bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 5
Isaiah 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 6 →
1
Na madzi ha aɖe na nye lɔlɔ̃tɔ. Ha la ku ɖe eƒe waingble ŋu: Waingble aɖe nɔ nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ wɔnu aɖe tame.
2
Edzobo eme, ɖe kpewo le eme, eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme. Etu xɔ tsrala ɖe etitina. Ekpa wainfiãnu da ɖe eme hele mɔ kpɔm be atse ku nyuiwo, ke etse ku gbegblẽwo.
3
Azɔ la, Yerusalemnɔlawo kple Yudatɔwo, taflatsɛ, midrɔ̃ ʋɔnu le nye kple nye waingble la dome.
4
Nu kae woagawɔ na nye waingble la, eye nyemewɔe nɛ o? Ke nu ka ta mele mɔ kpɔm be atse ku nyuitɔwo, eye wòtse gbegblẽtɔwo?
5
Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala nye waingble la na mi: Makaka kpɔ le eŋu, ne lãwo naɖui. Magbã gli le eŋu, ne woazɔ edzi.
6
Mana wòazu anyigba mawɔnu. Womaɖe eŋu alo aga eme o, ke aŋɔkawo kple ŋuwo amie ɖe eme. Made se na alilikpowo gɔ̃ be tsi megadza ɖe edzi azɔ o.
7
Evɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe waingble lae nye Israel-dukɔ la. Yudatɔwoe nye eƒe dzidzɔdonukua. Ekpɔ mɔ na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, ke kpɔ ɖa, ʋukɔkɔɖie li. Ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ ke kpɔ ɖa, konyifaɣlie li.
8
Baba na ame siwo le xɔ tum kpe xɔ, hele agble kekem ɖe agble nu va se ɖe esime teƒe aɖeke maganɔ anyi o, bene woawo ɖeɖe ko nanɔ anyigba la dzi.
9
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ka atam mese be: “Nyateƒee, xɔ gbogboawo atrɔ zu gbegbe, eye xɔ gã nyuiawo azu xɔdowo.
10
Woakpɔ wain bat ɖeka tso waingble ka ewo me. Ne woƒã bliku xomer ɖeka la, bli efa ɖeka ko woakpɔ tso eme.”
11
Baba na ame siwo fɔa fɔŋli hetiaa aha sesẽ yome, nɔa edzi ʋuu va se ɖe esime zã tsina be dzo naɖo lã me na yewo.
12
Ne wole ŋkekenyui ɖum, le aglo tum la, kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple kpẽwo kpena ɖe wain ŋu na wo; ke womekpɔa Aƒetɔ ƒe dɔwɔwɔ ɖe naneke me o, eye womedze si eƒe asinudɔwɔwɔ o.
13
Eya ta woɖe aboyo nye dukɔ elabe mele nu nyam o. Woƒe bubumewo le kukum le dɔwuame te, eye tsikɔ le eƒe amehawo wum kutɔkutɔe.
14
Ale wole tsiẽƒe dzrom ŋutɔŋutɔ, eye wòke nu ɖi baa. Yerusalem ƒe atsyɔ̃, eƒe amehawo kple dzidzɔkpɔla siwo le eme la age ɖe eme.
15
Wobɔbɔ amegbetɔ ɖe anyi, woɖi gbɔ amewo, eye dàdalawo ƒe mo yi to.
16
Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖe eƒe gãnyenye fia le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu Kɔkɔetɔ la ɖe eɖokui fia le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me.
17
Alẽviwo aɖu gbe le afi ma abe woawo ŋutɔ ƒe gbeɖuƒee wònye ene, eye lã damiwo kple wo viwo aɖu nu le aƒedoawo me.
18
Baba na ame siwo tsɔa alakpaka dea vodada nɔa hehem, eye wotsɔa tasiaɖamka hea nuvɔ̃e!
19
Wole gbɔgblɔm be: “Aƒetɔ newɔ kabakaba. Neʋã ɖe eƒe dɔ ŋu ne míakpɔe. Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe tameɖoɖo nete va ne míadze sii.”
20
Baba na ame siwo yɔa vɔ̃ be nyui, eye woyɔa nyui be vɔ̃. Ame siwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotsɔa kekeli wɔa vivitii. Ame siwo tsɔa nu veve wɔa nu vivii, eye wotsɔa nu vivi wɔa nu vevee.
21
Baba na ame siwo bua wo ɖokui nunyalawo kple nugɔmeselawo le woawo ŋutɔ ŋkume.
22
Baba na ame siwo nye kalẽawo le wain nono me kple ŋutsuwɔlawo, ne wole aha muame tɔtɔm.
23
Woawo, ame siwo xɔa zãnu hetsoa afia na ame vɔ̃ɖiwo, eye wotea ame dzɔdzɔewo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to.
24
Eya ta, abe ale si dzo ƒe aɖe fiãa ahɔliti takpoe kple gbe ƒuƒui ene la, nenema tututue woƒe kè anyunyɔ, eye woƒe seƒoƒo aʋu ya abe ʋuʋudedi ene. Elabe wogbe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe nufiame, eye woɖe alɔ me le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nya ŋu.
25
Ale Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu vevie, eye wòdo abɔ ɖe dzi heƒo wo. Towo ʋuʋu kpèkpekpe, eye ame kukuawo tsi kpɔdomee abe gbeɖuɖɔ ene. Ke hã la, eƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.
26
Aƒetɔ awɔ dzesi ayɔ dukɔ aɖe le didiƒe ke. Alɔ̃ aku ayɔe tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Kpɔ ɖa, ele du dzi sesĩe gbɔna!
27
Ðeɖi mate wo dometɔ aɖeke ŋu o; ame aɖeke madze anyi o. Ɖeke madɔ alɔ̃ alo akɔlɔ̃e o. Alidziblanu aɖeke matu o, eye atokotaka aɖeke matso o.
28
Woƒe aŋutrɔwo le ɖaɖam, eye wovu woƒe dawo me. Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe kpe ene, eye woƒe tasiaɖamfɔwo le abe yali ene.
29
Woɖea gbe abe dzata ene, eye woxlɔ̃na abe dzataviwo ene. Wotea gbe, léa nu dzonae, eye ame aɖeke mate ŋu axɔe o.
30
Gbe ma gbe la, woaɖe gbe ɖe edzi abe atsiaƒu ƒe agbodzedze ene. Ne ame aɖe kpɔ anyigba la ɖa la, kpɔ ɖa, viviti kple nuxaxa koe li. Eƒe alilikpo na kekeli do viviti.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66