bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 1
Jeremiah 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 2 →
1
Nya siawo nye Yeremya, Xilkiya vi, ƒe nyawo. Xilkiya nye nunɔla siwo nɔ Anatot le Benyamin-nyigba dzi la dometɔ ɖeka.
2
Aƒetɔ de gbe asi na Yeremya le Yuda-fia Yosiya, Amon vi la, ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enelia me.
3
Egaxɔ gbedeasi esime Yehoyakim, Yosiya vi la, nye fia, va se ɖe Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi la, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui ɖekɛlia ƒe nuwuwu. Ƒe sia ƒe dzinu atɔ̃lia mee woɖe aboyo Yerusalemnɔlawo.
4
Azɔ Aƒetɔ gblɔ nam be:
5
“Hafi mawɔ wò ɖe nɔwò ƒe dɔme la, menya wò, eye hafi woadzi wò la, mekɔ ŋuwò tsɔ ɖo gbeƒãɖela na dukɔwo.”
6
Tete megblɔ be: “O, Aƒetɔ Mawu, kpɔ ɖa, nyemenya nuƒoƒo o; nyemetsi o.”
7
Ke Aƒetɔ gblɔ nam be: “Mègagblɔ be: ‘Nyemetsi o,’ ke afi sia afi si maɖo wò ɖo la, yi, eye nàgblɔ nya siwo katã magblɔ na wò be nàgblɔ la.
8
Mègavɔ̃ wo o, elabe meli kpli wò be maɖe wò.” Aƒetɔ lae gblɔe.
9
Tete Aƒetɔ do asi ɖa, tɔ́ nu nam, eye wògblɔ nam be: “Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo de nuwò me.
10
Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu egbe, be nàlã nu, agbã nu, nàtsrɔ̃ nu, agblẽ nu, nàtso aƒe, eye nàƒã nu.”
11
Aƒetɔ biam be: “Yeremya, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be: “Mele ŋutenɔti aɖe kpɔm.”
12
Ale Aƒetɔ gblɔ nam be: “Eya tututue nèkpɔ. Mele ŋute ɖe nye nyawo ŋu, akpɔ egbɔ be wova eme pɛpɛpɛ.”
13
Azɔ Aƒetɔ gaƒo nu nam zi evelia be: “Nu ka kpɔm nègale?” Meɖo eŋu be: “Mele ze aɖe, si le fiefiem, eye wòviã tso dzigbeme ɖo ɖe gbɔnye lɔƒo la, kpɔm.”
14
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Dzɔgbevɔ̃e atso dzigbeme lɔƒo adzɔ ɖe anyigba la dzi nɔlawo katã dzi,
15
elabe kpɔ ɖa, mele dukɔ siwo katã le dzigbeme la yɔm. Wo katã woava, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ali eƒe fiazikpui anyi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu. Woaƒo xlã eƒe gliwo katã, eye woatso ɖe Yuda-duwo katã ŋu.
16
Mahe to na wo ɖe woƒe nuvɔ̃ɖi siwo katã wowɔ hegblẽm ɖi la ta: wotɔ dzo lifi na mawu bubuwo, eye wosubɔ nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ asi wɔe la.
17
Ke wò la, bla ali dzi, tso, eye nàgblɔ nya sia nya si meɖe gbe na wò be nàɖagblɔ na wo la, na wo. Womegadzi ŋɔ na wò o, ne menye nenem o la, mana vɔvɔ̃ naɖo wò boŋ le wo ŋkume.
18
Kpɔ ɖa, nye la, metsɔ wò wɔ du sesẽ, ga yibɔ sɔti kple akɔbligli egbe; ne nàtsi tre ɖe anyigba blibo la, Yuda-fiawo, eƒe amegãwo, eƒe nunɔlawo kple dukɔmetɔwo ŋuti.
19
Woawɔ avu kpli wò; ke womanɔ te ɖe nuwò o, elabe meli kpli wò be maɖe wò.” Aƒetɔ lae gblɔe.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52