bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 51
Isaiah 51
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 50
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 52 →
1
“Mi ame siwo dia nu dzɔdzɔe wɔwɔ, mi ame siwo dia Aƒetɔ, miɖo tom. Mikpɔ agakpe si me wokpa mi tsoe kple agakpegbãƒe si me woɖe mi tsoe la ɖa.
2
Mibu mia tɔgbui Abraham kple Sara si dzi mi la ŋu kpɔ. Esi eya ɖeka nɔ anyi la, meyɔe, eye meyrae wòdzi sɔ gbɔ fũu.
3
Elabe Aƒetɔ afa akɔ na Zion; afa akɔ na eƒe aƒedowo katã. Awɔ eƒe gbedadaƒo abe Eden-bɔ ene kple eƒe kegbegbe abe Aƒetɔ ƒe abɔ ene. Dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso, akpedada kple kafukafuha anɔ eme.”
4
“Nye dukɔ, miɖo tom; nye amewo, milé to ɖe ŋunye! Elabe nufiame ado tso gbɔnye, eye wòana nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ naklẽ abe kekeli ene na dukɔwo.
5
Nye ɖeɖe tu aƒe, nye xɔname do yi xoxo. Nye ŋusẽ aɖu dukɔwo dzi. Ƒukpowo le mɔ kpɔm nam, eye wole mɔ kpɔm na nye ŋusẽ.
6
Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒowo. Mide mo to ne miakpɔ anyigba, elabe dziƒo abu vĩ abe dzudzɔ ene anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsuwo ene. Ke nye xɔname anɔ anyi tegbee eye nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ nu mayi akpɔ o.
7
Mi ame siwo nya nu dzɔdzɔe wɔwɔ, mi dukɔ si ƒe dzime nye se la le, miɖo tom. Ne woɖu fewu le mia ŋu la, migavɔ̃ o. Ne wodo vlo mi la, dzi megaɖe le mia ƒo o.
8
Elabe agbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye tsiƒomee aɖu wo abe kuntru ene. Ke nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ anyi na dzidzimewo katã.”
9
Aƒetɔ ƒe alɔ, nyɔ, nyɔ, kpla ŋusẽ! Nyɔ abe le blemaŋɔli ene, abe ale si nènyɔna na dzidzimewo gbe aɖe gbe ene. Ɖe menye wòe fli Raxab kakɛkakɛe, eye nèƒo nu ɖe ʋɔdriba la oa?
10
Ðe menye wòe na atsiaƒu mie, mie de gogloƒewo ke gɔ̃, eye nèdo mɔ to egɔme be ame siwo nèɖe la, nazɔ edzi yi oa?
11
Ale ame siwo Aƒetɔ xɔ ƒle la atrɔ gbɔ va Zion kple hadzidzi, eye woanɔ dzidzɔ kpɔm tegbee. Dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso dzi ko woanɔ, eye nuxaxa kple hũɖeɖe maganɔ anyi o.
12
“Nye, nyee nye ame si faa akɔ na mi. Nu ka ta miele amegbetɔ kukua, gbetɔ si nu yina abe gbe ene la, vɔ̃m?
13
Mieŋlɔ Aƒetɔ, mia Wɔla, ame si he dziƒowo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be. Miele ame siwo te mi ɖe anyi kple dziku la vɔ̃m gbe sia gbe, elabe woɖoe be yewoatsrɔ̃ mi. Ke ame si te mi ɖe anyi la ƒe dɔmedzoe la ɖe?
14
Woaɖe ame si wote ɖe anyi la kaba; maku ayi aʋlime alo nuɖuɖu nahiãe o.
15
Elabe nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu. Nyee blua atsiaƒu, eye eƒe tsotsoewo dzea agbo. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔlae nye eŋkɔ.
16
Metsɔ nye nya de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli me. Nyee he dziƒowo me, eye meɖo anyigba gɔme anyi, eye mele gbɔgblɔm na Zion be: ‘Nye dukɔ nènye.’ ”
17
Fɔ, fɔ! Yerusalem, tsi tsitre! Wò si no dɔmedzoekplu me nu tso Aƒetɔ si me. Èno nu muame si le kplua me ƒiaƒiaƒia kpɔ egɔme ke.
18
Kplɔla aɖeke mele vi siwo katã wòdzi la dome si afia mɔe o, eye esiwo katã wònyi wotsi la hã dometɔ aɖeke meli alé eƒe alɔnu o.
19
Nu eve siawoe dzɔ ɖe dziwò, ame kae ase veve ɖe wò ti? Nuwo gblẽ, nuwo tsrɔ̃, dɔ to, aʋa dzɔ. Ame kae afa akɔ na wò?
20
Viwòwo ku ƒenyi, mlɔ anyi ɖe ablɔwo dzi keŋ abe ahlɔ̃e si ɖɔ ɖe la ene. Aƒetɔ ƒe dziku te wo ŋu, wò Mawu ƒe agbodzedze nu sẽ ɖe wo dzi.
21
Eya ta se nya sia, wò ame si wowɔ nu vevii eye nèmu, evɔ menye wain ye nèno mu o.
22
Wò Aƒetɔ, Aƒetɔ, wò Mawu ame si ʋlia eƒe dukɔ la ta la gblɔ be: “Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si me nu muame le la le asiwò. Màgano nu le dɔmedzoekplu la me azɔ o.
23
Matsɔ kplua ade ame siwo wɔ funyafunya wò la si me. Woawoe gblɔ na mi be: ‘Mibɔbɔ ne míazɔ mia dzi ayi.’ Ale miewɔ miaƒe dzime abe anyigba ene abe mɔ dodo ene, wozɔ edzi.”
← Chapter 50
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 52 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66