bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 34
Jeremiah 34
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 35 →
1
Aƒetɔ ƒo nu kple Yeremya esime Nebukadnezar, Babilon-fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, fiaɖuƒe siwo katã le anyigba, siwo dzi ɖum wòle kple dukɔ siwo katã le aʋa wɔm kple Yerusalem kpakple eƒe du siwo katã ƒo xlãe la.
2
Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: “Yi ɖagblɔ na Zedekiya, Yuda-fia be: ‘Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, mele du sia tsɔm de asi na Babilon-fia be wòatɔ dzoe.
3
Màsí ado le esi me o, ke boŋ woalé wò atsɔ de asi nɛ godoo. Àkpɔ Babilon-fia ŋkume kple ŋkume, eye àƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye àyi Babilon.’
4
Ke Zedekiya, Yuda-fia, ɖo to nàse Aƒetɔ ƒe nya. Aƒetɔ gblɔ ɖe ŋuwò be: Womawu wò le aʋa me o.
5
Àku le ŋutifafa me. Woado lifidzudzɔ na wò abe ale si wowɔnɛ na tɔgbuiwòwo, fia siwo ku va yi la ene. Woafa wò be: ‘Ao! Tɔgbui yi aƒe! Elabe nyee gblɔ nya la. Aƒetɔ lae gblɔe.’ ”
6
Tete Yeremya, gbeƒãɖela la gblɔ nya siawo katã na Zedekiya, Yuda-fia la, le Yerusalem.
7
Le ɣeyiɣi sia me la, Babilon-fia ƒe aʋakɔ le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Laxis kpakple Aseka siwo nye Yuda-du sesẽ siwo ko susɔ ɖi la hã.
8
Aƒetɔ gaƒo nu kple Yeremya. Do ŋgɔ la, fia Zedekiya bla nu kple Yerusalemnɔlawo be woaɖe gbeƒã be ablɔɖe do na wo,
9
eya ta ame sia ame neɖe asi le eƒe kluvi si nye Hebritɔ la ŋu, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, ale be ame aɖeke nagana nɔvia Yudatɔ nanye eƒe kluvi azɔ o.
10
Amegãwo katã kple ame bubu ɖe sia ɖe lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye wobla nu be ame sia ame naɖe asi le eƒe kluvi ŋu; eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o. Ame aɖeke naganye kluvi na ame aɖeke azɔ o. Ale wowɔ ɖoɖo la dzi, ɖe asi le kluviwo ŋu.
11
Gake emegbe la, wogatrɔ kplɔ kluviawo, ŋutsuawo kple nyɔnuawo siaa, siwo ŋu woɖe asi le la vɛ, eye wozi wo dzi wogazu woƒe kluviwo.
12
Tete Aƒetɔ ƒe gbedeasi va na Yeremya be:
13
“Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: Mebla nu kple mia tɔgbuiwo esime mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, tso aƒe si me wonye kluviwo le la, eye megblɔ na wo be:
14
‘Le ƒe ade sia ƒe ade ƒe nuwuwu la, mia dometɔ ɖe sia ɖe neɖe asi le nɔvia Hebritɔ si wodzra nɛ, eye wòsubɔe ƒe ade la ŋuti. Miɖe asi le eŋu wòadzo.’ Ke mia tɔgbuiwo gbe toɖoɖo, gbe nusese.
15
Gake nyitsɔ sia la, miawo ya mietrɔ dzime, eye miewɔ nu si le eteƒe le ŋkunye me, elabe mieɖe gbeƒã ablɔɖe na mia haviwo, eye miebla nu kple mia nɔewo le ŋkunye me le xɔ si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la me.
16
Tete ɖeko miegatrɔ susu hegblẽ kɔ ɖo nam! Mia dome ame sia ame gakplɔ eƒe kluvi, ŋutsu alo nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le abe ale si wodi ene la gava eɖokui gbɔ, eye wòna wògazu eƒe kluvi.
17
Eya ta Aƒetɔ be: Mimeɖo tom, ɖe gbeƒã ablɔɖe na mia nɔviwo kple miaƒe aƒelikawo o. Kpɔ ɖa, mele gbeƒã ɖem aʋawɔwɔ, dɔ vɔ̃ kple dɔwuame ƒe ablɔɖe na mi. Aƒetɔ lae gblɔe. Mawɔ mi miazu ŋɔdzinu na fiaɖuƒewo katã le anyigba dzi.
18
Ame siwo katã tu nye nubabla, eye womewɔ edzi o la, mawɔ wo abe ale si wofe nyivi la me ɖe eve, eye woto wo dome yii la ene.
19
Ame siawoe nye Yuda kple Yerusalem dumegãwo, aƒedzikpɔlawo, nunɔlawo kple ame bubu siwo katã to nyivi la ƒe akpa eveawo dome yi.
20
Matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo kple ame siwo le woƒe ku dim la. Woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple gbemelãwo.
21
Zedekiya, Yuda-fia kple eƒe amegãwo ya la, matsɔ wo ade asi na woƒe futɔwo kple ame siwo le woƒe ku dim la kpakple Babilon-fia ƒe aʋakɔ si gbugbɔ ɖe megbe le mia ŋu la.
22
Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, maɖe gbe na wo be woagatrɔ ava du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe ahatɔ dzoe. Mawɔ Yuda-duwo nazu gbegbe, afi si ame maganɔ o.”
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52