bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 17
Jeremiah 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 18 →
1
“Wotsɔ nuŋlɔga ŋlɔ Yuda ƒe nuvɔ̃e. Wotsɔ lotamekpe tsutsɔẽ ŋlɔe, wòde to, ɖe woƒe dzikpewo dzi kple woƒe vɔsamlekpuiwo ƒe dzowo ŋu,
2
esime wo viwo ƒe ŋku le woƒe vɔsamlekpuiwo kple nyɔnumawu Asera ƒe nu siwo le ati damawo te kple togbɛ kɔkɔwo
3
kpakple towo tame le gbegbe la dzi. Mana woaha miaƒe kesinɔnuwo kple miaƒe nu xɔasiwo katã le nuvɔ̃ siwo miewɔ le miaƒe anyigba katã dzi la ta.
4
Mana domenyinu si metsɔ na mi la nage le mia si, eye mana miasubɔ miaƒe futɔwo le anyigba si mienya o la dzi; elabe wode dzo nye dziku me, eye wòabi tegbee.”
5
Aƒetɔ be: “Aɖi ame si ƒe dzi te ɖa le Aƒetɔ ŋu, eye wòle dzi ɖom ɖe amegbetɔ ŋu hetsɔe wɔ eƒe ŋusẽe la, ŋu kpékpekpe.
6
Eyama le abe ati masemasẽ le kegbegbe ene; ne nu nyui va la, makpɔe o. Anɔ kuɖiɖinyigba dzi le gbedadaƒo kple dzenyigba dzi, afi si menye ame nɔƒe o.
7
Woyra ame si ɖo dzi ɖe Aƒetɔ ŋu, eƒe nu ɖoŋuɖeŋua ye nye Aƒetɔ.
8
Ele abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene. Ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, elabe eƒe aŋgbawo dea ama ɖaa. Ne tsi mele dzadzam o hã la, metsia dzimaɖi o; elabe enɔa tsetse dzi ɖaa.”
9
Amegbetɔ ƒe dzi nye alakpatɔ wu nu sia nu. Nu gbegblẽ ŋutɔŋutɔ wònye. Ame ka ate ŋu ase egɔme?
10
“Nye Aƒetɔ ye dzroa amegbetɔ ƒe susu me, doa eƒe dzi kpɔna, be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo nu.”
11
Ame si to nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me kpɔ kesinɔnu ƒo ƒui ɖi la, le abe tegli si ƒo vi gake menye eya ŋutɔe ɖa azia ƒo o la ene. Kesinɔnua abu ɖee le eƒe agbenɔɣi titina, eye wòazu bometsila le eƒe nuwuwu.
12
Míaƒe kɔkɔeƒe la le abe ŋutikɔkɔefiazikpui si woda ɖe to tame tso gɔmedzedzea me ke la ene.
13
Aƒetɔ, wòe nye Israel ƒe mɔkpɔkpɔ. Ame siwo katã gblẽ wò ɖi la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me. Elabe wogblẽ Aƒetɔ, tsidzɔƒe gbagbe la ɖi.
14
Aƒetɔ, yɔ dɔm ne mahaya. Xɔ nam, ne makpɔ xɔxɔ elabe wòe mekafuna.
15
Kpɔ ɖa, wole gbɔgblɔm nam be: “Afi ka Aƒetɔ ƒe ŋɔdzidonamenyawo le? Woneva!”
16
Nyemegbe be nyemaganye alẽkplɔla le yowòme loo, alo madi be ŋu vɔ̃e nake na wo o. Wò ŋutɔ ènyae. Nya siwo megblɔ la, le nyanya na wò.
17
Mèganye ŋɔdzi nam o. Wòe nye nye sitsoƒe le dzɔgbevɔ̃egbe.
18
Na ŋu nakpe yonyemetilawo; ke mègana ŋu nakpe nye ya o. Dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. Na woakpɔ dzɔgbevɔ̃egbe la, tsrɔ̃ wo, nàgatsrɔ̃ wo ake.
19
Aƒetɔ gblɔ nam be: “Yi ɖatsi tsitre ɖe Benyamin-gbo, si me Yuda-fiawo tona vaa me gadona la nu. Emegbe nàɖatsi tsitre ɖe Yerusalem-dua ƒe agbo bubuawo nu.
20
Ðe gbeƒã be: ‘Mi Yuda-fiawo, Yuda-dukɔ bliboa kple mi ame siwo katã le Yerusalem siwo toa agbo siawo me gena ɖe eme, miɖo to miase Aƒetɔ ƒe nya.
21
Aƒetɔ be ame sia ame nese nya sia nyuie, ne edi be yeanɔ agbe. Migatsɔ agba le dzudzɔgbe alo atsɔe ato Yerusalem-gbo aɖe nu ava emee o.
22
Migatsɔ agba tso miaƒe aƒewo me do goe le dzudzɔgbe o. Migawɔ dɔ aɖeke ƒomevi hã o. Ke miwɔ dzudzɔgbe la kɔkɔe abe ale si mede se na mia tɔgbuiwo ene.
23
Ke wogbe toɖoɖom, eye wolia kɔ be yewomase nu, asrɔ̃ nu o.
24
“Aƒetɔ be: ‘Ke ne miawo ya mieɖo tom, eye mimetsɔ agba to du sia ƒe agbowo nu ge ɖe eme le dzudzɔgbe la o, eye miewɔ dzudzɔgbe la kɔkɔe, mimewɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o la,
25
ekema mana miaƒe fiawo kple fiaviwo age ɖe Yerusalem-dua ƒe agbowo me aɖu fia abe David ene. Woawo kple woƒe amegãwo, Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo siaa aɖo tasiaɖamwo, ado sɔwo age ɖe du sia me, eye ame anɔ eme fũu tegbee.
26
Amewo atso Yuda-duwo kple Yerusalem-gbletawo, Benyamin-nyigba dzi, baliwo me kple towo dzi kpakple Yuda ƒe anyigbeme ava. Woatsɔ numemevɔsa, akpedadavɔsa, nuɖuɖuvɔsa kple lifidzudzɔdonu akpe ɖe akpedadavɔsa ŋu ava Aƒetɔ ƒemee.
27
Evɔ ne miegbe toɖoɖom, eye mimewɔ dzudzɔgbe la kɔkɔe o, ale be mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo mee le dzudzɔgbe la, ekema mana dzo nafiã eƒe agboawo kple Yerusalem ƒe fiasãawo, eye womate ŋu atsii akpɔ o.’ ”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52