bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 23
Jeremiah 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 24 →
1
Aƒetɔ be: “Baba na alẽkplɔla siwo tsrɔ̃ nye alẽwo le nye lãnyiƒe, eye woka hlẽ la.”
2
Eya ta Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe alẽkplɔla siwo le eƒe dukɔa dzi ɖum la ŋu be: “Miawoe kaka nye alẽwo, nyà wo de gbe, eye mielé be na wo o. Kpɔ ɖa, mahe to na mi le nuvɔ̃ɖi siwo miewɔ la ta. Aƒetɔ lae gblɔe.
3
Ekema maƒo nye alẽha mamlɛawo nu ƒu tso dukɔ siwo katã me menyà wo ɖo ɖa la, woagbugbɔ ava woawo ŋutɔ ƒe gbeɖuƒe, eye woadzi asɔ gbɔ ɖe edzi.
4
Maɖo alẽkplɔla siwo alé be na wo la na wo. Womagavɔ̃ azɔ o, dzi magaɖe le wo ƒo o, eye wo dometɔ aɖeke mabu o. Aƒetɔ lae gblɔe.
5
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime matia fia nu dzɔdzɔe wɔla aɖe tso David ƒe dzidzimeviwo dome. Fia sia aɖu fia kple nunya, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi.
6
Le eƒe fiaɖuɣi la, woaxɔ Yuda-dukɔ ɖe agbe, eye Israel-dukɔ anɔ dedie. Ŋkɔ si woayɔ nɛ lae nye: ‘Aƒetɔ, míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ.’ ”
7
Eya ta Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi gbɔna esime amewo magatà nu agblɔ be, ‘Zi ale si Aƒetɔ le agbe, ame si kplɔ Israelviwo tso Egipte-nyigba dzi la’ o,
8
ke boŋ be, ‘Metà Aƒetɔ gbagbe ame si kplɔ Israelviwo tso dzigbemenyigba kple anyigba siwo katã dzi wònyà wo ɖo ɖa la dzi vɛ la.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
9
Nya siwo gbɔna la ku ɖe gbeƒãɖelawo ŋu: Nye dzi gbã ɖe dɔme nam; nye ƒuwo katã le ʋuʋum. Mezu abe ahamula ene, abe ŋutsu si wain wú ko na la ene, le Aƒetɔ ta, le eƒe nya kɔkɔeawo ta.
10
Elabe ahasitɔwo yɔ anyigba la dzi taŋ. Anyigba le nu xam le fiƒode la ta. Lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla le gbedadaƒo. Woƒe mɔwo vɔ̃ɖi, eye woƒe kalẽwɔwɔ mele eteƒe o.
11
“Gbeƒãɖelawo kple nunɔlawo siaa nye nu tovo wɔlawo. Le keke nye aƒeme gɔ̃ hã, mekpɔ woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ. Aƒetɔ lae gblɔe.
12
Eya ta woƒe mɔ anɔ na wo abe mɔ siwo le ɖiɖim le viviti me ene. Woanyà wo ɖo ɖe mɔ siawo dzi, eye woadze anyi. Elabe mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi le ƒe si me mahe to na wo. Aƒetɔ lae gblɔe.
13
Gbeƒãɖela siwo le Samaria hã le nane wɔm, menya le kpɔkpɔm o. Wole gbeƒã ɖem le Baal ŋkɔ me, eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.
14
Gake nu si wɔm gbeƒãɖela siwo le Yerusalem le mekpɔ la vɔ̃ɖi: Wole ahasi wɔm, le alakpa dam; wole ŋusẽ dom nuvɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi ale be ame aɖeke mele tɔtrɔm le eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me o. Wo katã va zu abe Sodomtɔwo ene nam, eye emenɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”
15
Eya ta Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la le gbɔgblɔm ɖe gbeƒãɖelawo ŋu be: “Kpɔ ɖa, mana gbe veve wo, woaɖu, eye makpe tsi si me aɖi le la na wo, woano. Elabe gbeƒãɖela siwo le Yerusalem la gbɔ nu tovo wɔwɔ tso kaka ɖe anyigba blibo la dzi.”
16
Ale Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Migaɖo to nya siwo gbeƒãɖelaawo le gbeƒã ɖemee na mi la o. Mia flum wole. Ŋutega siwo gblɔm wole la nye woawo ŋutɔ ƒe susu. Menye Aƒetɔ ye ke nu gblɔ nya aɖeke na wo o.
17
Wole gbɔgblɔm edziedzi na ame siwo gbe Aƒetɔ ƒe nya la be, ‘Eme anyo na mi’, eye wole gbɔgblɔm na ame siwo katã dze aglã ɖe ŋunye, le nu siwo dze wo ŋu wɔm la be, ‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke madzɔ ɖe mia dzi o.’ ”
18
Gbeƒãɖela siawo dometɔ kae nɔ Aƒetɔ ƒe takpekpe me kpɔ be wòakpɔ nu, eye wòase eƒe nya? Wo dometɔ kae ke to ɖi, se eƒe nya?
19
Mikpɔ Aƒetɔ ƒe ahom ɖa! Dɔmedzoe do yina. Ele totrom abe yali ene, eye wòbla ame vɔ̃ɖiwo ƒe ta kɔtɔɔ.
20
Aƒetɔ ƒe dzi mafa o va se ɖe esime wòwɔ nu si wòɖo be yeawɔ wu enu vɔ keŋ hafi. Emegbe la, miase egɔme nyuie.
21
“Nyemedɔ gbeƒãɖelaawo o gake wolé du tsɔ. Nyemegblɔ nya aɖeke na wo o, ke woyi ɖaɖe gbeƒã gbedeasi.
22
Gake nenye ɖe wode adaŋu kplim, anye ne wote ŋu ɖe gbeƒã nye gbedeasi na nye dukɔ, eye anye ne woaɖe asi le woƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu ahadzudzɔ nuvɔ̃ɖi siwo wɔm wole la.”
23
Aƒetɔ be: “Mawu si tsɔ ɖe ame gbɔ la ko menye, ke menye Mawu si le adzɔge oa?
24
Aƒetɔ be: Ðe ame aɖe ate ŋu abè ɖe ɣaɣlaƒe, eye nyemate ŋu akpɔe oa? Ðe nyemele afi sia afi le dziƒo kple anyigba oa? Aƒetɔ lae gblɔe.
25
Mese gbeƒãɖela siwo le gbeƒã ɖem alakpanyawo le nye ŋkɔ me le gbɔgblɔm be, ‘Meku drɔ̃e, drɔ̃e meku.’
26
Ɣe ka ɣie gbeƒãɖelawo adzudzɔ alakpadada, ame siwo bua alakpanyawo ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzime,
27
ame siwo buna be yewoana nye dukɔ naŋlɔ nye ŋkɔ be to drɔ̃e siwo wokuna helĩna na wo nɔewo la me, abe ale si wo tɔgbuiwo gɔ̃ hã ŋlɔ nye ŋkɔ be hetsɔ Baal ɖo eteƒe la ene?
28
Mina gbeƒãɖela si ku drɔ̃e la nalĩ eƒe drɔ̃e la abe ale si wolĩa drɔ̃e ene, gake ame si se nye gbedeasi la, neɖe gbeƒãe le nyateƒe me. Ðe woatsɔ gbe asɔ ɖe lu ŋua? Aƒetɔ lae gblɔe.
29
Aƒetɔ be: Ɖe nye gbedeasi mele abe dzo ene, gale abe zu si gbãa agakpe gudugudu la ene oa?
30
Eya ta, kpɔ ɖa, metsi tre ɖe gbeƒãɖela siwo fia nye gbedeasi le wo nɔewo nu la ŋuti.
31
Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, metsi tre ɖe gbeƒãɖela siwo ɖea gbeƒã woawo ŋutɔ ƒe nya, eye wogblɔna kple woƒe aɖe be ‘Aƒetɔ lae gblɔe’ la hã ŋuti.
32
Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, metsi tre ɖe ame siwo ɖea gbeƒã alakpadrɔ̃ewo la ŋuti kple ame siwo lĩa woƒe drɔ̃eawo tsɔna kplɔa nye dukɔ tranae to woƒe alakpadada kple woƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo me. Evɔ la, nyemedɔ wo o, eye nyemeɖe gbe na wo be woayi hafi o. Eya ta womeɖe vi aɖeke na dukɔ sia kura o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
33
“Ne dukɔ sia me tɔ aɖe alo gbeƒãɖela aɖe, alo nunɔla aɖe bia wò be: ‘Nu ka nye Aƒetɔ ƒe agba?’ hã la, ɖo eŋu na wo be: Aƒetɔ be: ‘Miawoe nye agba la, eye matsɔ mi aƒu gbe.’
34
Ne gbeƒãɖela aɖe, alo nunɔla aɖe, alo dukɔmetɔ aɖe gblɔ be: ‘Aƒetɔ ƒe agba’ la, mahe to na eyama kple eƒe aƒe siaa.
35
Ale mia dome ame sia ame nebia ehavi kple nɔvia be: ‘Ale ke Aƒetɔ ɖo nya la ŋui?’ alo ‘Nya kae Aƒetɔ gblɔ?’
36
Ke ame aɖeke megagblɔ be: ‘Aƒetɔ ƒe agba’ azɔ o, elabe ne egblɔe la, mana nye nya azu agba nɛ, esi dukɔ la trɔ gbo woƒe Mawu, Mawu gbagbe, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, ƒe nyawo ta.
37
Nya si nàbia gbeƒãɖelaawo lae nye: ‘Ŋuɖoɖo kae Aƒetɔ na mi? Nya kae Aƒetɔ gblɔ?’
38
Ke esi mienɔa gbɔgblɔm be: ‘Aƒetɔ ƒe agba’ la, esia ta Aƒetɔ be: “Esi miele nya siawo gbɔgblɔ dzi be: ‘Aƒetɔ ƒe agba’ evɔ meɖo ame ɖe mi be: ‘Migagblɔ be Aƒetɔ ƒe agba’ hafi o la,
39
eya ta, kpɔ ɖa, makɔ mi ɖe dzi, eye matsɔ mia kple du si metsɔ na mia kple mia tɔgbuiwo siaa la, aƒu gbe ɖa tso ŋkunye me.
40
Mahe ŋukpe kple vlodoame mavɔ si womaŋlɔ be akpɔ o la, ava mia dzi.”
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52