ka Israel-dukɔ la.
9
Dukɔ blibo la anyae hekpe ɖe Efrayimtɔ kple Samariatɔ, siwo le dàdam hele adegbe ƒom le dzime la ŋu be:
10
“Anyikpexɔwoe mu, ke míele agakpe kpakpawo tsɔ ge atu bubuwoe. Sikamortiwoe wolã, ke sedertiwoe míado ɖe wo teƒe.”
11
Ale Aƒetɔ na futɔwo ɖu wo dzi, eye woƒe ketɔwo ƒe lã me ƒo ɖe wo ŋu.
12
Siriatɔwo tso ɣedzeƒe kple Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe ake nu me alé Israel avuvu. Togbɔ be nu siawo dzɔ hã la, eƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.
13
Ke dukɔ la metrɔ va ame si ƒo wo la gbɔ o, eye mebia Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ta se o.
14
Ale Aƒetɔ tsrɔ̃ ta kple asikɛ, deʋaya kple keti ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.
15
Ame tsitsi kple ame ŋkutae nye ta la, eye asikɛ lae nye gbeƒãɖela, siwo ƒe nufiafia nye alakpa la.
16
Dukɔ sia kplɔlawo na wòtra, eye wo yomedzelawo bu.
17
Esia tae Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le eƒe ɖekakpuiwo ŋu o, eye mave woƒe ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo nu o, elabe wo katã wonye Mawu mavɔ̃lawo kple nu tovo wɔlawo; woƒe nyagbɔgblɔ ɖe sia ɖe nye bometsinya. Togbɔ be nu siawo dzɔ hã la, eƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.
18
Elabe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le bibim abe dzo ene. Efiã aŋɔkawo kple ŋuwo, eye wòtɔ dzo ave dodowo ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.
19
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla ƒe dziku na dzo ƒo anyigba, eye dukɔ la le abe nake le dzo me ene; ame aɖeke mekpɔa nublanui na nɔvia o.
20
Wole tsyo dam nu le ɖusime; ke dɔ gale wo wum. Wole nu ɖum le mia me; ke womeɖi ƒo o. Ame sia ame le nɔvia ƒe lã vuvum.
21
Manase ɖu Efrayim, eye Efrayim hã ɖu Manase. Wo kple eve la siaa tso ɖe Yuda ŋu. Togbɔ be esia gbegbe dzɔ hã la, eƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66