bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 37
Isaiah 37
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 38 →
1
Esi fia Xizkiya se nya siawo ko la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòyi Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
2
Edɔ Elyakim aƒedzikpɔla, Sebna agbalẽŋlɔla la kple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo. Wota akpanya, eye wòɖo wo ɖe gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi la gbɔ.
3
Wogblɔ nɛ be: “Xizkiya be: ‘Egbee nye xaxa, tohehe kple fewuɖugbe. Vi ɖo ata me, ke ŋusẽ aɖeke meli woadzii o.
4
Ɖewohĩ Aƒetɔ, wò Mawu la se Rabsake ƒe nyaawo. Nya siwo eƒe aƒetɔ Asiria-fia la de esi be wòatsɔ ɖu fewu le Mawu gbagbe la ŋui, eye Aƒetɔ, wò Mawu la ahe to nɛ le nya si wòse la ta. Eya ta mido gbe ɖa ɖe ame siwo susɔ la ta.’ ”
5
Esi fia Xizkiya ƒe dɔlawo va Yesaya gbɔ la,
6
Yesaya gblɔ na wo be: “Nya si miagblɔ na miaƒe aƒetɔ lae nye esi: ‘Aƒetɔ be, nya siwo Asiria-fia ƒe amedɔdɔwo tsɔ va ɖe alɔ me le ŋunye miese la, megadzi ŋɔ na mi o.
7
Kpɔ ɖa, made gbɔgbɔ aɖe eme ale be wòase ʋunyaʋunya aɖe, eye wòatrɔ yi wo denyigba dzi. Mana wòatsi yi nu le wo de.’ ”
8
Esi Rabsake se be Asiria-fia dzo le Laxis la, etrɔ eye wòkpɔ Asiria-fia wònɔ aʋa wɔm kple Libna.
9
Azɔ du va na Asiria-fia la be Nubia-fia Tirhaka ho aʋa ɖe eŋu. Esi wòsee la, edɔ ame ɖo ɖe Yuda-fia Xizkiya, ne woagblɔ nɛ be:
10
“Mègana Mawu si ŋu nèle dzi ɖom ɖo la naflu wò be womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria-fia o.
11
Kpɔ ɖa, wò ŋutɔ èse nu si Asiria-fiawo tu kple dukɔwo katã: wotsrɔ̃ wo gbidigbidi; ko Mawu aɖe wò yaa?
12
Ɖe dukɔ siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃ - Gozan, Xaran kple Rezef kpakple Edentɔ siwo nɔ Telasar - la ƒe mawuwo ɖe woa?
13
Afi ka Xamat-fia kple Arpad-fia le? Afi ka Safarvayim-du, Hena kple Iva fiawo le?”
14
Xizkiya xɔ agbalẽa le amedɔdɔawo si xlẽ. Eyome eyi mawuƒe la me, eye wòkee ɖe Aƒetɔ ŋkume.
15
Xizkiya do gbe ɖa na Aƒetɔ be:
16
“O, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu, wò ame si le kerubiwo tame, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba fiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
17
O, Aƒetɔ, ɖo to nàse, ʋu ŋku nàkpɔ. Se nya siwo katã Sanxerib gblɔ ɖo ɖa be yeaɖe alɔ me le Mawu gbagbe la ŋui la ɖa!
18
O, Aƒetɔ, le nyateƒe me la, Asiria-fiawo tsrɔ̃ dukɔwo katã kple woƒe anyigbawo
19
esi wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me, eye wotsrɔ̃ wo, elabe menye mawuwo wonye o, ke boŋ nu siwo amegbetɔ tsɔ ati kple kpe wɔ la ko wonye.
20
Azɔ, o Aƒetɔ, mía Mawu, ɖe mí tso Sanxerib si me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be wò ɖeka hɔ̃ koe nye Aƒetɔ.”
21
Tete Yesaya, Amoz vi la, ɖo ame ɖe Xizkiya ne woagblɔ nɛ be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: “Esi nèdo gbe ɖa nam ku ɖe Asiria-fia, Sanxerib ŋu ta la,
22
nya si Aƒetɔ gblɔ ɖe eŋu lae nye be: ‘Eɖe alɔ me le ŋuwò, eko wò, Zion vinyɔnu, ɖetugbi leaƒe. Eʋuʋu ta ɖe yowòme, wò Yerusalem-nyɔnuvi.
23
Ame ka nèdo vloe eye ame kae nèdzu? Ame ka tae nèdo ɣli ɖo? Ame ka ŋue nèwu wò ŋkuwo dzi ɖo? Ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu!
24
Eto wò dɔlawo dzi heɖe alɔ me le Aƒetɔ la ŋu be: Nye tasiaɖam gbogboawo metsɔ yi towo tamee, yi keke Lebanon ƒe mlɔenu ke. Metso eƒe sederti kɔkɔwo kple sesewu nyuitɔwo ƒu anyi. Mede keke eƒe kɔkɔƒe ke kple ave dodo me.’
25
Meɖe vudowo heno tsi la, eye metsɔ nye afɔƒome na Egipte-tɔsisiwo katã mie.
26
Mèsee kpɔ oa? Blema kee mewɔe; tso gbe aɖe gbe kee meɖoe. Azɔ mena wòva eme be nàgbã du sesẽwo woazu glikpowo.
27
Eya ta ŋusẽ avɔ le wo me nɔlawo ŋu, dzi naɖe le wo ƒo, eye gbɔgblɔ abu ɖe wo. Woazu abe agble me ma, gbe mumu, xɔta me gbe kple nuku si tsi to nu la ene.
28
Menya wò anyinɔnɔ, wò dodo kple wò gbɔgbɔ kple wò aglãdzedze ɖe ŋunye.
29
Esi nèdze aglã ɖe ŋunye, eye wò dàda va nye to me ta la, matsɔ nye nublaga ade ŋɔti na wò made nye numega nu na wò, eye magbugbɔ wò ato mɔ si nèto va la dzi.”
30
“Azɔ nu si anye dzesi na wò lae nye esi: Le ƒè sia me la, miaɖu nu siwo mie le wo ɖokui si, eye le ƒè evelia me la, miaɖu flunyigba me nuku. Ke le ƒè etɔ̃lia me la, miƒã nu miaŋe, eye mide waingble miaɖu eme kutsetsewo.
31
Yuda-to la ƒe ame mamlɛ siwo tsi agbe la agato kè ɖo ta to me, eye woatse ku ɖe dzime.
32
Elabe ame mamlɛawo ado tso Yerusalem, eye agbetsilawo ƒe hatsotso aɖe ado tso Zion-to la dzi. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe dzotsɔtsɔ ɖe nu ŋu awɔ esia ade goe.
33
Eya ta Aƒetɔ gblɔ ɖe Asiria-fia ŋu be: Mele du sia me va ge alo ada aŋutrɔ ɖe eme o. Matsɔ akpoxɔnu ate ɖe eŋu loo, alo aƒu kpo ɖe eŋu o.
34
Mɔ si dzi wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Magava du sia me o. Aƒetɔ lae gblɔe.
35
Elabe makpɔ du sia ta, aɖee, le nye ŋutɔ kple nye dɔla David ta.”
36
Tete Aƒetɔ ƒe dɔla yi ɖawu ame akpe alafa ɖeka bla enyi vɔ atɔ̃ le Asiriatɔwo ƒe asaɖa me. Esi wofɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, ame siawo katã ku.
37
Ale Sanxerib, Asiria-fia trɔ yi aƒe, eye wòɖanɔ Ninive.
38
Eva dzɔ be esime wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu Nisrox ƒeme la, via ŋutsuwo, Adramelex kple Sarezer ɖawui kple yi, eye wosí yi Ararat-nyigba dzi. Via Esar-Xadon zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 38 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66