bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 4
Jeremiah 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 5 →
1
“Ne èdi be yeatrɔ la, O Israel, Aƒetɔ lae gblɔe, gbɔnyee wòle be nàtrɔ va. Ne èɖe nu siwo le ŋu nyɔm nam la ɖa le ŋkunye me hetɔ ɖe teƒe ɖeka,
2
eye ne èta nu be: ‘Zi ale si Aƒetɔ le agbe la,’ le nyateƒe, ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe kple nuteƒewɔwɔ me la, ekema dukɔwo ayra wo ɖokui le eme, eye woakpɔ ŋutikɔkɔe le eyama me.”
3
Elabe Aƒetɔ gblɔ na Yuda kple Yerusalem tɔwo be: “Mide agble ɖe flunyigba dzi, ke migaƒã nu ɖe ŋuwo me o.
4
Mitso aʋa na mia ɖokui na Aƒetɔ, miɖe miaƒe dzi ƒe aʋanuyiwo ɖa, mi Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo. Ne menye nenem o la, nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu abe dzo ene le nuvɔ̃ɖi siwo miewɔ la ta, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.”
5
Migblɔe fia le Yuda, eye miɖe gbeƒãe le Yerusalem be: “Miku kpẽ to anyigba la dzi! Mikɔ gbe dzi miado ɣli sesĩe be: ‘Miƒo ƒu; mina míayi du sesẽwo me!’
6
Mikɔ aflaga dzi do ɖe Zion! Misí kaba ne miatsi agbe! Migalala o! Elabe mehe dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃ gã tso dzigbeme gbɔnae.
7
Dzatae do tso eƒe avekɔe me; dukɔwo gbãla ho, eho tso enɔƒe gbɔna, be wòatsɔ wò anyigba awɔ gbegbe awɔ wò duwo woazu aƒedo; ame maganɔ wo me o.
8
Esia ta mita akpanya, mifa konyi, mifa avi elabe Aƒetɔ ƒe dziku helihelĩ si wòdo ɖe mía ŋu la, nu mefa o.”
9
Aƒetɔ be: “Gbe ma gbe la, dzi manɔ fia kple amegãwo ƒo o. Nunɔlawo alulu, eye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe mo awɔ yaa.”
10
Tete megblɔ be: “O Aƒetɔ Mawu, nyateƒe, èflu dukɔ sia kple Yerusalemnɔlawo keŋ be: ‘Eme anyo na mi’, esime yi le keke woƒe vehlo dzi!”
11
Ɣe ma ɣi la, woagblɔ na dukɔ sia kple Yerusalem be: “Ya xɔdzo le ƒoƒom tso to ɖiƒeƒlewo tame le kegbegbe gbɔna nye dukɔ vinyɔnu gbɔ. Menye ya si woatsɔ agbɔ nutsro alo aɖe ɖi ɖa wònye o,
12
ya sesẽ ŋutɔ wu esiae wònye tso gbɔnye. Azɔ nye ŋutɔe le nu ƒom, le nya me tsom.”
13
Kpɔ ɖa, egbɔna abe alilikpo ene. Eƒe tasiaɖamwo le abe yali ene, eƒe sɔwo le du ƒum wu hɔ̃. Baba na mí. Míetsrɔ̃ vɔ!
14
Yerusalem, klɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣe ka ɣi nàdzudzɔ nuvɔ̃ɖiwo ŋu bubu ase ɖo?
15
Gbe aɖe le ɖiɖim tso Dan, eye wòle gbeƒã ɖem dzɔgbevɔ̃e nya tso Efrayim-towo dzi.
16
Mikɔ to dzi na dukɔwo be egbɔna. Miɖe gbeƒã na Yerusalem be: “Futɔwo tso anyigba aɖe le didiƒe dzi gbɔna. Woƒe ɣli de dzi bobobo ɖe Yuda-duwo ŋu.
17
Woaƒo xlã Yerusalem abe agbledzɔviwo ene, elabe edze aglã ɖe ŋunye. Aƒetɔ lae gblɔe.
18
Wò zɔzɔme kple wò nuwɔnawoe he esia va dziwòe. Wò tsɔtsrɔ̃ɣie nye esia; ele vevem kaɖikaɖi; ede keke wò dzi gbɔ ke.”
19
Ao! Ao! Mele veve sem lo! O, nye dzi! Nye dzi le tsotsom kpòkpokpo, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o elabe mele kpẽ ƒe ɖiɖi sem, mele aʋaɣli sem.
20
Dzɔgbevɔ̃e kplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo enumake. Wogblẽ anyigba blibo la. Wokaka nye avɔgbadɔwo kpatakpata, eye wovuvu xɔmetsovɔawo enumake.
21
Va se ɖe ɣe ka ɣi makpɔ aʋaflaga? Ɣe ka ɣi kpẽ ƒe ɖiɖi adzudzɔ?
22
“Elabe nye dukɔ dzɔ movi; womedze sim o. Vi tsibome wonye; womesea nu gɔme o. Wodze aɖaŋu na nuvɔ̃ɖi wɔwɔ; ke ale si woawɔ nu nyui ya la, womenyae o.”
23
Mekpɔ anyigba dzi ɖa, eye kpɔ ɖa, egblẽ, le nyama. Mekpɔ dziƒowo ɖa, kekeli aɖeke meli o.
24
Mekpɔ towo ɖa, eye kpɔ ɖa, wole dzodzom kpèkpekpe. Togbɛwo katã le ʋuʋum, le yiyim le gbɔgbɔm.
25
Meɖo ŋku anyi be makpɔ ɖa, eye kpɔ ɖa, amegbetɔ aɖeke megali o, eye dziƒoxeviwo katã dzo dzó.
26
Meɖo ŋku anyi be makpɔ ɖa; ke anyigba wɔnu la zu kegbegbe. Wogbã eƒe duwo katã le Aƒetɔ ŋkume, le eƒe dziku helihelĩ la ta.
27
Aƒetɔ be: “Togbɔ be anyigba blibo la azu gbedadaƒo hã la, nyemagblẽe keŋkeŋ o.
28
Esia ta anyigba afa konyi, dziŋgɔli anyɔ yibɔ, elabe meƒo nu, nyematrɔ susu o. Meɖo tame kplikpaa, eye nyemanye kɔ akpɔ megbe o.”
29
Dua me nɔlawo se sɔdolawo kple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ, eye ame sia ame sí. Ɖewo yi ave dodowo me, eye bubuwo lia agakpewo. Wogblẽ du ɖe sia ɖe ɖi; ame aɖeke megale wo me o.
30
Ke wò, ame si wotsrɔ̃, nu ka tae nèta avɔ xɔasi dzĩ? Nu ka tae nèdo sikanuwo, eye nèsi nu ɖe ŋku? Èle ɖokuiwò dzram ɖo be yeanyakpɔ; ke dzodzroe. Elabe wò ahiãviwo do vlo wò, eye wodi be yewoawu wò.
31
Elabe mele ɣli aɖe sem abe funɔ si le ku lém la tɔ ene. Veveseɣli aɖee, eɖi nyɔnu si le eƒe ŋgɔgbevi dzim la tɔ. Zion vinyɔnu ƒe ŋeŋe sem mele. Gbɔgbɔtsixe tsi eƒo, eye wòwu eƒe asiwo ɖe dzi le gbɔgblɔm be: “Evɔ nam! Amewulawo ƒe asi tum vɔ!”
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52