bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 25
Jeremiah 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 26 →
1
Gbedeasi si va na Yeremya ku ɖe Yuda-dukɔ blibo la ŋu le Yuda-fia Yehoyakim, Yosiya vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enelia me. Le ɣeyiɣi sia me la, fia Nebukadnezar le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè gbãtɔ me le Babilonia.
2
Yeremya gblɔ na Yuda-dukɔ bliboa kple Yerusalemnɔlawo katã be:
3
“Ƒe bla eve vɔ etɔ̃ sɔŋ nye esi, tso Yuda-fia Yosiya, Amon vi la, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enelia me va se ɖe egbe, Aƒetɔ nɔ nu ƒom nam, eye nye hã mele eƒe gbedeasia gblɔm na mi atraɖii, gake miegbe toɖoɖom.
4
Miegbe toɖoɖo, gbe nusese togbɔ be Aƒetɔ nɔ eƒe dɔla siwo nye eƒe gbeƒãɖelawo ɖom ɖe mi edziedzi hã.
5
Wogblɔ na mi be: ‘Ame sia ame netrɔ dzime, eye wòadzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ, ne mianɔ anyigba si Aƒetɔ tsɔ na mia kple mia tɔgbuiwo siaa gbe aɖe gbe wòzu mia tɔ tegbee la dzi;
6
migadze mawu bubuwo yome be miasubɔ wo, eye miade ta agu na wo o; migatsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam o, ekema nyemawɔ vɔ̃ aɖeke mi o.’
7
Gake Aƒetɔ be: Miegbe toɖoɖom, eye mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam be mawɔ vɔ̃ mi.”
8
Eya ta Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Esi miegbe nye nyawo dzi wɔwɔ ta la,
9
Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, maɖo dukɔ siwo katã le dzigbemenyigbawo dzi la ɖa. Maɖo nye dɔla Babilon-fia Nebukadnezar hã ɖa. Makplɔ wo vɛ be woawɔ aʋa kple Yuda-nyigba sia kple edzinɔlawo kpakple dukɔ siwo katã ƒo xlãe. Matsrɔ̃ wo keŋkeŋ, awɔ wo ŋɔdzinu, nu si ŋu woaʋuʋu ta le kple alɔmeɖenu tegbee.
10
Gawu la, matsi aseyetsoɣli kple dzidzɔɣli, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu le wo dome. Womagatu wɔ le teƒo o, eye womagasi akaɖi le zã me o.
11
Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe, eye dukɔ siawo asubɔ Babilon-fia ƒe bla adrẽ sɔŋ.
12
Aƒetɔ be: Ekema le ƒe bla adrẽ la megbe la, mahe to na Babilon-fia kple dukɔ ma, Kaldeatɔwo ƒe anyigba la, le woƒe vodada ta; le esi wogblẽ anyigba la dome, eye wòzu gbegbe tegbee la ta.
13
Mahe dzɔgbevɔ̃e siwo katã megblɔ ɖe anyigba ma ŋuti la ava edzi. Mana nu siwo katã gbeƒãɖela Yeremya ɖe gbeƒãe ɖe dukɔwo katã ŋu, eye woŋlɔ wo ɖe agbalẽ sia me la nava wo dzi.
14
Elabe dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔ geɖewo awɔ wo kluviwoe, eye maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo kple woƒe asinudɔwɔwɔwo nu.”
15
Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam be: “Xɔ wainkplu sia si dɔmedzoe yɔ la le asinye. Tsɔe yi na dukɔ siwo katã gbɔ maɖo wò ɖa la be woano.
16
Woanoe, anɔ mumum sagasaga, eye woƒe susu atɔtɔ le aʋawɔwɔ si maɖo ɖe wo dome la ta.”
17
Ale mexɔ kplu la le Aƒetɔ si, eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòɖom ɖa la no emenu.
18
Yerusalem kple Yuda-duwo, eƒe fiawo kple eƒe amegãwo no emenu, ne mawɔ wo woazu aƒedo kple gbegbe, nu si ŋu woaʋuʋu ta le kple fiƒode abe ale si wogale wɔwɔm va ɖo egbee ene.
19
Egipte Fiagã, eƒe dɔlawo, eƒe amegãwo kple eƒe dukɔ blibo la;
20
dukɔ bubu me tɔ siwo katã tsaka kple Egiptetɔwo; fia siwo katã le Uz-nyigba dzi; fia siwo katã le Askalon, Gaza, Ekron siwo nye Filisti-duwo kple ame siwo susɔ ɖe Asdod-du me;
21
Edom, Moab kple Amonviwo;
22
fia siwo katã le Tiro kple Sidon; fia siwo katã le atsiaƒu ƒe go kemɛ dzi;
23
Dedan, Tema kple Buz duwo; ame siwo ƒlɔa ta kolikoli;
24
Arabia-fiawo katã, dukɔ tsakatsaka siwo le kegbegbe ƒe fiawo katã;
25
Zimri-fiawo katã, Elam-fiawo katã kple Media-fiawo katã;
26
fia siwo katã le dzigbeme, le kpuiƒe kple didiƒe siaa, anoe ɖe wo nɔewo yome; xexemefiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi. Le wo yome la, Sesax -fia anoe.”
27
Ekema nàgblɔ na wo be: “Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la, be: ‘Mino aha miamu, mitru, midze anyi, eye migafɔ o, le aʋawɔwɔ si maɖo ɖe mia dome la ta.’
28
“Ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano emenua o la, ekema gblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Ele be mianoe kokoko.
29
Elabe kpɔ ɖa, medze nugbegblẽ gɔme tso du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi. Ɖe magblẽ mi ɖi, nyemahe to na mi oa? Nyemagbe tohehe na mi o, elabe mana aʋa adzɔ ɖe ame siwo katã le xexea me la dome. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.’
30
“Eya ta wò la, ele be nàɖe gbeƒã nya siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la. Gblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ le gbe ɖe ge tso dziƒo, eye wòaƒo nu tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ele gbe ɖe ge ŋɔdzitɔe bobobo ɖe eƒe alẽha ŋu. Ado ɣli sesĩe abe wainfiãlawo ene. Anyigbadzitɔwo katã ŋue wòaɖe gbea ɖo.
31
Hoowɔwɔ ade anyigba ƒe mlɔenu ke, elabe Aƒetɔ tsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu. Akplɔ nu gbagbewo katã ayi ʋɔnui eye wòana ame vɔ̃ɖiwo natsi yi nu.’ ” Aƒetɔ lae gblɔe.
32
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e gbɔna tso dukɔ me yi dukɔ me, eye ahom gã de asi tutu me gbɔna tso keke anyigba ƒe mlɔenu ke!”
33
“Ame siwo Aƒetɔ awu gbe ma gbe la, atsi anyigba tso xexeme ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu. Womafa ame kukuwo, aƒo ƒu wo loo, alo aɖi wo gɔ̃ hã o. Woanɔ anyigba abe lãmí ene.”
34
“Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli sesĩe. Mi dukɔ la dziɖulawo mimli le dzowɔ me. Ɣeyiɣi de be woawu mi, aka mi ahlẽ; woatso mi abe agbo dami siwo woɖo ɖi na wuwu ene.
35
Sitsoƒe aɖeke manɔ anyi na alẽkplɔlaawo o, eye sisí abu ɖe dukɔa dziɖulawo.
36
Ðo to nàse alẽkplɔlaawo ƒe ɣli kple dukɔa dziɖulawo ƒe aviɣli ɖa! Elabe Aƒetɔ le woƒe gbeɖuƒe la gblẽm.
37
Ame siwo le ŋutifafa me la ƒe dzidzeme dome gblẽ le Aƒetɔ ƒe dziku helihelĩ la ta.
38
Egblẽ eƒe avekɔe ɖi abe dzata ene, elabe woƒe anyigba zu gbegbe le ameteɖeanyila kple Aƒetɔ ƒe dziku helihelĩ la ta.”
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52