bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 9
Jeremiah 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 10 →
1
Ko wòanye nye ta nanye tsidzɔƒe, nye ŋkuwo nanye vudo, anye ne manɔ avi dzi zã kple keli na nye dukɔ vinyɔnu si wowu la.
2
Nenye ɖe makpɔ mɔzɔlawo ƒe dzeƒe aɖe le kegbegbe la, anye ne megblẽ nye dukɔ ɖi, ʋu dzo le wo gbɔ, elabe ahasiwɔla ametetola ƒe ha wo katã wonye.
3
Woƒe aɖe le klalo na aʋatsokaka abe dati me wovu ene. Ale aʋatsokaka kpɔ ŋusẽ ɖe anyigba la dzi ɖe nyateƒetoto teƒe. Wotsona le nuvɔ̃ɖi ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ, eye womedze sim o, Aƒetɔ lae gblɔe.
4
Ame sia ame nekpɔ eɖokui dzi nyuie, le ehavi ŋu. Ame aɖeke megaɖo dzi ɖe nɔvia aɖeke ŋu o, elabe nɔvi ɖe sia ɖe nye ayetɔ, eye ame havi ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla.
5
Ame sia ame flua ehavi, eye ame aɖeke metoa nyateƒe o. Wofia aʋatsokaka woƒe aɖe, wowɔa nuvɔ̃ɖi, eye ŋusẽ megale wo ŋu be woatrɔ dzime o.
6
Ametete ɖe anyi le dzidzim, gale dzidzim ɖe edzi, eye amebeble le agbɔ sɔm, gale agbɔ sɔm ɖe edzi; wogbe sidzedzem, Aƒetɔ lae gblɔe.
7
Eya ta Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Kpɔ ɖa, malólo wo abe ga ene, eye mado wo akpɔ. Elabe nu kae magate ŋu awɔ na nye dukɔ?
8
Woƒe aɖe nye aŋutrɔ wuame; eblea ame. Ame sia ame kea nu gblɔa nya na ehavi bɔkɔɔ; ke eɖo nugbe ɖe eŋu le dzime.
9
Ðe nyemahe to na wo le esiawo ta oa? Aƒetɔ lae gblɔe. Ðe nye ŋutɔ nyemabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe oa?”
10
“Fa avi kple ɣli na towo, eye nàdzi avihɛ na gbegbe siwo nye lãnyiƒe; elabe wogblẽ, eye amegbetɔ aɖeke megatoa teƒe mawo o. Womegasea nyihawo ƒe xɔxlɔ̃ o; dziƒoxeviwo kple gbemelãwo siaa ʋu dzo.
11
Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo ɖi, anye akpatakuwo nɔƒe. Mawɔ Yuda-duwo woazu gbegbe; amegbetɔ maganɔ afi ma o.”
12
Ame kae nya nu ale gbegbe be wòate ŋu ase nu sia gɔme? Ame kae Aƒetɔ ke nu gblɔ nya sia na be wòagblɔ? Nu ka tae anyigba la gblẽ hezu gbedadaƒo alea, ale be ame aɖeke megatoa edzi yina o?
13
Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Elabe wogblẽ nye se si mede na wo la ɖi, eye womeɖo to nye gbe hezɔ ɖe enu o;
14
ke boŋ wosẽ dzime, eye wosubɔ Baalwo abe ale si wo tɔgbuiwo fia woe ene.
15
Eya ta Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, mana gbe veve dukɔ sia wòaɖu, eye makpe tsi si me aɖi le la nɛ wòano.
16
Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ siwo ƒe ŋkɔ woawo kple wo tɔgbuiwo siaa mese kpɔ o la dome. Mada aʋakɔ ɖe wo ŋu be woatsrɔ̃ wo va se ɖe esime woavɔ ɖa keŋkeŋ.”
17
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Mibu eŋu ne miayɔ nyɔnu avifalawo vɛ. Miɖo ame ɖe nyɔnu siwo nya avihadzidzi nyuie ne woava.
18
Mina woawɔ kaba ado aviha ɖa na mí, ne míaƒe ŋkuwo nafa aɖatsi blobloblo, eye míaƒe aɖaba naƒo tsi belee.
19
Elabe wose aviɣli le ɖiɖim ɖaa le Zion be: ‘Wotsrɔ̃ mí! Wodo ŋukpe mí vevie! Elabe míeʋu le anyigba la dzi elabe womu mía nɔƒewo ƒu anyi.’ ”
20
Nyɔnuwo, mise Aƒetɔ ƒe nya! Mina eƒe numenya nage ɖe miaƒe towo me. Mifia avihɛ mia vinyɔnuwo, eye ame sia ame nefiae ehavi.
21
Elabe ku to fesre ge ɖe mía gbɔ, ge ɖe míaƒe fiasãwo me. Ele mía viwo wum le ablɔwo dzi, eye wòle míaƒe ɖekakpuiwo tsrɔ̃m le kpɔdomeewo.
22
Gblɔ be: “Aƒetɔ be: ‘Ame kukuwo akaka ɖe anyigba abe gbeɖuɖɔ le agble me ene. Woanɔ abe lubabla si tsi nuŋela yome, eye ame aɖeke meli aƒo wo nu ƒu o la ene.’ ”
23
Aƒetɔ be: “Nunyala megaƒo adegbe le eƒe nunya ŋu o; ŋusẽtɔ megaƒo adegbe le eƒe ŋusẽ ŋu o, eye kesinɔtɔ megaƒo adegbe le eƒe kesinɔnu ŋu o.
24
Ke ame si be yeaƒo adegbe la, neƒoe be yese nu gɔme, eye yedze sim be nyee nye Aƒetɔ, ame si vea ame nu, drɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi; elabe nu siawoe doa dzidzɔ nam.” Aƒetɔ lae gblɔe.
25
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna esime mahe to na ame siwo katã wotso aʋa na gake wole abe bolobolotɔwo ene.
26
Mahee na Egipte, Yuda, Edom, Amonviwo, Moab kple ame siwo katã le kegbegbe, ƒlɔa ta kolikoli la hã. Elabe dukɔ siawo katã nye bolobolotɔwo, eye Israel-dukɔ blibo la meɖe eƒe dzi ƒe aʋanuyi ɖa o.”
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52