bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 7
Jeremiah 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 8 →
1
Gbedeasi si Yeremya xɔ tso Aƒetɔ gbɔ lae nye esi.
2
“Tsi tre ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe agbo la me, eye nàɖe gbeƒã nya sia le afi ma be: Mi Yudatɔ, siwo gena ɖe agbo sia me be yewoasubɔ Aƒetɔ la, mise Aƒetɔ ƒe nya.
3
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be, miɖɔ miaƒe agbenɔnɔ kple miaƒe nuwɔnawo ɖo, ekema mana mianɔ teƒe sia.
4
Migaɖo dzi ɖe ameblenya siwo gblɔm wole be: ‘Aƒetɔ ƒe gbedoxɔe nye esia, Aƒetɔ ƒe gbedoxɔe, Aƒetɔ ƒe gbedoxɔe!’ la ŋu o.”
5
“Elabe ne mieɖɔ miaƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo ɖo tututu, eye ne miedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le mia nɔewo dome ɖe eteƒe,
6
ne miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, ne miekɔ ʋu maɖifɔ ɖe anyi le teƒe sia o, eye nenye be miedze mawu bubuwo subɔsubɔ yome atsɔ wɔ nu vevi mia ɖokui o la,
7
ekema mana mianɔ teƒe sia, le anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo tso blema ke la dzi tegbee.”
8
“Kpɔ ɖa, miele dzi ɖom ɖe ameblenya ŋuti dzodzro.
9
Ɖe mianɔ fi fim, anɔ ame wum, anɔ ahasi wɔm, anɔ atam dzodzro kam, anɔ dzo tɔm lifi na Baal, eye miakplɔ mawu siwo mienya o la ɖo;
10
hafi ava tsi tsitre ɖe ŋkunye me, le aƒe sia, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la me, agblɔ be: ‘Woɖe mí’ ko miagayi ŋunyɔnu siawo katã wɔwɔ dzia?
11
Ðe xɔ sia, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la, zu adzodalawo ƒe beɖoƒe le mia gbɔa? Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ hã mekpɔ nu si wɔm miele. Aƒetɔ lae gblɔe.
12
Azɔ miyi nye teƒe si nɔ Silo, afi si mena nye ŋkɔ nɔ tsã, ne miakpɔ nu si metu kplii le nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta la ɖa.
13
Azɔ Aƒetɔ be esi miewɔ nu siawo katã, eye esi meƒo nu na mi atraɖii mieɖo tom o, esi meyɔ mi, mietɔ o ta la,
14
eya ta mawɔ aƒe si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, esi ŋu mieɖoa dzi ɖo kple teƒe si metsɔ na mia kple mia tɔgbuiwo la, abe ale si mewɔ Siloe ene.
15
Matsɔ mi aƒu gbe tso nye ŋku ta abe ale si metsɔ mia nɔvi siwo katã nye Efrayim ƒe dzidzimeviwo ƒu gbee ene.”
16
“Ke wò la, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku alo aƒo koko ɖe wo ta hã o. Mègaƒoe ɖe nunye o, elabe nyemesenɛ na wò o.
17
Ɖe wò ya, mele nu siwo wɔm wole le Yuda-duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi la kpɔm oa?
18
Viwo le nake fɔm, wo tɔ́wo le dzo dom, eye wo nɔwo le amɔwɔ blum ne woatsɔ wɔ tatali na nyɔnumawu Dziƒofianyɔnu. Woƒo aha ɖi na mawu bubuwo be yewoatsɔ do dziku nam.
19
Nyee wole dziku dom naa? Aƒetɔ lae gblɔe. Ɖe menye woawo ŋutɔe le ŋukpe dom wo ɖokui oa?
20
Eya ta Aƒetɔ Mawu be, kpɔ ɖa, matrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helihelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi. Makɔe ɖe amegbetɔ kple lã, gbemetiwo kple kutsetsewo gɔ̃ hã dzi. Abi nu, womate ŋu atsii o.”
21
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: “Mitsɔ miaƒe numemevɔsawo kpe ɖe miaƒe vɔsawo ŋu, eye miaɖu lã la.
22
Esi mekplɔ mia tɔgbuiwo tso Egipte-nyigba dzi la, nyemegblɔ nya aɖeke alo de se na wo le numemevɔsa kple vɔsawo ŋu o.
23
Ke boŋ mewɔ se sia na wo be: ‘Mise nye gbe, ne manye mia Mawu, eye miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ mɔ si ƒe se mede na mi la dzi, be eme nanyo na mi.’
24
Ke wogbe nye gbe sese, eye womeɖo tom o. Ke wozɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe aɖaŋu vɔ̃ kple dzimesesẽ nu, eye wozɔ megbemegbee; womeɖe zɔ yi ŋgɔ o.
25
Tso gbe si gbe mia tɔgbuiwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi va ɖo egbe la, meɖoa nye dɔlawo, siwo nye nye gbeƒãɖelawo la, ɖe wo enuenu tso ŋkeke yi ŋkeke.
26
Ke womeɖo tom alo se nye gbe o. Gake wolia kɔ. Wowɔ nu gbegblẽ wu wo tɔgbuiwo.”
27
“Eya ta ele be nàgblɔ nya siawo katã na wo, ke womele wo se ge na wò o. Àyɔ wo, ke womatɔ na wò o.
28
Gblɔ na wo be: ‘Esia nye dukɔ si gbe Aƒetɔ, eƒe Mawu ƒe gbe sese, gbe hehexɔxɔ. Nyateƒetoto vɔ keŋ; womegasenɛ le ame aɖeke nu o.
29
Milũ miaƒe taɖa, miatsɔ aƒu gbe. Midzi avihɛwo le to ƒeƒlewo tame elabe Aƒetɔ gbe mi, eye wònyà mi, dzidzime, si doa dɔmedzoe nɛ la.’ ”
30
Aƒetɔ be: “Elabe Yudaviwo wɔ nuvɔ̃ɖi le ŋkunye me. Wotsɔ woƒe ŋunyɔnuwo da ɖe xɔ si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la me, ale wogblẽ kɔ ɖo nɛ.
31
Woɖi Tofet-vɔsamlekpui la ɖe Hinom vi ƒe bali la me, ale be woatsɔ wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo asa vɔe le dzo me le afi ma. Nyemegblɔ na wo be woawɔ esia o; meva tame nam gɔ̃ hã kpɔ o.
32
Eya ta, kpɔ ɖa, Aƒetɔ be ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime womagayɔe be Tofet alo Hinom vi ƒe bali azɔ o; ke boŋ woayɔe be Amewubali. Woaɖi ame ɖe afi ma elabe teƒe bubu aɖeke maganɔ anyi woaɖi ame ɖo o.
33
Dukɔ sia ƒe ame kukuwo azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo siaa, eye ame aɖeke mado vɔvɔ̃ na wo anyà wo ɖa o.
34
Matsi aseyetsoha, dzidzɔɣli kple ŋugbetɔsrɔ̃ kple ŋugbetɔ ƒe dzidzɔkpɔhawo nu le Yuda-duwo me kple Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, elabe anyigba la azu gbegbe.”
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52