bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 16
Jeremiah 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 17 →
1
Aƒetɔ gblɔ nam be:
2
“Mele be nàɖe srɔ̃ alo adzi viŋutsuwo alo vinyɔnuwo ɖe teƒe sia o.
3
Elabe nya si Aƒetɔ gblɔ tso viŋutsu kple vinyɔnu siwo wodzi ɖe teƒe sia kple wo nɔ siwo dzi wo kpakple wo tɔ́ siwo dzi wo ɖe anyigba sia dzi la ŋu lae nye be:
4
Dɔ vɔ̃ awu wo. Womafa na wo loo, alo aɖi wo gɔ̃ hã o. Woƒe ŋutilã atsi anyigba abe lãmí ene. Woatsi yi nu le aʋa me, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo. Woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo.”
5
“Elabe Aƒetɔ be: Mègage ɖe aƒe si me wole konyi fam le la o. Mègayi ɖafa na ame aɖeke alo ado baba nɛ o. Elabe nye Aƒetɔ, meɖe nye ŋutifafa, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.
6
Bubumewo kple ame gblɔewo katã aku le anyigba sia dzi, ke ame aɖeke maɖi wo alo afa na wo o. Womasi wo ɖokui alo alũ ta kokoe atsɔ fa na wo o.
7
Ame aɖeke maɖu nu le kuteƒe afa akɔ na kutɔwo loo, alo ana aha ame si tɔ́a alo nɔa ku be woatsɔ fa akɔ nɛ o.
8
Mele be nàge ɖe aƒe si me woɖo kplɔ̃ le agbe ɖum le la o. Mele be nàbɔbɔ nɔ wo dome aɖu nu, ano nu kpli wo o.
9
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, matsi aseyetsoɣli kple dzidzɔɣli, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu le mia ŋkume, le mia ŋɔli.”
10
“Ne ègblɔ nya siawo katã na wo la, woabia wò be: ‘Nu ka tae Aƒetɔ ɖoe be dzɔgbevɔ̃e gã sia nadzɔ ɖe mía dzi? Vo kae míeda? Nuvɔ̃ kae míewɔ ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu?’
11
Ekema ɖo eŋu na wo be Aƒetɔ be: ‘Elabe mia tɔgbuiwo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome. Wosubɔ wo, eye wode ta agu na wo; ke wogblẽ nye boŋ ɖi, eye womelé nye seawo me ɖe asi o.
12
Ke nu si miawo mieva wɔ la vɔ̃ɖi wu mia tɔgbuiwo tɔ. Kpɔ ɖa, mia dome ame sia ame wɔ nuvɔ̃ɖi si eƒe dzi di la, eye miegbe toɖoɖom;
13
eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi, aɖo ɖe anyigba si miawo kple mia tɔgbuiwo siaa mienya o la dzi. Mianɔ afi ma asubɔ mawu bubuwo zã kple keli, eye nyemave mia nu o.’ ”
14
“Aƒetɔ be: Eya ta, kpɔ ɖa, ɣeyiɣi gbɔna esime amewo magagblɔ be: ‘Zi ale si Aƒetɔ le agbe, ame si kplɔ Israelviwo tso Egipte-nyigba dzi la o.
15
Ke ‘Zi ale si Aƒetɔ le agbe, ame si kplɔ Israelviwo tso dzigbemenyigba kple anyigba siwo katã dzi wònyà wo ɖo ɖa la dzi la.’ Elabe magakplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na wo tɔgbuiwo la dzi.”
16
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, maɖo ɖɔkplɔla geɖewo ɖa, ne woalé wo. Emegbe maɖo adela geɖewo ɖa, ne woayɔ wo ɖe nu tso towo kple togbɛwo katã dzi kpakple agadowo me.
17
Elabe nye ŋku le nu siwo katã wɔm wole la kpɔm; ɖeke mele ɣaɣla ɖem o. Woƒe vodadawo le ŋkunye me.
18
Gbã la, maxe woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ŋu fe na wo zigbɔzi eve, elabe woƒo ɖi nye anyigba la kple woƒe legba siwo melé fui la ƒe nu kukuwo, eye wotsɔ woƒe ŋunyɔnuwo yɔ nye domenyinu la fũu.”
19
Aƒetɔ, nye ŋusẽ kple nye mɔ́ sesẽ, ne mexaxa la, wòe nye nye sitsoƒe. Dukɔwo atso anyigba ƒe seƒewo ke ava gbɔwò, agblɔ be: “Mía tɔgbuiwo menyi naneke dome wu alakpa o; nu maɖinu siwo me viɖe aɖeke mele o.
20
Ðe amegbetɔ ate ŋu awɔ mawuwo na eɖokuia? Esiawo menye mawuwo o.”
21
“Eya ta kpɔ ɖa, mana woadze si nye ŋusẽ kple nye ŋutete; ne woanyae be ŋkɔnyee nye Aƒetɔ la.”
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52