bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 40
Jeremiah 40
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 41 →
1
Aƒetɔ ƒo nu kple Yeremya esime fia ŋu srafowo ƒe tatɔ Nebuzaradan ɖe asi le eŋu le Rama. Do ŋgɔ la, wode kɔsɔkɔsɔ Yeremya kpe ɖe aboyomeawo katã ŋu tso Yerusalem kple Yuda hekplɔ yina ɖe aboyo me le Babilon.
2
Fia ŋu srafoawo ƒe tatɔ kplɔ Yeremya yi eɖokui gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, wò Mawu la gblɔ be dzɔgbevɔ̃e sia adzɔ ɖe teƒe sia dzi,
3
eye wòna wòdzɔ abe ale si wògblɔe ene. Nu sia dzɔ ɖe mia dzi elabe miewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu, eye mieɖo to eƒe gbe o.
4
Azɔ kpɔ ɖa, meɖe ga le alɔnu na wò egbe. Ne edze ŋuwò be yeayi Babilon kplim la, va míyi; malé be na wò nyuie. Evɔ ne medze ŋuwò be yeayi Babilon kplim o la, tsi anyi faa. Kpɔ ɖa, anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me. Yi afi sia afi si nèbu be enyo eye wòdze ŋuwò nebe yeayi la.
5
Ne àtsi anyi la, ekema gbugbɔ yi Gedalya, Safan vi, Axikam vi, ame si Babilon-fia tsɔ ɖo Yuda-duwo nu la gbɔ, eye nànɔ egbɔ le dukɔa me, alo nàyi afi sia afi si nèkpɔ be edze yeayi la.” Ale asrafoawo ƒe tatɔ la tsɔ nuɖuɖu kple nunana aɖewo na Yeremya hedo mɔe wòdzo.
6
Tete Yeremya yi Gedalya, Axikam vi, gbɔ le Mizpa, eye wònɔ ame siwo susɔ ɖe anyigbaa dzi la dome.
7
Esi aʋakplɔlawo katã kple woƒe aʋawɔlawo gale aʋagbedzi la ko la, wose be Babilon-fia tsɔ Gedalya, Axikam vi, ɖo anyigba la nu eye wòtsɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame dahe siwo womekplɔ yi Babilon o la de esi me.
8
Ismael, Netanya vi, Yehohanan, Kareax vi, Seraya, Tanxumet vi kple Netofatitɔ Efai viwo kpakple Yezanya, Maaxatitɔ la, vi; wo kple woƒe asrafowo yi Gedalya gbɔ le Mizpa.
9
Gedalya, Axikam vi, Safan vi, la ka atam na wo kple woƒe asrafowo be: “Migavɔ̃ Kaldeatɔwo subɔsubɔ o. Minɔ anyigba la dzi, eye misubɔ Babilon-fia la, ekema eme anyo na mi.
10
Nye ya manɔ Mizpa, anye mia teƒenɔla, le Kaldeatɔwo siwo ava mía gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, miƒo wain, dzomeŋɔlikutsetsewo kple ami nu ƒu, eye mitsɔ wo de miaƒe nuwo me; minɔ miaƒe du siwo miexɔ la me.”
11
Nenema ke, esi Yudatɔ siwo katã le Moab kple Amontɔwo dome kple esiwo le Edom kpakple anyigba bubuwo dzi la se be Babilon-fia susɔ ame aɖewo ɖe Yuda, eye wòtsɔ Gedalya ɖo wo nu la,
12
Yudatɔwo katã trɔ tso teƒe siwo wonyà wo ɖo ɖa la va Gedalya gbɔ le Mizpa le Yuda-nyigba dzi, eye woƒo wain kple dzomeŋɔli kutsetsewo nu ƒu fũu.
13
Azɔ la, Yehohanan, Kareax vi kple aʋakplɔla siwo katã ganɔ aʋagbea dzi kokoko la va Gedalya gbɔ le Mizpa.
14
Wobiae be: “Ènya be Amontɔwo ƒe fia, Baalis, dɔ Ismael, Netanya vi la, ɖa be wòaɖe wò agbe ɖaa?” Gake Gedalya, Axikam vi la, mexɔ wo dzi se o.
15
Tete Yehohanan, Kareax vi, ƒo nu kple Gedalya le adzame le Mizpa be: Na mayi ɖawu Ismael, Netanya vi la; ame aɖeke manya o. Nu ka ta eya naɖe wò agbe ɖa ale be Yudatɔ siwo katã ƒo ƒu ɖe ŋuwò la naka hlẽ, eye ame susɔeawo hã natsrɔ̃?”
16
Gake Gedalya, Axikam vi la, ɖo eŋu na Yehohanan, Kareax vi la, be: “Mègawɔ nu sia o, elabe nya si gblɔm nèle tso Ismael ŋu la mele eme o.”
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 41 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52