bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 2
Jeremiah 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 3 →
1
Aƒetɔ gblɔ nam be:
2
“Yi ɖakui ɖe to me na Yerusalem be, Aƒetɔ be: Meɖo ŋku wò nuteƒewɔwɔ le wò ɖetugbime, wò lɔlɔ̃ nam abe ŋugbetɔ ene la, dzi. Meɖo ŋku esime nèkplɔm ɖo to gbedadaƒo kple anyigba si dzi womeƒãa nu ɖo o la hã, dzi.
3
Israel nɔ kɔkɔe na Aƒetɔ, eƒe kutsetse ƒe nuŋeŋe gbãtɔe wònye. Ame siwo katã ka asi eŋu la, kpɔ wo tɔ nua, eye vɔ̃ dzɔ ɖe wo dzi.” Aƒetɔ lae gblɔe.
4
Yakob ƒe ƒome kple Israel-dukɔ ƒe ƒomeawo katã, miɖo to miase Aƒetɔ ƒe gbedeasi.
5
Aƒetɔ be: “Nu manyomanyo ka mia tɔgbuiwo kpɔ le ŋunye si ta wodzo ʋĩi le gbɔnye, hesubɔ nu dzodzrowo, eye wozu ame ɖigbɔwo?
6
Womebia tanye se be, ‘Aƒetɔ, ame si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la ɖe? Afi ka eya, ame si kplɔ mí to gbedadaƒo, to kegbegbe kple ʋewo me, to kuɖiɖinyigba kple anyigba si dzi viviti tsiɖitsiɖi do ɖo la, to anyigba si dzi ame meto kpɔ o, afi si ame aɖeke mele o la, le?’
7
Mekplɔ mi va anyigba wɔnu dzi be miaɖu eƒe kutsetsewo kple nu nyui siwo le edzi. Ke esi mieva la, mieƒo ɖi nye anyigba la, eye mietsɔ nye domenyinu la wɔ ŋunyɔnui.
8
Nunɔlawo mebia be: ‘Afi ka Aƒetɔ le?’ hã o. Ame siwo si se la le hã, menyam o. Dziɖulawo da vo ɖe ŋunye, gbeƒãɖelawo ɖea gbeƒã le Baal ŋkɔ me, eye wokplɔ nu siwo ŋu viɖe aɖeke mele o la ɖo.”
9
“Eya ta mawɔ dzre kpli mi, Aƒetɔ lae gblɔe, agawɔe kple mia viwo ƒe viwo hã.
10
Tso ƒu yi Kipro-ƒukpo dzi, eye nàkpɔ, alo ɖo ame ɖe Kedar, eye nàlé ŋku ɖe nuwo ŋu tsitotsito, ne nàkpɔ ɖa be esia tɔgbe dzɔ kpɔ mahã.
11
Ðe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔ, togbɔ be menye mawuwo wonye gɔ̃ hã oa? Ke nye dukɔ ya tsɔ eƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli nu si ŋu viɖe aɖeke mele o lae.
12
Mi dziƒowo, miaƒe nu neku le esia ta, neʋuʋu mi, eye miaƒe lã me nable fu, miaƒe mo newɔ yaa. Aƒetɔ lae gblɔe.
13
Elabe nye dukɔ wɔ nuvɔ̃ɖi eve: Wogblẽ nye, woƒe agbetsidzɔƒe la ɖi ɖaɖe vudowo na wo ɖokui; vudo gbagbã siwo me tsi mate ŋu atɔ ɖo gbeɖe o la, wonye.”
14
“Israel ɖe, kluvie wònyea? Aƒe mee wodzii ɖo wòva zu subɔvia? Ke nu ka ta wòzu nuléle na futɔwo?
15
Dzatawo xlɔ̃, ɖe gbe sesĩe ɖe eŋu. Wona eƒe anyigba zu gbegbe. Wogbã eƒe duwo wozu aƒedo; ame megale wo me o.
16
Gawu la, Memfistɔwo kple Taxpanxestɔwo kaka wò fiakuku la le tawò.
17
Ɖe menye wò ŋutɔe na esia dzɔ ɖe dziwò esi nègblẽ Aƒetɔ, wò Mawu la ɖi, esime wònɔ kplɔwòm le mɔ ta oa?
18
Azɔ la, viɖe ka nèkpɔ le Egipte yiyi me, be nàɖano Nil-tɔsisi me tsi ta loo? Alo viɖe ka nèkpɔ le Asiria yiyi me, be nàɖano Frat-tɔsisi me tsi ta loo?
19
Wò vɔɖivɔ̃ɖinyenye ahe to na wò, eye wò megbedede le ŋunye abu fɔ wò. Nyae, eye nàdze sii be enye vɔ̃ kple veve be nàgblẽ Aƒetɔ, wò Mawu la ɖi. Egbem vɔvɔ̃ petepete.” Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
20
“Elabe tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti, tso wò kawo, eye nègblɔ be: ‘Nyemasubɔ o.’ Ẽ, èbɔbɔ ɖe anyi abe gbolo ene le togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe tame kple ati dama ɖe sia ɖe te.
21
Evɔ ɖe medo wò abe wainka nyuitɔ si metia tso ka vavãtɔwo dome la ene. Ale ke wɔ nètrɔ zu wainka gbegblẽ, eye nèzu abe gbe me wainka si ŋu viɖe mele o la ene?
22
Togbɔ be nèle tsi kple adzalẽ nyuitɔ kekeake hã la, wò vodada si zu ɖi le ŋuwò la, le dzedzem le ŋkunye me kokoko. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
23
Ale ke wɔ nàte ŋu agblɔ be: ‘Nyemegblẽ ɖokuinye o; nyemedze Baal yome o’? Lé ŋku ɖe wò nuwɔna ŋu le bali la me, ekema àdze si nu si nèwɔ. Èle abe kposɔnɔ ɖidu si le tsa glãla tsam le eƒe mɔ dzi ene.
24
Èle abe gbetedzinɔ si gbedadaƒo nɔnɔ ma, eye wòle edzrom vevie be woayɔ asii la ene. Ame ka ate ŋu axe mɔ na eƒe dzodzro sesẽ la be womagayɔ asii o? Atsu siwo le edim la ƒe ɖeke maɖe fu na eɖokui o. Ne eƒe dzinu nya ɖo edzi ko la, woakpɔe.
25
Lé be na wò afɔ be magatsi ƒuƒlu o; kpɔ wò ve me dzi, be tsikɔ magawu wò o. Ke ègblɔ be: ‘Gbeɖe! Dzodzroe! Elabe melɔ̃ amedzrowo, eye woawo yome manɔ.’ ”
26
“Ale si ne wolé fiafi ŋu kpenɛ la, nenema ŋu akpe mi Israel-dukɔa me tɔwo katãe: Miawo ŋutɔ, miaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo katã.
27
Miawoe gblɔna na ati be: ‘Wòe nye tɔ́nye’, eye miegblɔna na kpe be: ‘Wòe dzim.’ Elabe mietrɔ megbe dem, miedze ŋgɔm o. Evɔ ne miege ɖe fukpekpe me la, miegblɔna be: ‘Tso, nàxɔ na mí!’
28
Afi ka miaƒe mawu siwo miewɔ na mia ɖokui la le? Ne miege ɖe fukpekpe me la, mina woatso ava xɔ na mi, ne woate ŋui ko! Yuda, ale si wò duwo sɔ gbɔe la, nenema wò mawuwo hã sɔ gbɔe.”
29
“Nu ka ta miele dzre wɔm kplim? Mi katã miedze aglã ɖe ŋunye. Aƒetɔ lae gblɔe.
30
Mehe to na mia viwo dzodzro, wometsɔ ɖeke le nye amehehe me o. Miawo ŋutɔ ƒe yie vuvu miaƒe gbeƒãɖelawo abe dzata dɔwuitɔ ene.
31
O, dzidzime kae nye esi? Miɖo to miase Aƒetɔ ƒe nya. Gbedadaƒoe menye na Israel loo, alo anyigba si dzi blukɔ do ɖo tsiɖitsiɖi lae menyea? Nu ka tae nye dukɔ le gbɔgblɔm be: ‘Míevo, mímagava gbɔwò azɔ o’?
32
Ðe ɖetugbi aŋlɔ eƒe atsyɔ̃ɖonuwo be alo ŋugbetɔ aŋlɔ eƒe srɔ̃ɖewu bea? Ke nye dukɔ ya ŋlɔm be; ŋkekeawo mele xexlẽ me o.”
33
“Ale ke gbegbe nèdze aɖaŋu le ahiãdidi mee! Ale be nèfiaa wò mɔwo nyɔnuvɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã.
34
Gawu la, ame dahe maɖifɔwo hã ƒe ʋu si me agbe le ƒo wò awutewui, miekpɔ wo wonɔ ʋɔ gbãm o. Togbɔ be èwɔ nu siawo katã hã la,
35
ègblɔ be: ‘Nyemeɖi fɔ o. Nyateƒee, eƒe dzi fa.’ Kpɔ ɖa, nye kpli wò míaɖi kodzo elabe ègblɔ be: ‘Nyemewɔ nuvɔ̃ o.’
36
Nu ka tae nènɔa wò mɔwo trɔm ko tamemabumabui? Egipte ana ŋu nakpe wò abe ale si Asiria do ŋukpe wòe ene.
37
Àtrɔ tso afi ma ade mo to kple ŋukpe, elabe Aƒetɔ gbe ame siwo ŋu nèle dzi ɖom ɖo la. Màkpɔ viɖe aɖeke tso wo gbɔ o.”
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52