bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 49
Isaiah 49
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 48
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 50 →
1
Mi ƒukpowo, miɖo tom; mi dukɔ siwo le didiƒe ʋĩi, mizi ɖoɖoe ne miase. Aƒetɔ yɔm hafi wodzim. Etsɔ ŋkɔ nam le nɔnye ƒe dɔme ke.
2
Ewɔ nye nu wòle abe yi ɖaɖɛ ene. Eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli me. Ewɔm aŋutrɔ biɖoe, eye wòtsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.
3
Egblɔ nam be: “Israel, nye dɔla nènye; woakafum to dziwò.”
4
Gake megblɔ be: “Mewɔ dɔ vlo; megblẽ nye ŋusẽ ɖe ya me dzodzro. Ke hã, Aƒetɔ si me nye nyawo le, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.”
5
Azɔ Aƒetɔ, ame si mèm tso dɔ me ke be manye yeƒe dɔla ne makplɔ Yakob agbɔ va ye gbɔe, eye woaƒo Israel nu ƒu ɖe egbɔ la, de bubu ŋunye le eŋkume, eye nye Mawu zu nye ŋusẽ.
6
Ebe: “Mesɔ gbɔ nam be nènye nye dɔla, ne nàfɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nàɖo Israel ƒe ame siwo woɖe la te o. Ke boŋ matsɔ wò ana abe kekeli ene na dukɔwo ale be nye xɔname nade anyigba ƒe mlɔenu ke.”
7
Aƒetɔ, Israel ƒe Ɖela kple eƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ na ame si wodo vloe, ame si dukɔ la lé fui, ame si nye dziɖulawo ƒe dɔla la be: “Fiawo akpɔe, atso ɖe tsitrenu, eye amegãwo adra ɖe anyigba ade ta agu, le Aƒetɔ, ame si wɔa nuteƒe la ta, le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si tia wò la ta.”
8
Aƒetɔ be: “Ɣeyiɣi si me mave nuwò la, meve nuwò. Gbe si gbe maxɔ wò ɖe agbe la, mekpe ɖe ŋuwò. Mekpɔ tawò eye meto dziwò bla nu kple dukɔ la ne nàɖo anyigba la te, eye nàma domenyinu si zu gbegbe la.
9
Gblɔ na gaxɔmenɔlawo be: ‘Mido va!’ Gblɔ na ame siwo le viviti me la be: ‘Miva kekeli nu!’ Woaɖu gbe le mɔ to, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ togbɛ ƒeƒlewo katã tame.
10
Dɔ kple tsikɔ magawu wo o, eye ya xɔdzo loo, alo ŋdɔ helihelĩ maɖu wo o. Elabe ame si kpɔ nublanui na wo adze ŋgɔ na wo, eye wòakplɔ wo ayi tsidzidziwo gbɔe.
11
Mɔ ato nye towo katã tame, eye magbugbɔ nye mɔ gãwo ado.
12
Kpɔ ɖa, amewo atso didiƒe ʋĩi ava. Ɖewo atso dzigbeme kple ɣetoɖoƒe, eye bubuwo atso Sinitɔwo ƒe anyigba dzi.”
13
Dziƒowo, mitso aseye! Anyigba, kpɔ dzidzɔ! Towo, midzi ha kple ɣli! Elabe Aƒetɔ fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na eƒe ame siwo le fu kpem la.
14
Gake Zion be: “Aƒetɔ gblẽm ɖi! Nye Aƒetɔ ŋlɔm be.”
15
“Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vi nono be, eye eƒe dɔme matrɔ ɖe vi si eya ŋutɔ dzi la ŋu oa? Ne aŋlɔe be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be o.
16
Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ŋkɔ ɖe nye asiƒome; wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.
17
Ame siwo agbugbɔ wò aɖo te la ƒe afɔ le tsɔtsɔm wu ame siwo gbã wò la. Ame siwo wɔ wò nèzu aƒedo la ʋu tso mewò dzo yina.
18
Fɔ wò mo dzi nàtsa ŋku godoo, eye nàkpɔ ɖa. Wo katã woƒo ƒu, wogbɔna ɖe gbɔwò. Aƒetɔ be: Esi mele agbe ko la, àdo wo katã abe atsyɔ̃ɖonu ene; àtsɔ wo abla ali dzi abe ale si ŋugbetɔ wɔnɛ ene.
19
Nyateƒee, wò aƒedo, wò gbegbe kple wò anyigba si wogblẽ la, àxaxa ŋutɔ azɔ na edzinɔlawo, eye ame siwo gblẽe la adzo yi didiƒe ʋĩi.
20
Ðevi siwo wodzi esime nènɔ fu nyim la agblɔ nàse be: ‘Teƒe sia megalolo nam o. Di teƒe bubu nam, manɔ.’
21
Ekema àgblɔ le wò dzime be: ‘Ame kae dzi ɖevi siawo nam? Woɖe vi le ŋunye, eye metsi ko. Woɖe aboyom, eye wonyam de gbe ɖe! Ke ame kae kpɔ wo dzi wotsi? Kpɔ ɖa, nye ɖeka koe wogblẽ ɖi ɖe! Afi ka gɔ̃ woawo tso va?’ ”
22
Ke Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, makɔ asi dzi na dukɔwo, eye mado nye aflaga ɖe dzi na wo. Ale woatsɔ wò ŋutsuviwo ɖe akɔ nu, eye woakɔ wò nyɔnuviwo ɖe abɔta vɛ.
23
Fiawo azu tɔ́ na viwòwo, eye woƒe fianyɔnuwoe ana no wo. Woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye woaɖuɖɔ ke le wò afɔ ŋu. Tete àdze sii be nyee nye Aƒetɔ. Ame siwo kpɔa mɔ nam la, ŋu makpe wo o.”
24
Ne kalẽtɔ lé nu la, ɖe woate nu axɔe le esia? Alo ne ŋutasẽla ɖe aboyo amewo la, ɖe woate ŋu axɔ wo ɖe agbea?
25
Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Woaxɔ aboyomewo le kalẽtɔ si, eye woaxɔ ŋutasẽla ƒe nu si wòlé gɔ̃ hã la le esi nyateƒe. Elabe mawɔ avu kple ame siwo le avu wɔm kpli wò, eye maxɔ viwòwo ɖe agbe.
26
Mana ame siwo te wò ɖe anyi la, naɖu woawo ŋutɔ ƒe lã, eye woamu woawo ŋutɔ ƒe ʋu abe wain wono mu ene. Ekema amegbetɔƒomea katã adze sii be nyee nye Aƒetɔ, wò Xɔnametɔ kple wò Ɖela, Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la.”
← Chapter 48
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 50 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66