bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 15
Jeremiah 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 16 →
1
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: “Ne Mose kple Samuel le tsitre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyà wo ɖa le ŋkunye me, eye na woadzo!
2
Ne wobia wò be: ‘Afi ka yi ge míala?’ Ɖo eŋu na wo be: ‘Aƒetɔ be: Ame siwo woɖo ɖi na dɔ vɔ̃ la, woneyi dɔ vɔ̃ gbɔ. Ame siwo woɖo ɖi na yi la, woneyi yi gbɔ. Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la, woneyi dɔwuame gbɔ. Ame siwo woɖo ɖi na aboyo me yiyi la, woneyi aboyo me.’ ”
3
“Meɖoe be nu vevi ƒomevi ene nawɔ wo, Aƒetɔ lae gblɔe: Yi nawu wo, avuwo navuvu wo, dziƒoxeviwo kple gbemelãwo navuvu wo, eye woatsrɔ̃ wo.
4
Mawɔ wo woazu ŋɔdzinu na fiaɖuƒewo katã le anyigba dzi, le nu si Manase, Xizkiya vi, Yuda-fia, wɔ le Yerusalem la ta.”
5
“O Yerusalem, ame ka akpɔ nublanui na wò? Ame ka afa kpli wò? Ame ka atɔ ɖe ŋuwò ahabia wò agbe ta ase?
6
Miegbem, Aƒetɔ lae gblɔe, eye miele megbe dem le ŋunye. Ale medo asi ɖa tsrɔ̃ mi; mekpɔ nublanui na mi do kpo.
7
Metsɔ lugbɔnu gbɔ wo le anyigba la ƒe agbowo nu. Mena ame ku na wo, metsrɔ̃ nye dukɔ; wometrɔ le woƒe mɔwo dzi o.
8
Mena woƒe ahosiwo sɔ gbɔ wu ƒutake. Metsrɔ̃ ɖekakpuiwo nɔwo le ŋdɔkutsu helihelĩ nu. Mena vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi tu wo kpoyi.
9
Nyɔnu si dzi vi adrẽ la ku ƒenyi yi ɖi me; zã do ɖee, togbɔ be ɣe le dzi hã. Wodo ŋukpee, eye eƒe mo tsi dãa. Mana ame siwo susɔ la, natsi woƒe futɔwo ƒe yi nu.” Aƒetɔ lae gblɔe.
10
Nɔnye, èwɔ num be nèdzim. Amewo tsi tre ɖe ŋunye le dzre wɔm kplim le anyigba blibo la dzi. Nyemedo nugbana na ame aɖeke o, eye ame aɖeke hã medo nugbana nam o; gake ame sia ame le fi ƒom dem.
11
Aƒetɔ, woƒe fiƒode neɖi ŋunye, nenye be nyemeƒo koko na wò di nyui na wo o fĩi! Neɖi ŋunye nenye, be nyemeɖe kuku ɖe wo ta, esime futɔwo xaxa wo ɖo, eye woge ɖe dzɔgbevɔ̃e me o fĩi!
12
Ɖe ame aɖe ate ŋu aŋe ga yibɔ, ga yibɔ tso dzigbeme kple akɔblia?
13
“Matsɔ wò kesinɔnuwo kple wò nu xɔasiwo ana woaha femaxee, le nuvɔ̃ siwo katã nèwɔ le anyigba bliboa dzi la ta.
14
Mana miasubɔ miaƒe futɔwo le anyigba si mienya o la dzi, elabe nye dziku le bibim, eye matsi akpɔ o.”
15
Aƒetɔ, ènya nye nyawo. Ðo ŋku dzinye, eye nàva xɔ nam. Bia hlɔ̃ yonyemetilawo nam. Mègagbɔ dzi blewuu ne matsi eme o. Ðo ŋui be tawòe wodo ŋukpem ɖo.
16
Esi nèƒo nu nam la, mese wò nyawo, eye mexɔ wo de menye. Nyaawo vivi, eye wodo dzidzɔ nam elabe wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla.
17
Nyemebɔbɔ nɔ dzidzɔkpɔlawo dome alo ɖu agbe o; ke boŋ èna dzi kum vevie, eye ɖeko meɖe ɖe aga kpoo.
18
Nu ka tae manɔ veve sem ɖaa? Nu ka ta nye abiawo nye abi makumaku? Ðe nèdi be yeanɔ nam abe tɔʋu si blea ame alo tsi si miena kaba la enea?
19
Eya ta Aƒetɔ be: “Ne ètrɔ va la, magaɖo wò te, eye àganɔ ŋkunye me asubɔm. Ne ègblɔ nya vavãwo, eye menye nyamaɖinyawo o la, ekema ànɔ abe nye nu ene. Woatrɔ ɖe gbɔwò; ke wò la, màtrɔ ɖe wo ŋu o.
20
Mawɔ wò nànye akɔbligli sesẽ na dukɔ sia. Woawɔ aʋa kpli wò, ke womaɖu dziwò o. Elabe meli kpli wò be maxɔ na wò, eye maɖe wò.” Aƒetɔ lae gblɔe.
21
“Maɖe wò le ame vɔ̃ɖiwo si me, eye maxɔ wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.”
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52