bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 30
Jeremiah 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 31 →
1
Gbedeasi tso Aƒetɔ gbɔ va na Yeremya be:
2
Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: “Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò la ɖe agbalẽ me.
3
Aƒetɔ be: Elabe kpɔ ɖa, ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esime maɖo nye dukɔ, Israel kple Yuda, ƒe nunyonamewo te. Aƒetɔ lae gblɔe. Makplɔ wo agbɔe ava anyigba si metsɔ na wo tɔgbuiwo la dzi, eye woaxɔe wòanye wo tɔ.”
4
Aƒetɔ gblɔ ɖe Israel kple Yuda ŋu be:
5
“Aƒetɔ be: Míese ɣli aɖe, dzikatsoameƒo, ŋɔdzi kple ŋutifafa manɔanyi ɣlie.
6
Azɔ mibia, eye mibu eŋu kpɔ! Ðe ŋutsu ate ŋu dzi via? Ekema nu ka tae mekpɔ ŋutsu ɖe sia ɖe wòɖo asi ali abe nyɔnu si le ku lém la ene? Nu ka tae mo ɖe sia ɖe fu tititi?
7
Aléle! Ŋkeke ma dzi ŋɔ; ŋkeke aɖeke masɔ kplii o. Xaxaɣi wònye na Yakob gake woaɖee le eme.”
8
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Ava eme gbe ma gbe, maŋe woƒe kɔkuti ɖa le woƒe kɔ, atso woƒe kawo, eye amedzrowo magawɔ wo subɔlawoe azɔ o.
9
Ke boŋ woasubɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la kple woƒe fia David, ame si meɖo na wo la.”
10
Eya ta Aƒetɔ be: “Mègavɔ̃ o, nye dɔla Yakob. Israel, dzi megaɖe le ƒowò o, elabe kpɔ ɖa, maxɔ na wò tso didiƒe ʋĩi, maxɔ na wò dzidzimeviwo le anyigba si dzi wole aboyo me le. Yakob atrɔ gbɔ va aƒe, anɔ anyi bɔkɔɔ le dziɖeɖi me, eye naneke mado ŋɔdzi nɛ o.
11
Elabe meli kpli wò, ne maɖe wò, Aƒetɔ lae gblɔe. Matsrɔ̃ dukɔ siwo katã dome mekaka mi ɖo ɖa la, ke wò ya, nyematsrɔ̃ wò gbidii o. Mahe to na wò ale si dze pɛpɛpɛ, eye nyemagbe tohehe na wò gbeɖe o.”
12
Elabe Aƒetɔ be: “Nu vevi si wɔ wò la, manya da o; abi makumakue nèxɔ.
13
Wò nya meka ame aɖeke o, atike aɖeke meli na wò abiawo o; naneke meli woawɔ nàhaya o.
14
Wò ahiãviwo katã ŋlɔ wò be; womegatsɔ ɖeke le eme na wò o, elabe metu nu kpli wò abe futɔ ene, eye mehe to na wò nublanuimakpɔmakpɔtɔe abe ketɔ ene; elabe èɖi fɔ ŋutɔ, eye wò nuvɔ̃wo sɔ gbɔ ale gbegbe.
15
Nu ka tae nèle ɣli dom le nu vevi si wɔ wò la ta? Wò vevesese la manyada o. Mewɔ nu siawo wò, elabe èɖi fɔ ŋutɔ, eye wò nuvɔ̃wo sɔ gbɔ ale gbegbe. Nyee wɔ nu siawo wò.
16
Eya ta ame siwo katã vuvu wò la, woavuvu wo. Wò ketɔwo katã, wo dometɔ ɖe sia ɖe, ayi aboyo me. Ame siwo ha wò la, woaha woawo hã; ame siwo katã da adzo wò la, woada adzo woawo hã.
17
Elabe mana nàgakpɔ lãmesẽ, eye wò abiawo aku, Aƒetɔ lae gblɔe, elabe woyɔ wò be amenyàdegbea: ‘Zion si ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme na o!’ ”
18
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, magaɖo Yakob ƒe aƒe la ƒe nunyonamewo te, eye makpɔ nublanui na enɔƒewo. Woagatso du la ɖe eƒe togbɛa dzi, eye fiasã la anɔ teƒe si wònɔ tsã la.
19
Akpedahawo aɖi tso teƒe mawo, eye dzidzɔkpɔlawo ƒe gbe aɖi atso afi ma. Mana woadzi asɔ gbɔ, eye womazu ʋɛ o. Made bubu wo ŋu, eye womaɖi gbɔ wo o.
20
Wo viwo aganɔ abe ale si wonɔ tsã la ene. Woƒe amehawo ali ke le ŋkunye me, eye mahe to na ame siwo katã te wo ɖe anyi la.
21
Woƒe amegã anye wo dometɔ ɖeka, eye wo dziɖula ado tso wo dome. Mana wòate va gbɔnye, eye wòate ɖe ŋunye elabe ame kae ate ŋu ado dzi ate ɖe ŋunye? Aƒetɔ lae gblɔe.
22
Mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu.”
23
Mikpɔ Aƒetɔ ƒe ahom ɖa! Dɔmedzoe do yina. Ele totrom abe yali ene, eye wòbla ame vɔ̃ɖiwo ƒe ta kɔtɔɔ.
24
Aƒetɔ ƒe dziku helihelĩ la nu mafa o va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo be yeawɔ wu enu vɔ keŋ hafi. Emegbe la, miase egɔme nyuie.
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52