bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 19
Jeremiah 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 20 →
1
Aƒetɔ gblɔ be: “Yi nàɖaƒle ze le zemela gbɔ. Ðe dukɔa ƒe ame tsitsi aɖewo kple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo kpe ɖe ɖokuiwò ŋu,
2
eye nàdo go to Zekakɛgbo nu. Yi ɖe Hinom vi ƒe bali me, eye nàɖe gbeƒã nya si gblɔ ge mala na wò la le afi ma.
3
Gblɔ na wo be: ‘Mi Yuda-fiawo kple Yerusalemnɔlawo, miɖo to miase Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la ƒe nya. Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia dzi, eye ame siwo katã asee la ƒe to me aɖi yeŋ.
4
Elabe dukɔ la gblẽm ɖi, eye wògblẽ kɔ ɖo na teƒe sia. Wodo lifidzudzɔ na mawu bubu siwo woawo ŋutɔ kple wo tɔgbuiwo kpakple Yuda-fiawo menya o la le afi ma, eye wotsɔ ame maɖifɔwo ƒe ʋu yɔ teƒe sia taŋ.
5
Woɖi vɔsamlekpui na Baal ne woatɔ dzo wo viwo le wo dzi atsɔ sa numemevɔ nɛ. Nyemeɖo nu sia na wo be woawɔ o; meva tame nam gɔ̃ hã o.
6
Eya ta, kpɔ ɖa, Aƒetɔ be ɣeyiɣi gbɔna esime womagayɔ teƒe sia be Tofet alo Hinom vi ƒe bali o, ke woayɔe be Amewubali.
7
Magblẽ ɖoɖo siwo Yuda-dukɔ kple Yerusalemnɔlawo awɔ le teƒe sia la me na wo. Mana woƒe futɔwo nawu wo le aʋa me, eye woatsi woƒe kudilawo si me. Matsɔ woƒe kukuawo na xewo kple gbemelãwo.
8
Mana du sia nazu ŋɔdzinu kple alɔmeɖenu. Ame sia ame si to eŋu yina la atsi yaa, eye wòaɖe alɔ me le eŋu le nu siwo katã dzɔ ɖe edzi la ta.
9
Mana woaɖu wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe lã, ame sia ame aɖu ehavi ƒe lã, le aʋa kple xaxa si me woƒe futɔwo kple woƒe kudilawo ade woe la ta.’
10
“Ekema gbã ze la le ame siwo kplɔ wò yii la ŋkume,
11
eye nàgblɔ na wo be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: ‘Magbã dukɔ sia kple du sia alea abe ale si wogbãa zee, eye womegatea ŋu trenɛ o la ene. Woaɖi ame ɖe Tofet gɔ̃ hã, elabe teƒe aɖeke maganɔ anyi woaɖi ame ɖo o.
12
Aleae mawɔ teƒe sia kple emenɔlawo abe ale si mewɔ Tofet ene.
13
Mana Yerusalem-xɔwo, Yuda-fiawo ƒe xɔwo kple xɔ siwo katã tame wotɔ dzo lifi le na dziŋgɔlimenuwo katã, eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo le la nazu teƒe makɔmakɔ abe Tofet ene.’ ”
14
Tete Yeremya gbɔ tso Tofet, afi si Aƒetɔ ɖoe ɖo be woaɖaɖe gbeƒã yeƒe gbedeasi le la. Eyi ɖatsi tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ na dukɔ blibo la be:
15
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e siwo katã megblɔ ɖe du sia kple du siwo katã tsɔ ɖe egbɔ ŋu la ava wo dzi, elabe wolia kɔ, gbe nye nyawo sese.”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52