bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 36
Isaiah 36
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 37 →
1
Le fia Xizkiya ƒe ƒè wui enelia me esime wòɖu fia la, Asiria-fia Sanxerib ho aʋa ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu eye wòxɔ wo.
2
Asiria-fia dɔ Rabsake tso Laxis ɖo ɖe fia Xizkiya le Yerusalem kple aʋakɔ gã aɖe, eye wodze aʋa ɖe dzigbetá ƒe tɔʋu to le Avɔlɔ̃la ƒe Agblemɔ to.
3
Ale Elyakim, Xilkiya vi, aƒedzikpɔla, Sebna agbalẽŋlɔla kple Yoax, Asaf vi si nye agbalẽwo dzraɖoƒedzikpɔla la do yi ɖakpee.
4
Rabsake gblɔ na wo be: “Migblɔ na Xizkiya be: ‘Asiria-fia be: Nu ka ŋuti koŋ nèle dzi ɖom ɖo?
5
Ɖe nèbu be numenya ƒuƒlue nye aɖaŋu kple ŋusẽ si wotsɔna wɔa aʋaea? Ame ka ŋue nèle dzi ɖom ɖo ta nèdze aglã ɖe ŋunye?
6
Kpɔ ɖa, èle ŋu ɖom ɖe Egipte, aƒla ŋeŋe ma si aŋɔ ame si ziɔ ɖe eŋu la ŋu. Nenemae Egipte Fiagã la le na ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe eŋu la.
7
Gake ne miegblɔ nam be: Míeɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Xizkiya ɖe ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be: Miasubɔ le vɔsamlekpui sia ko ŋgɔ oa?
8
Azɔ va ne wò kple nye aƒetɔ Asiria-fia la miatso gbe: Mana sɔ akpe eve wò, ne àte ŋu akpɔ sɔdolawo woado wo ko.
9
Ale ke gɔ̃ nàte ŋu atutu aʋakplɔla ɖeka le nye aƒetɔ ƒe dɔla gblɔewo dome ayi megbee, esi nèle ŋu ɖom ɖe Egipte ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ŋu?
10
Gawu la, ɖe meto Aƒetɔ megbe ho ɖe anyigba sia ŋu be matsrɔ̃ea? Aƒetɔ lae gblɔe nam be: Ho aʋa ɖe anyigba sia ŋu ne nàtsrɔ̃e.’ ”
11
Tete Elyakim, Sebna kple Yoax gblɔ na Rabsake be: “Míeɖe kuku, do Aram-gbe na wò dɔlawo, elabe míesee, ke mègado Yuda-gbe na mí o. Ame siwo katã le glia dzi la see!”
12
Ke Rabsake ɖo eŋu be: “Wò kple wò aƒetɔ ko gbɔe nye aƒetɔ dɔm ɖo be mava gblɔ nya siawoa? Ɖe menye ame siwo bɔbɔ nɔ glia dzi siwo gbɔna woawo ŋutɔ ƒe mi ɖu ge, eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ kpe ɖe mia ŋu hã la gbɔe oa?”
13
Tete Rabsake tsi tsitre te va do ɣli sesĩe le Yuda-gbe me be: “Mise fiagã la, Asiria-fia ƒe nya!
14
Ebe migana Xizkiya naflu mi o, elabe mate ŋu aɖe mi o.
15
Migana Xizkiya nana miaɖo ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu ahagblɔ be: Aƒetɔ aɖe mí godoo, eye du sia mage ɖe Asiria-fia si me o.
16
Migaɖo to Xizkiya o, elabe Asiria-fia be: Miwɔ ŋutifafa kplim; mido va gbɔnye ekema mia dometɔ ɖe sia ɖe aɖu eya ŋutɔ ƒe waintsetse, eye ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe gbotitsetse, eye ame sia ame ano tsi tso eya ŋutɔ ƒe vudo me.
17
Anɔ nenema va se ɖe esime mava kplɔ mi ayi anyigba aɖe si le abe mia tɔ ene la dzi. Enye anyigba si dzi bli kple wain le; anyigba si dzi abolo kple wainbɔwo le.
18
Mikpɔ nyuie be Xizkiya nagable mi be: ‘Aƒetɔ aɖe mí’ o. Ɖe dukɔwo ƒe mawu aɖe te ŋu ɖe eƒe anyigba tso Asiria-fia si me kpɔa?
19
Afi ka Xamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Sefarvayim ƒe mawuwo ɖe? Ɖe wote ŋu ɖe Samaria tso asinye mea?
20
Dukɔ siawo ƒe mawuwo katã dometɔ kae ɖe woƒe dukɔwo tso asinye me kpɔ, ne Aƒetɔ ya naɖe Yerusalem atso asinye me?”
21
Ke wozi kpi; womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabe fia de se na wo be: “Migaɖo eŋu nɛ o.”
22
Tete Elyakim, Xilkiya vi si nye aƒedzikpɔla, Sebna, agbalẽŋlɔla kple Yoax, Asaf vi si nye agbalẽwo dzraɖoƒedzikpɔla le awu vuvu me yi Xizkiya gbɔ ɖagblɔ Rabsake ƒe nyaawo nɛ.
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 37 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66