bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 8
Isaiah 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 9 →
1
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe nàŋlɔ nu si anyaxlẽ bɔbɔe la ɖe edzi be: ‘Aboyonu, afɔ netsɔ! Nuhaha, va kaba!’ ”
2
Mekpɔ ɖasefo siwo dzi meka ɖo, nunɔla Uriya kple Zaxarya, Yeberexya vi, be woaɖu ɖasefo nam.
3
Tete medɔ srɔ̃nye gbeƒãɖela la gbɔ, wòfɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Aƒetɔ gblɔ nam be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be: Aboyonu, afɔ netsɔ! Nuhaha, va kaba!
4
“Hafi ɖevia nanya ‘Papa’ alo ‘Dada’ yɔyɔ la, Asiria-fia ava lɔ Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo adzoe.”
5
Aƒetɔ gaƒo nu kplim gblɔ be:
6
“Esi dukɔ sia do vlo Siloa-tsi si sína blewuu, eye vɔvɔ̃ ɖo wo le Rezin kple Remalya vi la gbɔ ta la,
7
kpɔ ɖa, Aƒetɔ la akplɔ Tɔsisi la ƒe tsi gã sẽŋu siwo nye Asiria-fia kple eƒe ŋusẽ blibo la ava ƒo ɖe wo dzi duu, ayɔ eƒe baliwo katã me agbã go.
8
Así ato Yuda-nyigba dzi, aɖɔ, agbagba, ase ve, eye eƒe alɔdze siwo ke la asɔ wò anyigba la ƒe kekeme, O Mawulikplimí!”
9
Mi dukɔwo, mido aʋaɣli; vɔvɔ̃ neɖo mi. Mi ame siwo katã le didiƒe le anyigba dzi, miɖo to. Mibla akpa vɔvɔ̃ neɖo mi. Mibla akpa; vɔvɔ̃ neɖo mi.
10
Mide adaŋu; ke woagblẽ eme. Miɖo gbe ɖi; ke madze edzi o elabe Mawu li kpli mí!
11
Elabe Aƒetɔ ƒo nu kplim esime eƒe asi sẽ ɖe dzinye eye wògbe nam be magazɔ dukɔ sia ƒe mɔ dzi o. Ebe:
12
“Migayɔ dukɔ sia ƒe nugbeɖoɖo be nugbeɖoɖo o. Migavɔ̃ nu si wovɔ̃na la o, eye womegadzi ŋɔ na mi o.
13
Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae miabu kɔkɔe. Eya koe miavɔ̃ eye eya ko nadzi ŋɔ na mi.
14
Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiakpe kple agakpe kikli na Israel-dukɔ eveawo; mɔ̀ kple adoboli na Yerusalemnɔlawo.
15
Ame geɖewo aklii adze anyi eye woaŋe keŋkeŋ. Mɔ̀ aɖe wo, alé wo.”
16
Dzra ɖaseɖiɖi la ɖo. Tre nufiame la nu ɖe nye nusrɔ̃viwo me.
17
Mele Aƒetɔ, ame si ɣla eŋkume ɖe Yakob ƒe ƒome la sinu kpɔm hele dzi ɖom ɖe eŋu.
18
Kpɔ ɖa, nye kple vi siwo Aƒetɔ nam lae nye esi. Míenye dzesi kple nukunu le Israel tso Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ame si le Zion-to dzi la gbɔ.
19
Ke ne woagblɔ na mi be: “Mibia nu se le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa ŋɔtimegbe nɔa gbe tem la gbɔ la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu oa? Ɖe wòle be woabia nu ase le kukuawo gbɔ na agbagbeawoa?”
20
Mitrɔ ɖe nufiame la kple ɖaseɖiɖi la ŋu. Ne womegblɔ esia o la, ekema agu medzena na wo o.
21
Dukɔ la anɔ tsa glãla tsam; woate wo ɖe anyi eye dɔ awu wo. Ne dɔ le wo wum la, woado dziku ahaƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu, ne wowu mo dzi.
22
Ne wokpɔ anyi la, xaxa kple viviti koe li. Xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me ko woanya wo ɖo ɖa.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66