bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 38
Jeremiah 38
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 39 →
1
Azɔ Sefatya, Matan vi, Gedalya, Pasxur vi, Yuxal, Selemya vi kple Pasxur, Malkiya vi, se nya siwo Yeremya le gbɔgblɔm na dukɔ bliboa be:
2
“Aƒetɔ be: Ame si tsi du sia me la atsi aʋa loo, alo dɔwuame awui loo, alo dɔ vɔ̃ awui. Gake ame si do yi Kaldeatɔwo gbɔ la, atsi agbe, eye eƒe agbe anɔ abe nunana tso aʋagbedzi ene, eye wòanɔ agbe.
3
Aƒetɔ be: Matsɔ du sia ade asi na Babilon-fia ƒe aʋakɔ kokoko, eye woaxɔe.”
4
Tete amegãwo gblɔ na fia la be: “Na woawu ŋutsu sia elabe nya siwo gblɔm wòle la le dzi ɖem le aʋawɔla siwo susɔ ɖe dua me kple dukɔ bliboa me la ƒo. Ŋutsu sia mele dukɔa ƒe nyui dim o; eƒe vɔ̃e ko dim wòle.”
5
Fia Zedekiya gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ele mia si me; elabe fia mate ŋu awɔ naneke atsi tre ɖe mia ŋu o.”
6
Ale wolé Yeremya, eye woɖiɖii kple ka ɖe fiavi Malkiya ƒe vudo si le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me. Tsi mele vudoa me o, ba koe li, eye Yeremya yi to ɖe ba la me.
7
Ebedmelex, Etiopiatɔ la, ame si nye ame tata le fia ƒeme la se be wotsɔ Yeremya de vudo me. Ɣe ma ɣi la, fia la bɔbɔ nɔ Benyamin-gbo la nu.
8
Ale Ebedmelex do le fia ƒe aƒea me yi ɖagblɔ na fia la be:
9
“Nye aƒetɔ fia, ŋutsu siawo wɔ nuvɔ̃ɖi le nu siwo katã wowɔ la me. Wotsɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela Yeremya de vudo me, dɔ le wuwu ge wòaku, elabe nuɖuɖu aɖeke megale dua me o!”
10
Tete fia la ɖe gbe na Ebedmelex be: “Ɖe ŋutsu etɔ̃ kpe ɖe ɖokuiwò ŋu tso afii, ne miayi aɖaɖe Yeremya le doa me, ne magaku o.”
11
Ale Ebedmelex ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu. Ege ɖe fia ƒe aƒe la me, eye wòyi ɖe xɔ si le nudzraɖoƒea te la me. Etsɔ avɔ vuvu kple awu xoxo aɖewo le afi ma, eye wòɖiɖi wo kple ka ɖe Yeremya gbɔ le vudoa me.
12
Tete Ebedmelex Etiopiatɔ, la gblɔ na Yeremya be: “Tsɔ avɔ vuvuawo kple awu xoxoawo de axatome, eye nàtsɔ kaa de wo te.” Yeremya wɔ nenema.
13
Ale wolé ka la, eye wohe Yeremya do goe tso vudo la me. Yeremya tsi dzɔlaawo ƒe xɔxɔnu.
14
Fia Zedekiya dɔ ame ɖa woɖakplɔ Yeremya vɛ, eye wòxɔe ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe mɔnu etɔ̃lia. Fia la gblɔ na Yeremya be: “Mele nya aɖe bia ge wò; mègaɣla nya aɖeke ɖem o.”
15
Yeremya gblɔ na Zedekiya be: “Ne megblɔe na wò ɖe, èka ɖe edzi be yemawum oa? Azɔ ne meɖo aɖaŋu na wò hã la, mèle exɔ ge nam o.”
16
Tete fia Zedekiya ka atam na Yeremya le adzame gblɔ be: “Metà Aƒetɔ, ame si na agbe mí la ƒe agbe. Ne mawu wò alo atsɔ wò ade asi na ŋutsu siwo le didim be yewoawu wò la fĩi!”
17
Tete Yeremya gblɔ na Zedekiya be: “Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Ne èna ta Babilon-fia ƒe amegãwo la, woana nàtsi agbe, eye womatɔ dzo du sia o, eye wò kple wò aƒemetɔwo miatsi agbe.
18
Evɔ ne mèna ta Babilon-fia ƒe amegãawo o la, ekema woatsɔ du sia ade asi na Kaldeatɔwo. Woatɔ dzoe, eye wò ŋutɔ hã màdo le wo si me o.”
19
Ke Zedekiya gblɔ na Yeremya be: “Mele Yudatɔ siwo dzo yi Kaldeatɔwo dzi la vɔ̃m. Woava tsɔm ade asi na wo, eye woawɔ funyafunyam.”
20
Yeremya gblɔ be: “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Wò ya wɔ nya si Aƒetɔ gblɔ nam megblɔ na wò la dzi ko, eye eme anyo na wò, eye woana nàtsi agbe.
21
Evɔ ne ègbe godogodo be yemana ta o la, ekema nya si Aƒetɔ ɖe fiam lae nye esi:
22
Kpɔ ɖa, wokplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda-fia ƒeme la yina ɖe Babilon-fia ƒe amegãwo gbɔe, eye wonɔ gbɔgblɔm be: ‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la flu wò, eye woɖu dziwò. Fifia esi wò afɔ yi to ɖe ba me la, woka le ŋuwò.’
23
Woakplɔ srɔ̃wòwo katã kple viwòwo ayi na Kaldeatɔwo, eye wò ŋutɔ hã mado le wo si me o. Ke Babilon-fia ƒe asi asu dziwò, eye woatɔ dzo du sia.”
24
Tete Zedekiya gblɔ na Yeremya be: “Mègana ame aɖeke nase nya siawo o, ekema màku o.
25
Ne amegãawo se be meƒo nu kpli wò, eye wova gbɔwò gblɔ na wò be: ‘Gblɔ nu si nègblɔ na fia la, eye wò hã nègblɔ nɛ la na mí. Mègaɣla nya aɖeke ɖe mí o, ekema míawu wò o’ la,
26
ekema gblɔ na wo be: ‘Meƒo koko na fia la kple ɖokuibɔbɔ be megaɖom ɖe Yonatan ƒe aƒeme, ne maɖaku ɖe afi ma o.’ ”
27
Tete amegãawo katã va bia nya la Yeremya se, eye wòɖo eŋu na wo pɛpɛpɛ abe ale si fia la de see nɛ ene. Ale wodzudzɔ nyaawo biabiae, elabe dzeɖoɖoa meɖi ame aɖeke se o.
28
Ale Yeremya tsi dzɔlaawo ƒe xɔxɔnua va se ɖe gbe si gbe woxɔ Yerusalem-dua.
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 39 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52