bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 57
Isaiah 57
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 56
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 58 →
1
Ame dzɔdzɔe kuna, eye mevea ame aɖeke o. Woɖea mawumemewo ɖa, esime ame aɖeke mesea egɔme o. Elabe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa le dzɔgbevɔ̃e nu,
2
eye woyina ɖe ŋutifafa me. Ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe la, gbɔna ɖe eme le woƒe abawo dzi.
3
Ke mi nyɔnu dzosala ƒe viwo, mi ŋutsu ahasitɔ kple gbolo ƒe dzidzimeviwo, mite va!
4
Ame ka kom miele? Ame ka ŋu mieke nu ɖo baa, eye miedo aɖe ɖe go biɖaa ɖo? Ɖe menye vodalawo ƒe viwo kple alakpa ƒe dzidzimeviwo mienye oa?
5
Ɖe menye miawo ƒe lã mee fiẽna ɖe legbawo ŋu le ati dama ɖe sia ɖe te, eye miewua mia viwo ɖe baliwo me le agakpetowo me oa?
6
Ètia balimekpe zɔzrɔ̃ewo na ɖokuiwò, woawoe nye tɔwò gome. ȃo tsi ɖe anyi na wo, eye nèɖe dza na wo. Ɖe mazi kpi akpɔ nu siawoa?
7
Èɖo aba ɖe to kɔkɔtɔ kekeake tame, eye miede afi ma ɖasa vɔ.
8
Ètsɔ wò ŋkuɖodzinu ɖo wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo godo elabe ètrɔ ʋu le yonyeme. Èklo nu le wò aba ŋu, ède edzi, eye nèkekee ɖe nu, eye mia kpli wo mieƒo asì. Wo mlɔƒe dze ŋuwò eye nèkpɔ woƒe ama me.
9
Ètsɔ ami yi mawu Molex gbɔe, eye nèɖo ami ʋeʋẽe asii fũu. Èɖo wò amedɔdɔwo ɖe didiƒe ke; ɖewo ya yi keke tsiẽƒe ke.
10
Ètsa, tsa ʋuu ɖeɖi te ŋuwò gake mègblɔ be: “Dɔ vloe” o. Ŋusẽ yeye gaɖo mewò, eya ta nu mete ŋuwò o.
11
Ame kae le ŋɔ dzim na wò, eye ame ka vɔ̃m nèle ta nèzu aʋatsokala ale be mèɖo ŋku dzinye alo bu ŋunye o? Menye esi mezi ɖokuinye dzi kpoo heli, eteƒe didi, tae nègbem vɔvɔ̃ oa?
12
Maɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple wò dɔwɔwɔwo afia; ke womakpe ɖe ŋuwò o.
13
Ne èdo ɣli la, na wò legba gbogbo siwo nèƒo ƒui la naxɔ na wò. Ya alɔ wo ɖe nu, eye ƒuƒu akplɔ wo dzoe. Ke ame si sim tso la, anyigba la azu etɔ, eye wòanyi nye to kɔkɔe la dome.
14
Woagblɔ be: “Mita mɔ, mido mɔ! Mikplɔ mɔwo dzi. Miɖe mɔxenuwo katã ɖa le mɔ me na nye dukɔ.”
15
Elabe eya ame si le dzi ʋĩi, eye wòli tegbee, eye eŋkɔe nye Kɔkɔetɔ la, gblɔ be: “Mele dzi kple kɔkɔeƒe la. Meli kple ame si trɔ dzime, eye wòbɔbɔ eɖokui le gbɔgbɔ me la. Magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si trɔ dzime la ƒe dzi.
16
Elabe nyemanɔ dzre hem ɖaa o, eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɣe sia ɣi o. Elabe gbɔnyee gbɔgbɔ tsona, eye nyee wɔ agbegbɔgbɔ.
17
Le eƒe ŋubiabiã ƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae medo dɔmedzoe ɖo. Meƒoe, ɣla nye ŋkume, eye medo dɔmedzoe. Gake eyi edzi trɔ megbe dem, eye wòlé eya ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ.
18
Mekpɔ eƒe mɔwo gake mayɔ dɔe. Makplɔe, eye mafa akɔ na eya kple eƒe konyifalawo.
19
Mana nuyiwo nadzi kafukafuha. Aƒetɔ be: Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe kple kpuiƒe nɔlawo siaa; eye mayɔ dɔ wo.
20
Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe ƒu dzeagbo ene; elabe ƒu dzeagbo mate ŋu anɔ anyi kpoo o, eye eƒe tsiwo ɖea gbeɖuɖɔ kple ba ɖe go.
21
Nye Mawu be: Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”
← Chapter 56
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 58 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66