bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 44
Jeremiah 44
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 43
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 45 →
1
Aƒetɔ ƒe gbedeasi ɖe Yudatɔ siwo katã le Egipte-nyigba dzi, le Migdol, Taxpanxes, Memfis kple Patros-nyigba ŋu la.
2
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: “Miekpɔ dzɔgbevɔ̃e siwo katã mehe va Yerusalem kple Yuda-duwo katã dzii. Kpɔ ɖa, egbe la, wozu aƒedo; ame megale wo me o.
3
Elabe wo me nɔlawo wɔ nuvɔ̃ɖi tsɔ do dziku nam. Woyi ɖatɔ dzo lifi na mawu bubuwo, eye wosubɔ wo. Evɔ, woawo, miawo kple mia tɔgbuiwo menya mawu mawo o.
4
Meɖo nye dɔla gbeƒãɖelawo katã ɖa edziedzi be woagblɔ na mi be: ‘O, migawɔ ŋunyɔnu sia si melé fui la o.’
5
Gake womeɖo tom, ade nye nyawo susu me ale be woadzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ eye womagatɔ dzo lifi na mawu bubuwo.
6
Eya ta metrɔ nye dziku kple dɔmedzoe ƒo ɖe Yuda-duwo dzi kple ablɔwo me le Yerusalem, eye wofiã zu aƒedo kple gbegbe abe ale si wogale egbe sia ene.
7
Azɔ Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la le biabiam be: Nu ka ta miele nuvɔ̃ɖi sia wɔm ɖe mia ɖokui ŋu, be mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ hetsrɔ̃ ŋutsu kple nyɔnu, ɖevi kple vidzĩ ɖa le Yuda-nyigba dzi ale be mia dometɔ aɖeke mesusɔ o?
8
Nu ka ta miedo dziku nam kple miaƒe asinudɔwɔwɔwo, eye miele dzo tɔm lifi na mawu bubuwo le Egipte-nyigba dzi, afi si mieva le la? Ne miatsrɔ̃ mia ɖokui, eye miazu ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu le anyigba dzi dukɔwo katã dome tae loo?
9
Ðe mieŋlɔ mia tɔgbuiwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye, Yuda-fiawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye, wo srɔ̃wo ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye, miawo ŋutɔ ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye kple mia srɔ̃wo ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye si wowɔ le Yuda-nyigba dzi kple ablɔwo me le Yerusalem la bea?
10
Womebɔbɔ wo ɖokui va se ɖe egbe alo avɔ̃m o. Womezɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖo siwo mewɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la nu o.
11
Eya ta, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, meɖoe be mahe dzɔgbevɔ̃e ava mia dzi, ne matsrɔ̃ Yuda-dukɔ blibo la ɖa.
12
Mana Yuda-dukɔa ƒe ame susɔea siwo ɖoe be yewoayi ɖanɔ Egipte-nyigba dzi la katã natsrɔ̃. Woatsrɔ̃ le Egipte-nyigba dzi le afi ma. Aʋawɔwɔ kple dɔwuame ye latsrɔ̃ wo. Ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa aku ɖe aʋawɔwɔ kple dɔwuame si me. Woava zu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu.
13
Mahe to na ame siwo le Egipte-nyigba dzi abe ale si metsɔ aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ he to na Yerusalemnɔlawoe ene.
14
Ale Yuda-dukɔa ƒe ame susɔea siwo va Egipte-nyigba dzi nɔ ge la dometɔ aɖeke masí, alo atsi agbe, alo agbugbɔ ayi ɖe Yuda-nyigba dzi, afi si le wo dzrom be yewoatrɔ yi aɖanɔ la akpɔ o. Elabe womagatrɔ ayi o, negbe aʋasíla aɖewo ko.”
15
Tete ŋutsu siwo katã nya be yewo srɔ̃wo tɔ dzo lifi na mawu bubuwo kple nyɔnu siwo katã le tsitre ɖe afi ma, ameha gã aɖe, hekpe ɖe ame siwo katã le Egipte-nyigba ƒe anyigbeme ŋu la, ɖo nyaa ŋu na Yeremya be:
16
“Nya si nègblɔ na mí le Aƒetɔ ŋkɔ me la, míele edzi wɔ ge o.
17
Ke míawɔ nu sia nu si míeɖe adzɔgbe be míawɔ la. Míatɔ dzo lifi na dziƒofianyɔnu la, eye míaƒo tsi ɖi nɛ. Míawɔe abe ale si mía kple mía tɔgbuiwo siaa, míaƒe fiawo kple míaƒe amegãwo míewɔnɛ le Yuda-duwo me kple le ablɔwo me le Yerusalem ene. Elabe ɣe ma ɣi la, míekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo, agbenɔnɔ dze edzi na mí, eye dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe mía dzi o.
18
Gake tso esime míenya dzudzɔ dzotɔtɔ lifi na dziƒofianyɔnua eye míegale tsi ƒom ɖi nɛ o ko la, hiã tu mí le nu sia nu me eye aʋawɔwɔ kple dɔwuame tsrɔ̃ mí.”
19
Tete nyɔnuawo gblɔ be: “Esi míetɔ dzo lifi na dziƒofianyɔnua eye míeƒo tsi ɖi nɛ la, ɖe mía srɔ̃wo melɔ̃na ɖe edzi na mí hafi míeƒoa abolo nɛ, taa eƒe nɔnɔme ɖe edzi, eye míeƒoa tsi ɖi nɛ oa?”
20
Tete Yeremya gblɔ na ŋutsuawo kple nyɔnuawo kpakple ame siwo katã ɖo nyaa ŋu nɛ alea la be:
21
“Ɖe miebu be Aƒetɔ ƒe ŋku mele miawo kple mia tɔgbuiwo, miaƒe fiawo kple miaƒe amegãwo kpakple dukɔ bliboa ƒe lifi si mietɔ dzo le Yuda-duwo me kple ablɔwo me le Yerusalem la dzi oa? Ɖe miebu be eŋlɔe bea?
22
Aƒetɔ magate ŋu ado dzi atsɔ nuvɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu siwo wɔm miele la o. Eya ta miaƒe anyigba zu aƒedo, gbegbe kple ɖiŋudonu eye ame vɔ le edzi abe ale si wòle egbe ene.
23
Dzɔgbevɔ̃e siawo dzɔ ɖe mia dzi abe ale si wòle egbe ene elabe mietɔ dzo lifi na mawu bubuwo, eye miewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu. Esi mimese eƒe gbe alo zɔ ɖe eƒe seawo, ɖoɖoawo kple ɖaseɖiɖiwo nu o tae.”
24
Yeremya gblɔ na dukɔ bliboa kple nyɔnuawo katã be: “Mi Yudatɔ siwo katã le Egipte-nyigba dzi, mise Aƒetɔ ƒe gbedeasi.
25
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: ‘Mi kple mia srɔ̃wo miewɔ nu si mieke nu gblɔ la dzi, eye mietsɔ asi wɔe hã hegblɔ be: Míawɔ adzɔgbe si míeɖe la dzi godoo be míatɔ dzo lifi na dziƒofianyɔnua, eye míaƒo tsi ɖi nɛ. Milé adzɔgbe si mieɖe la me ɖe asi, eye miwɔ edzi.’
26
Eya ta mi Yudatɔ siwo katã le Egipte-nyigba dzi, mise Aƒetɔ ƒe gbedeasi be: Kpɔ ɖa, metà nye ŋkɔ gã la, Aƒetɔ lae gblɔe, be ne Yudatɔ aɖe ake nu ayɔ nye ŋkɔ le Egipte-nyigba bliboa dzi atà nui be: ‘Metà Aƒetɔ Mawu ƒe agbe’ fĩi!
27
Kpɔ ɖa, manɔ mo xexi akpɔ egbɔ be vɔ̃ wɔ wo, menye nyui o. Yudatɔ siwo katã le Egipte-nyigba dzi la, aʋawɔwɔ kple dɔ vɔ̃ atsrɔ̃ wo va se ɖe esime woavɔ ɖa.
28
Ame siwo meku le aʋa me o la, anɔ ʋɛ agbugbɔ tso Egipte-nyigba dzi ayi Yuda-nyigba dzi. Ale Yudatɔ siwo katã susɔ yi be yewoaɖanɔ Egipte-nyigba dzi la, anya ame si ƒe nyae le eme: tɔnye alo wo tɔ.
29
Esia anye dzesi na mi, Aƒetɔ lae gblɔe, be mele to he ge na mi le teƒe sia ale be mianya be nya vɔ̃ si gblɔm mele ɖe mia ŋu la le eme va ge kokoko.
30
Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, matsɔ Egipte Fiagã Xofra ade asi na eƒe futɔwo kple ame siwo di be yewoaɖe eƒe agbe ɖa la, abe ale si metsɔ Yuda-fia Zedekiya de asi na Babilon-fia Nebukadnezar, ame si nye eƒe futɔ eye wòdi be yeawui la ene.”
← Chapter 43
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 45 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52