bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 6
Jeremiah 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 7 →
1
Benyamintɔwo lee, misí do le Yerusalem loo! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖe Bet-Hakerem elabe dzɔgbevɔ̃e ho tso dzigbeme gbɔna. Nu le tsɔtsrɔ̃ ge ŋutɔŋutɔ.
2
Magbã wò Zion vinyɔnu si nya le kpɔkpɔm, eye wowɔ vi na la.
3
Alẽkplɔlawo kple woƒe alẽhawo atso ɖe eŋu; woatu avɔgbadɔwo aƒo xlãe. Wo dometɔ ɖe sia ɖe aɖu gbe le enɔƒe.
4
“Midzra ɖo ne míaho aʋa ɖe eŋu! Mitso! Mina míadze wo dzi le ɣeɖota!” “Baba na mí, elabe zã do vɔ; elabe fiẽsi ɖo!”
5
“Mitso! Mina míadze wo dzi le zã me, eye míagbã eƒe fiasãwo.”
6
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Mitso eƒe atiwo ƒu anyi, miƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu. Eyae nye du si woahe to na; ameteteɖeanyi ɖeɖe koe le eme.
7
Ale si vudo nana be emetsi nɔa dzidzim ɖaae la, nenema Yerusalem na eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le dzi yimee. Nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ ŋkɔ le ɖiɖim le eme. Dɔléle kple abi le ŋkunye me ɖaa.
8
Yerusalem, kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie. Ne menye nenem o la, madzo le gbɔwò, eye mawɔ wò gbegbe, afi si ame aɖeke maganɔ o.”
9
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ be: “Ƒo ƒu Israelvi siwo susɔ la abe waintsetse ene; abe waintsetsexala ene la, gatsɔ asi zɔ alɔawo ŋu.”
10
Wo dometɔ ka maƒo nu na, agbe nya na, be wòasee? Kpɔ ɖa, woƒe to me xe, womate ŋu ase nu o. Kpɔ ɖa, ne wose wò gbedeasi la, eɖia kokoe na wo, medoa dzidzɔ na wo o.
11
Eya ta nye hã medo dɔmedzoe ɖe wo ŋu abe Aƒetɔ ke ene. Medo dzi ʋuu, eglom azɔ. “Ðee ɖe ɖeviwo ŋu le ablɔ me kple ɖekakpuiwo hã ŋu le ƒuƒoƒewo. Woalé srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu, ame tsitsi kple amegãɖeɖi siaa.
12
Woatsɔ woƒe aƒewo ana ame bubuwo, woƒe agblewo kple wo srɔ̃wo hã azu ame bubuwo tɔ. Elabe mado asi ɖa ahe to na anyigba la dzi nɔlawo.” Aƒetɔ lae gblɔe.
13
“Elabe wo katã woklẽa ŋu ɖe viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ ŋuti, tso ame gblɔewo dzi va se ɖe ame ŋkutawo dzi, eye tso gbeƒãɖelawo dzi va se ɖe nunɔlawo dzi, ame sia ame nye alakpanuwɔla.
14
Womelé be na nye dukɔ ƒe abi klɔ nyuie o. Wogblɔna be: ‘Ŋutifafa! Ŋutifafa!’ Esime ŋutifafa aɖeke meli o hafi.
15
Ɖe ŋu kpe wo, esi wowɔ ŋunyɔnuwoa? Kpao, ŋu mekpe wo kura o. Womenya ŋukpe o, eya ta woadze anyi kple anyidzelawo. Ɣesiɣi mehe to na wo la, woaɖe wo ɖa.” Aƒetɔ lae gblɔe.
16
Aƒetɔ be: “Mitsi tsitre ɖe mɔwo to ne miakpɔ nu, eye mibia blemamɔwo ta se afi si mɔ nyuitɔ le, ne miazɔ edzi, ne mia luʋɔwo nakpɔ gbɔdzɔe. Ke woawo gblɔ be: ‘Míele edzi to ge o!’
17
Meɖo dzɔlawo na mi hegblɔ be: ‘Milé to ɖe kpẽa ƒe ɖiɖi ŋu!’ Ke woawo gblɔ be: ‘Míele to lé ge ɖe eŋu o!’
18
Eya ta mi dukɔwo, misee, mi amehawo, minya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wo dzi.
19
Anyigba, ɖo to nàsee! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi le nu si do tso woƒe susu vɔ̃wo me la ta, elabe wometsɔ ɖeke le nye nyawo me o. Nye se ya la, wogbee.
20
Nu ka dzudzɔ ʋeʋẽe donu si wotsɔ tso Seba vɛ, alo gbekee xɔasi, siwo wotsɔ tso didiƒe vɛ la nye nam? Nyemexɔ miaƒe numemevɔsawo o, eye miaƒe akpedadavɔsawo hã medze ŋunye o.
21
Eya ta Aƒetɔ be: ‘Maɖo nu ɖi na dukɔ sia wòakli. Wo katã woaku: Vi tɔ́ kple viŋutsu, aƒelika kple xɔlɔ̃ siaa.’ ”
22
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, dukɔ aɖe tso dzigbeme gbɔna. Dukɔ triakɔ aɖe le hohom tso didiƒe aɖe ke.
23
Da kple akplɔ le wo si. Wosẽa ŋuta, eye womekpɔa nublanui na ame o. Woƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ le abe atsiaƒu ƒe hoowɔwɔ ene. Wole sɔwo dom, eye wobla akpa abe aʋawɔla ene. Wodzra ɖo be yewoawɔ aʋa kple wò, Zion vinyɔnu.”
24
Míese nya la; abɔ ge le mía ŋu, ŋɔdzi lé mí, eye míele veve sem, abe funɔ si le ku lém ene.
25
Ame aɖeke megayi agble alo ato mɔ dzi o, elabe yi le futɔ la si, eye ŋɔdzi ƒo xlã mí godoo va kpe.
26
O nye dukɔ vinyɔnu, ta akpanya ne namli le dzowɔ me. Fa konyi vevie, eye nàfa avi hehehe abe ame si viŋutsu ɖeka hɔ̃ ku na ene, elabe nugblẽla le ƒoƒo ge ɖe dziwò kpoyi.
27
“Meɖo wò nye dukɔ nu, be nàdoe kpɔ abe ale si wodoa ga si wolólo la kpɔe ene; be nànya eƒe mɔwo, eye nàdo wo kpɔ.
28
Aglãdzela masetonu wo katã wonye; wo kple ameŋugblẽlawoe zɔna. Wole abe akɔbli kple ga yibɔ ene. Wo katã tim wonye nu fitifiti wɔlawo.
29
Wole ʋu yɔm sesĩe, ke tsumi koe do tso dzoa me. Wolóloe galóloe, ke dzodzroe; elabe ame vɔ̃ɖiawo meɖe ɖa o.
30
Ðeko woayɔ wo be aɖukpo dzi klosalo elabe Aƒetɔ gbe wo.”
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52