bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 36
Jeremiah 36
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 37 →
1
Esime Yuda-fia Yehoyakim, Yosiya vi, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enelia me la, Aƒetɔ ƒo nu kple Yeremya be:
2
“Tsɔ agbalẽ. Ŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò ɖe Israel kple Yuda kpakple dukɔwo katã ŋu la ɖe edzi. Dze egɔme tso esime mede asi nuƒoƒo me kpli wò le fia Yosiya ŋɔli va ɖo egbe.
3
Ðewohĩ Yuda-to la ase dzɔgbevɔ̃e siwo katã meɖo be mana woadzɔ ɖe wo dzi la, ale be wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ dzime tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi, eye matsɔ woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ kple nuvɔ̃ ake wo.”
4
Ale Yeremya yɔ Barux, Neriya vi, vɛ, eye wògblɔ nya siwo katã Aƒetɔ gblɔ nɛ la na Barux wòŋlɔ ɖe agbalẽ me.
5
Azɔ Yeremya de se na Barux be: “Womeɖe mɔ nam be mayi Aƒetɔ ƒe aƒe la me o.
6
Eya ta yi nàɖaxlẽ Aƒetɔ ƒe nya si mena nèŋlɔ la, le Aƒetɔ ƒe aƒe la me sesĩe le nutsidɔgbe ne dukɔa nase. Xlẽe na Yudatɔ siwo do tso woƒe duwo me va la hã ne woase.
7
Ðewohĩ Aƒetɔ ase woƒe kokoƒoƒo, eye ame sia ame atrɔ dzime tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi, elabe Aƒetɔ ƒe dziku kple dɔmedzoe si wòdo gblɔ ɖe dukɔa ŋu la dzi ŋɔ.”
8
Ale Barux, Neriya vi, yi Aƒetɔ ƒe aƒe la me, eye wòwɔ nu siwo katã Yeremya gblɔ nɛ be newɔ ku ɖe Aƒetɔ ƒe nyaa xexlẽ tso agbalẽa me ŋu la.
9
Esime Yuda-fia Yehoyakim, Yosiya vi, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè atɔ̃lia ƒe ɣleti asiekelia me la, Yerusalemnɔlawo kple ame siwo katã tso Yuda-duwo me la va Yerusalem va tsi nu dɔ le Aƒetɔ ŋkume.
10
Tete Barux xlẽ Yeremya ƒe nya siwo katã wògblɔ nɛ wòŋlɔ ɖe agbalẽa me la sesĩe ame sia ame se, le agbalẽŋlɔla Gemarya, Sefan vi ƒe xɔ me, le xɔxɔnu dzigbetɔ si le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe Agbo Yeye la nu.
11
Mixaya, Gemarya vi, ame si nye Safan ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖo to se Aƒetɔ ƒe nyaawo katã tso agbalẽa me.
12
Tete wòyi fiasã la me, eye wòge ɖe agbalẽŋlɔla la ƒe xɔ me. Amegãwo katã bɔbɔ nɔ afi ma: Elisama, agbalẽŋlɔla; Delaya, Semaya vi; Elnatan, Axbor vi; Gemarya, Safan vi kple Zedekiya, Xananya vi, hekpe ɖe amegã bubuawo katã ŋu.
13
Mixaya gblɔ nya siwo katã Barux xlẽ tso agbalẽa me na dukɔa wòse la na wo.
14
Tete amegãawo katã dɔ Yehudi, Netanya vi, ame si nye Selemya ƒe tɔgbuiyɔvi, eye wònye Kusi ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi la, be wòaɖagblɔ na Barux be: “Tsɔ agbalẽ si nèxlẽ na dukɔa wòse la ɖe asi nàva.” Ale Barux, Neriya vi, tsɔ agbalẽ la ɖe asi, eye wòva wo gbɔ.
15
Wogblɔ nɛ be: “Bɔbɔ nɔ anyi nàxlẽe!” Ale Barux xlẽe na wo.
16
Esi wose nyaawo katã la, wotrɔ ɖe wo nɔewo ŋu kple vɔvɔ̃, eye wogblɔ na Barux be: “Ele be míana fia nase nya siawo katã godoo!”
17
Azɔ wobia gbe Barux be: “Ale ke nèwɔ ŋlɔ nya siawo katã? Ɖe wògblɔ wo na wò nèŋlɔa? Gblɔe míse!”
18
Barux ɖo eŋu na wo be: “Egblɔ nya siawo katã nam ɖekaɖeka, eye metsɔ nuŋlɔtsi ŋlɔ woe ɖe agbalẽa me.”
19
Tete amegãawo gblɔ na Barux be: “Yi, ne wò kple Yeremya miayi ɖabè. Ame aɖeke meganya afi si miele o.”
20
Amegãawo tsɔ agbalẽa gblẽ ɖe Elisama, agbalẽŋlɔla ƒe xɔ me, eye woyi fia la gbɔ le eƒe xɔxɔnu ɖagblɔ agbalẽa me nyawo katã nɛ.
21
Tete fia la dɔ Yehudi ɖa wòyi ɖatsɔ agbalẽa le Elisama, agbalẽŋlɔla la ƒe xɔ me vɛ. Yehudi xlẽe na fia la kple amegã siwo katã le tsitre ɖe egbɔ la.
22
Ƒè la ƒe ɣleti asiekelia mee fia la bɔbɔ nɔ vuvɔŋɔlixɔ me, eye dzo nɔ xɔxɔm le sonu me le eŋgɔ.
23
Ne Yehudi xlẽ agbalẽ ɖeɖi etɔ̃ alo ene vɔ la, fia la tsɔa agbalẽlãhɛ lãnɛ hedea dzo si le xɔxɔm le sonua me la me. Ewɔ esia va se ɖe esime agbalẽ bliboa fiã keŋ ɖe dzoa me le sonua me.
24
Ke fia la kple eƒe dɔlawo siwo se nyaawo pɛpɛpɛ la, dometɔ aɖeke mevɔ̃ alo dze eƒe awu o.
25
Togbɔ be Elnatan, Delaya kple Gemarya ɖe kuku na fia la be megatɔ dzo agbalẽa o hã la, mesee na wo o.
26
Tete fia la ɖe gbe na fia vi Yeraxmeel kple Seraya, Azriel vi kpakple Selemya, Abdiel vi, be woalé Barux, agbalẽŋlɔla kple Yeremya, Mawu ƒe gbeƒãɖela la, vɛ. Ke Aƒetɔ tsɔ wo ɣla.
27
Azɔ esi fia la tɔ dzo agbalẽ si me Barux ŋlɔ nya siwo Yeremya gblɔ nɛ wòŋlɔ vɔ la, Aƒetɔ gaƒo nu kple Yeremya be:
28
“Gatsɔ agbalẽ bubu nàŋlɔ nya siwo katã megblɔ na wò, siwo nɔ Agbalẽ Gbãtɔ si Yuda-fia Yehoyakim tɔ dzoe me la, ɖe eme.
29
Azɔ ku ɖe Yuda-fia Yehoyakim ŋu gblɔ be: ‘Aƒetɔ be: Ètɔ dzo agbalẽ sia gblɔ be: Nu ka ta nèŋlɔ ɖe eme be Babilon-fia le vava ge godoo agblẽ anyigba sia, eye wòatsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo siaa le edzi?
30
Eya ta Aƒetɔ gblɔ ɖe Yehoyakim, Yuda-fia ŋu be: Eƒe dzidzimevi aɖeke manɔ David ƒe fiazikpui dzi o. Woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe; ŋdɔ aɖui le ŋkeke me eye zãmu aƒoe le zã me.
31
Mahe to na eya kple eƒe dzidzimeviwo kpakple eƒe dɔlawo le woƒe vodada ta. Mahe dzɔgbevɔ̃e siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la ava woawo, Yerusalemnɔlawo kple Yudatɔwo dzi, elabe wodo toku nye nyawo.’ ”
32
Ale Yeremya gatsɔ agbalẽ bubu na agbalẽŋlɔla Barux, Neriya vi, eye wògaŋlɔ nya siwo katã Yeremya gblɔ nɛ wòŋlɔ ɖe agbalẽ si fia Yehoyakim tɔ dzoe la ɖe eme. Egagblɔ nya mawo tɔgbe geɖe kpe ɖe wo ŋu, wòŋlɔ.
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 37 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52