bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 41
Jeremiah 41
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 42 →
1
Le ɣleti adrẽlia me le ƒè ma me la, Ismael, Netanya vi, ame si nye Elisama ƒe tɔgbuiyɔvi, si tso fiaƒomea me, eye wònye fia ƒe amegãwo dometɔ ɖeka la kplɔ ŋutsu ewo kpe ɖe eɖokui ŋu va Gedalya, Axikam vi la gbɔ le Mizpa. Esi woƒo ƒu nɔ nu ɖum ɖekae le Mizpa la,
2
Ismael, Netanya vi kple ŋutsu ewo siwo kpe ɖe eŋu la tso, he woƒe yiwo ɖe go, eye wowu Gedalya, Axikam vi, Safan vi, ame si Babilon-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.
3
Ismael wu Yudatɔ siwo katã le Gedalya gbɔ le Mizpa la hã. Gawu la, Kaldea-srafo siwo le afi ma la hã tsi esi me.
4
Le Gedalya wuwu ƒe ŋufɔke, esi ame aɖeke menya haɖe o la,
5
ŋutsu bla enyi tso Sixem, Silo kple Samaria va. Wolũ ge, le awu vuvuwo me, eye wosi wo ɖokui ŋu. Wotsɔ lu kple lifi ɖe asi vɛ be yewoatsɔ ana le Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
6
Tete Ismael, Netanya vi la, do tso Mizpa va kpe wo le avi fam. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be: “Mige ɖe eme miakpɔ Gedalya, Axikam vi la ɖa!”
7
Ke esi woge ɖe dua me la, Ismael, Netanya vi la kple ŋutsu siwo kpe ɖe eŋu la wu ameawo, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe vudo aɖe me.
8
Ke ŋutsu ewo le ameawo dome gblɔ na Ismael be: “Míeɖe kuku, mègawu mí o. Lu, ƒo, ami kple anyitsi le mía si, míeɣla ɖe gbe me.” Ale megaxa wu wo kpe ɖe wo tɔwo ŋu o.
9
Azɔ vudo si me Ismael tsɔ ŋutsu, siwo katã wòwu kpe ɖe Gedalya ŋu ƒe ŋutilã kukuawo ƒu gbe ɖo la, nye vudo gã aɖe si fia Asa ɖe, tsɔ xe mɔ na Israel-fia Baesa. Ismael, Netanya vi la, fɔ ame kukuawo kɔ ɖe eme tsɔ xee.
10
Azɔ Ismael ɖe aboyo ame mamlɛ siwo katã nɔ Mizpa, fiavinyɔnuwo kple ame siwo katã susɔ ɖe Mizpa siwo fia ŋu srafowo ƒe tatɔ Nebuzaradan tsɔ de Gedalya, Axikam vi la si. Ismael, Netanya vi la ɖe aboyo ame siawo katã, eye wokplɔ wo dzoe ɖo ta Amon-nutome.
11
Ke esi Yehohanan, Kareax vi la kple aʋakplɔla siwo katã kpe ɖe eŋu la se nuvɔ̃ɖi siwo katã Ismael, Netanya vi wɔ la,
12
wokplɔ woƒe aʋawɔlawo katã, eye woho be woaɖawɔ aʋa kple Ismael, Netanya vi la. Wotui le ta gã si le Gibeon la to.
13
Esi ame siwo katã le Ismael gbɔ la kpɔ Yehohanan, Kareax vi la kple aʋakplɔla siwo katã kpe ɖe eŋu la, dzi dzɔ wo.
14
Ale ame siwo katã Ismael ɖe aboyoe tso Mizpa la trɔ le eŋu va yi Yehohanan, Kareax vi la dzi.
15
Gake Ismael, Netanya vi la kple ŋutsu enyi, wosí le Yehohanan nu yi ɖe Amon-nyigba dzi.
16
Tete Yehohanan, Kareax vi la kple aʋakplɔla siwo katã kpe ɖe eŋu la, kplɔ ame susɔe siwo katã Ismael, Netanya vi la ɖe aboyoe tso Mizpa esime wòwu Gedalya, Axikam vi la megbe. Ekplɔ wo tso Gibeon vɛ. Ameawoe nye: aʋawɔlawo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple aƒedzikpɔlawo.
17
Wodze mɔ va tɔ ɖe Gerut-Kimham si le Betlehem gbɔ be yewoayi ɖe Egipte,
18
le Kaldeatɔwo ta. Wole wo vɔ̃m elabe Ismael, Netanya vi la, wu Gedalya, Axikam vi la, ame si Babilon-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 42 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52