bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 27
Jeremiah 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 28 →
1
Le Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi la, ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Aƒetɔ gblɔ nya sia na Yeremya.
2
Aƒetɔ gblɔ nam be: “Gbi ka, eye nàwɔ kɔkuti aku kɔ.
3
De gbe asi na amedɔdɔ siwo va Yuda-fia Zedekiya gbɔ le Yerusalem la si, be woaxɔ yi na Edom-fia, Amon-fia kple Sidon-fia.
4
Gblɔ ɖo ɖe woƒe aƒetɔwo be: ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be:
5
Nu si miagblɔ na miaƒe aƒetɔwoe nye esi: Nye ŋutɔe tsɔ nye ŋusẽ triakɔ kple alɔ si medo ɖe dzi wɔ anyigba, amegbetɔ kple lã; ame si melɔ̃ la, eyae metsɔnɛ na.
6
Azɔ metsɔ anyigba siawo katã de asi na nye dɔla Nebukadnezar, Babilon-fia. Metsɔ gbemelãwo hã de esi be woasubɔe.
7
Dukɔwo katã asubɔ eya ŋutɔ, via kple eƒe tɔgbuiyɔvi va se ɖe esime eƒe anyigba la ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia sesẽwo awɔe wòazu woƒe kluvi.”
8
Aƒetɔ be: “Ke ne dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilon-fia Nebukadnezar sia, eye wòatsɔ Babilon-fia ƒe kɔkuti o la, matsɔ aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ ahe to na dukɔ ma, va se ɖe esime mato eƒe asi dzi atsrɔ̃e keŋkeŋ.
9
Eya ta migaɖo to miaƒe gbeƒãɖela, bokɔ, drɔ̃ekula, afakala alo dzotɔ siwo le gbɔgblɔm na mi be: ‘Mele be miasubɔ Babilon-fia o’ la o.
10
Wole mia blem kple woƒe gbeƒãɖeɖeawo ale be woana woaɖe mi ɖa boo tso miaƒe anyigba dzi, eye manyà mi ɖa, miatsrɔ̃.
11
Gake dukɔ si tsɔ Babilon-fia ƒe kɔkuti, eye wòsubɔe la, mana wòanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, ade agble ɖi ahanɔ afi ma.’ ” Aƒetɔ lae gblɔe.
12
Megblɔ nya mawo na Yuda-fia Zedekiya nenema ke be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Babilon-fia te, eye miasubɔ eya kple eƒe dukɔ ne mianɔ agbe.
13
Nu ka ta wò kple wò dukɔ miaku ɖe aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ si me abe ale si Aƒetɔ gblɔ ɖe dukɔ ɖe sia ɖe si gbe be yemasubɔ Babilon-fia o la ŋu ene?
14
Migaɖo to gbeƒãɖela siwo le gbɔgblɔm na mi be: ‘Mele be miasubɔ Babilon-fia o’ la o. Mia blem wole kple woƒe gbeƒãɖeɖeawo.
15
Aƒetɔ be: Menye nyee dɔ wo o; alakpanya wole gbeƒã ɖemee le nye ŋkɔ me kple susu be manyà mi, miadzo, eye woatsrɔ̃ mi akpe ɖe gbeƒãɖela siawo, siwo le mia blem la ŋuti.”
16
Tete megblɔ na nunɔlaawo kple dukɔ blibo la be Aƒetɔ be: “Migaɖo to nya si miaƒe gbeƒãɖelawo le gbɔgblɔm na mi be: ‘Kpɔ ɖa, esusɔ vie woatrɔ Aƒetɔ ƒe aƒemenuwo avɛ tso Babilonia’ o. Mia blem wole kple woƒe gbeƒãɖeɖe mawo.
17
Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilon-fia ne mianɔ agbe. Nu ka ta du sia azu aƒedo ɖo?
18
Nenye gbeƒãɖela wonye, eye Aƒetɔ ƒe nya le wo si la, ekema na woaƒo koko na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖe mia nu, ale be womagatsɔ nu siwo susɔ ɖe Aƒetɔ ƒeme, Yuda-fia ƒeme kple Yerusalem la ayi Babilon o.
19
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ ɖe sɔtiawo, ƒu la, gazɔ la, anyinɔawo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me,
20
esiwo Nebukadnezar, Babilon-fia melɔ dzoe esime wòɖe aboyo Yuda-fia Xonya, Yehoyakim vi la tso Yerusalem yi Babilon, hekpe ɖe Yuda kple Yerusalem bubumewo katã ŋu be:
21
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: Nu siwo susɔ ɖe Aƒetɔ ƒeme, ɖe Yuda-fia ƒeme kple esiwo susɔ ɖe Yerusalem la,
22
woatsɔ woawo hã ayi Babilon. Woanɔ afi ma va se ɖe gbe si gbe maɖo ŋku wo dzi, eye magbugbɔ wo agava da ɖe teƒe sia.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52