bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 45
Isaiah 45
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 44
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 46 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Kores, eƒe amesiamina, ame si ƒe nuɖusi melé, ne mabɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋgɔ, eye matu alidziblanu na fiawo, ne maʋu ʋɔwo le eŋkume, eye agbowo matsi dodo o la, be:
2
“Madze ŋgɔwò, eye mana kpoƒewo nasɔ. Matugu akɔbligbowo, eye maŋe gametiwo.
3
Matsɔ nu xɔasi siwo le blukɔ me kple kesinɔnu siwo woƒo ƒu ɖe ɣaɣlaƒe la ana wò, be nànyae be nye Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu lae tsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe.
4
Le nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel ta, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe. Metsɔ tɔgbuiŋkɔ na wò, togbɔ be mèdze sim o hã.
5
Nyee nye Aƒetɔ; bubu aɖeke megali o. Mawu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Mebla ali dzi na wò, togbɔ be mèdze sim o hã.
6
Mewɔ esia ne amewo nanyae tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe be ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Nyee nye Aƒetɔ; ɖeke megali o.
7
Nyee wɔ kekeli, eye mewɔ viviti. Nyee wɔ dzɔgbe nyui, eye mewɔ dzɔgbevɔ̃e. Nyee nye Aƒetɔ, ame si wɔ nu siawo katã!
8
Dziƒowo, miɖuɖu; dziŋgɔli nadza nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Anyigba nake nu, ne xɔname nado, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ hã namie. Nye Aƒetɔ ye wɔe.”
9
Baba na ame si le dzre hem kple ewɔla. Anyize ko wònye le zemela si me ɖe! Ɖe tsu biaa ame si le asi trɔm le eŋu la be: Nu ka wɔm nèle alo ɖe alɔ mele wò numeme la ŋu oa?
10
Baba na ame si bia tɔ́a be: ‘Nu ka ta nèdzim?’ alo bia nyɔnu be: ‘Nu ka ƒe ku lém nèle?’ ”
11
Aƒetɔ, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la kple ewɔla la be: “Ɖe miabia nyam ku ɖe vinyewo ŋu alo aɖe gbe nam ku ɖe nye asinudɔwo ŋua?
12
Nyee wɔ anyigba, eye mewɔ ame ɖe edzi. Nye asie he dziƒo me, eye meɖe gbe na eŋu nuwo katã wodo.
13
Nyee nyɔ Kores ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu, eye mana eƒe mɔwo nadzɔ. Agbugbɔ nye du la atso, eye wòana ablɔɖe nye ame siwo woɖe aboyoe la, fetu alo nunana manɔmee.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
14
Aƒetɔ be: “Egipte ƒe nukpɔkpɔwo, Nubia kple Sabatɔ dzɔtsuwo ƒe adzɔnuwo age ɖe asiwò me, azu tɔwò. Ame siawo adze yowòme; woade ga wo, eye woade ta agu na wò. Woaƒo koko na wò be: ‘Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le; ɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.’ ”
15
Nyateƒee, wò Israel ƒe Mawu, Xɔnametɔ la, Mawu si ɣla eɖokui la, nènye!
16
Ŋukpe lé wo katã, eye woƒe mo tsi dãa. Legbamèlawo katã tɔtɔ le yiyim.
17
Ke Aƒetɔ xɔ Israel ya ɖe agbe tegbee. Womado ŋukpe mi alo gbɔgblɔ nabu ɖe mi akpɔakpɔ o.
18
Aƒetɔ ye wɔ dziƒowo; eya nye Mawu! Eyae mè anyigba wònye eƒe nuwɔwɔ. Eɖoe anyi be wòanɔ anyi tegbee. Mewɔe be wòanɔ anyi nyamaa o, ke boŋ be ame nanɔ edzi. Eyae gblɔ be: “Nyee nye Aƒetɔ, bubu aɖeke megali o.
19
Nyemeƒo nu le vivime le anyigba ƒe afi aɖeke si do blukɔ o. Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be: ‘Midim le teƒe si tɔtɔ la’ o. Nye Aƒetɔ la, nyateƒee megblɔna megblɔ nu si le eteƒe.
20
“Mi dukɔwo, miƒo mia ɖokui nu ƒu ne miava. Mi ame siwo katã tsi agbe le dukɔwo dome, mite va. Wo ame manyanu siwo lé aklama kpakpɛ tikpowo ɖe ta, eye wole gbe dom ɖa na mawu siwo metea ŋu xɔa ame ɖe agbe o.
21
Miva to miaƒe nya. Mina woaƒo takpli ne woade adaŋu kple wo nɔewo. Ame kae gblɔ nya sia gbe aɖe gbe ke? Ame kae ɖe gbeƒãe le blema? Ɖe menye nye, Aƒetɔ ye oa? Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Mawu nu dzɔdzɔe Wɔla kple Xɔnametɔ menye; bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
22
“Xexemedukɔwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, ne woaxɔ mi ɖe agbe! Elabe nyee nye Mawu, bubu aɖeke meli o.
23
Metà nye ŋutɔ ɖokuinye; nyateƒenya si do tso nye nu me la, matrɔ gbeɖe o: ‘Klo sia klo atɔ anyi nam, eye aɖe sia aɖe aka atam nam.’
24
Woagblɔ be: Aƒetɔ ko gbɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple ŋusẽ le. Ame siwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ eye ŋu akpe wo.
25
Israel ƒe dzidzimeviwo katã aɖu dzi to Aƒetɔ dzi, eye woakafui.”
← Chapter 44
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 46 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66