bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 50
Jeremiah 50
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 49
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 51 →
1
Aƒetɔ ƒe gbedeasi na Yeremya, gbeƒãɖela la, ɖe Babilon kple Kaldea-nyigba ŋu:
2
“Mido kpo le dukɔwo dome, eye miaɖe gbeƒãe! Mido aflaga ɖe dzi, eye miaɖe gbeƒãe! Migaɣlae o! Migblɔ be: ‘Woxɔ Babilon! Wodo ŋukpe Bel! Dzi ɖe le mawu Merodax ƒo. Wodo ŋukpe eƒe legbawo, eye dzi ɖe le eƒe mawuwo ƒo.’ ”
3
“Elabe dukɔ aɖe ho tso dzigbeme va esi ge. Ado aƒedo anyigba la, eye ame aɖeke maganɔ edzi o. Amegbetɔwo kple lãwo siaa así, adzo.”
4
Aƒetɔ be: “Le ŋkeke mawo me le ɣe ma ɣi la, Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ siaa aƒo ƒu atrɔ gbɔ, anɔ avi fam anɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la dim.
5
Woabia Zion-mɔ ta se, eye woaɖo ta afi ma agblɔ be: ‘Miva, mina miaƒo ƒu aku ɖe Aƒetɔ ŋu, abla nu mavɔ si womaŋlɔ be akpɔ o la kplii.’ ”
6
“Nye dukɔ zu alẽ siwo bu. Wo kplɔlawo kplɔ wo trae yi towo dzi. Wole tsatsam tso to dzi yi togbɛ dzi, eye woŋlɔ wo nɔƒe be.
7
Ame siwo katã kpɔ wo la, vuvu wo, eye woƒe futɔwo gblɔ be: ‘Míeɖi fɔ o, elabe woawo ŋutɔe wɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu. Aƒetɔ ye nye woƒe lãnyiƒe vavãtɔ, eye wònye wo tɔgbuiwo ƒe mɔkpɔkpɔ.’ ”
8
Misí tso Babilon! Mido go le Kaldeatɔwo ƒe anyigba la dzi! Minɔ abe gbɔ̃tsuwo ene le alẽha la ŋgɔ.
9
Elabe kpɔ ɖa, mele dukɔ triakɔ aɖewo ƒe ha nyɔm le dzigbemenyigba dzi ɖe Babilon ŋu. Woadze aʋa ɖe eŋu ahaxɔe. Woƒe aŋutrɔwo medaa dadagbo o; wole abe aʋawɔla asinudzɔdzɔetɔ tɔ ene.”
10
Woaha Kaldea-nyigba la, eye ehalawo katã aɖi ƒo. Aƒetɔ lae gblɔe.
11
“Nye domenyinuhalawo, togbɔ be miele dzidzɔ kpɔm, togbɔ be miele aseye tsom, togbɔ be miele kpo tim movitɔe abe nyinɔvie le gbeɖuƒe ene, eye miele xɔxlɔ̃m abe sɔtsuwo ene hã la,
12
ŋu akpe mia nɔ vevie, eye woado ŋukpe eya ame si dzi wò. Kpɔ ɖa, anye suetɔ le dukɔwo dome, anye gbedadaƒo si ƒu kple kegbegbe.
13
Le dɔmedzoe si Aƒetɔ do ɖe eŋu ta la, ame maganɔ edzi o, ke boŋ azu aƒedo keŋkeŋ. Ame sia ame si ato Babilon-du ŋu ayi la, ƒe nu aku, eye wòaʋuʋu ta ɖe eŋu le abi siwo katã le eŋu ta.
14
Mi ame siwo katã vu miaƒe dati me, midze aʋa ƒo xlã Babilon. Mitee! Migagblẽ aŋutrɔ aɖeke ɖi o! Elabe ewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu.
15
Mido aʋaɣli hoo ɖe eŋu be ena ta! Eƒe sɔtiwo ŋe dze eme! Womu eƒe gliwo! Elabe Aƒetɔ le hlɔ̃ biam. Miawo hã mibia hlɔ̃e. Miwɔe abe ale si wòwɔ amewo ene.
16
Mitsrɔ̃ nuƒãla kple nuŋela ɖa le Babilon, elabe ameteɖeanyila he aʋa vɛ; ame sia ame atrɔ yi eya ŋutɔ ƒe dukɔ me, eye ame sia ame así yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
17
“Israel nye alẽ si dzatawo yɔ ɖe nu. Gbã la, Asiria-fiae vuvui, eye azɔ la, Babilon-fia Nebukadnezar va kuko eƒe ƒuwo.
18
Eya ta, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, mahe to na Babilon-fia kple eƒe anyigba abe ale si mehee na Asiria-fia ene.
19
Magakplɔ Israel agbɔ va eƒe lãnyiƒe, eye wòaɖu gbe le Karmel ŋu kple Basan. Woakpɔ nu aɖu aɖi ƒo le Efrayim-togbɛwo dzi kple Gilead me.
20
Aƒetɔ be: Le ŋkeke mawo me le ɣe ma ɣi la, woadi nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le Israel-dukɔ me, ke womakpɔe o; woadi nuvɔ̃ le Yuda-dukɔ me hã, ke womakpɔ ɖeke o, elabe matsɔ nu ake ame siwo mesusɔ ɖi la.”
21
“Miho ɖe Meratayim -nyigba kple Pekodtɔwo ŋu. Miwu wo, mitsrɔ̃ wo katã keŋkeŋ, Aƒetɔ lae gblɔe, eye nàwɔ nu siwo katã meɖe gbe be nàwɔ la.
22
Aʋaɣli le ɖiɖim le anyigba la dzi, eye nuwo le tsɔtsrɔ̃m ale gbegbe.
23
Kpɔ ale si anyigba blibo la ƒe zu gbã hekakae la ɖa! Kpɔ ale si Babilon va zu ŋɔdzinu le dukɔwo domee la ɖa!
24
Babilon, meɖo mɔ̀ ɖi na wò, eye meɖe wò, gake mènyae o. Asi tu wò, eye melé wò elabe èle avu wɔm kple Aƒetɔ.
25
Aƒetɔ ʋu eƒe aʋawɔnudzraɖoƒeʋɔ, eye wòhe eƒe dzikuʋawɔnuwo do goe elabe dɔ aɖe le Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la si be wòawɔ le Kaldeatɔwo ƒe anyigba la dzi.
26
Mizɔ ɖe edzi tso goawo katã me va tui. Miʋu nu le eƒe avawo nu! Milɔ nuawo li kɔe ɖi abe lubabla ene, eye mitsrɔ̃ dukɔa keŋkeŋ. Migasusɔ naneke ɖi nɛ o.
27
Miwu eƒe nyitsuwo katã! Mikplɔ wo yi lãwuƒe lae. Baba na wo, elabe woƒe ŋkeke de, woƒe toheɣi ɖo.”
28
“Miɖo to! Wosí tso Babilon-nyigba dzi va be woaɖe gbeƒã ale si Aƒetɔ, mía Mawu la, le hlɔ̃ biam ɖe eƒe gbedoxɔ nui la, le Zion.”
29
“Miyɔ aŋutrɔdalawo vɛ ɖe Babilon ŋu. Mi ame siwo katã bí le dati ŋudɔwɔwɔ me ko, miyi. Miɖe to ɖee godoo; migana ame aɖeke nasí o. Miɖo nu siwo wòwɔ la teƒe nɛ. Miwɔe nɛ tututu abe ale si eya hã wɔe ene; elabe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu Kɔkɔe la ŋu wòle dàdam le hewɔ nu tovo ɖo.
30
Eya ta gbe ma gbe la, woawu eƒe ɖekakpuiwo le eƒe kpɔdomeewo, eye woatsrɔ̃ eƒe aʋawɔlawo katã.” Aƒetɔ lae gblɔe.
31
“Wò dàdala, kpɔ ɖa, metsi tre ɖe ŋuwò, Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe, elabe wò ŋkeke de, ɣe si ɣi mahe to na wò la ɖo.
32
Dàdala la akli nu adze anyi, eye ame aɖeke mafɔe ɖe tsitrenu o. Matɔ dzo eƒe duwo, eye wòabi nu sia nu aƒo xlãe.”
33
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Wote Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ ɖe anyi. Ame siwo ɖe aboyo wo la lé wo goŋgoŋ, eye wogbe asiɖeɖe le wo ŋu ne woadzo.
34
Gake wo Ɖela nye ŋusẽtɔ. Eŋkɔ nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla. Eya ŋutɔ axɔ woƒe nya ɖe akɔ, eye wòana gbɔdzɔe anyigba la; ke ana zitɔtɔ nanɔ Babiloniatɔwo dome.”
35
Aƒetɔ be: “Aʋa netsrɔ̃ Kaldeatɔwo. Netsrɔ̃ Babiloniatɔwo, eƒe amegãwo kple nunyalawo.
36
Aʋa netsrɔ̃ woƒe afakalawo ne woazu bometsilawo. Netso ɖe woƒe aʋawɔlawo ŋu ne woatsrɔ̃!
37
Aʋa netso ɖe woƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple amedzrosrafo siwo katã le wo dome la ŋu ne woazu nyɔnugbɔmewo. Aʋa netso ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu, ne woaha wo!
38
Ku neɖi ne eƒe tɔwo namie! Elabe enye anyigba si dzi legbawo le, eye wodoa tsu mawuawo subɔlawo.”
39
“Eya ta lã wɔadãwo kple agbotoewo anɔ Babilon, tsatsaboliwo hã anɔ afi ma. Ame maganɔ anyi akpɔ o, yi ɖe mavɔ me, eye womagatso aƒe ɖi o, tso dzidzime yi dzidzime.
40
Abe ale si wònɔ esime Mawu gbã Sodom kple Gomora kpakple du siwo ƒo xlã wo enee la, nenemae ame maganɔ afi ma o; ame aɖeke magatso aƒe ɖe afi ma o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
41
“Kpɔ ɖa, dukɔ aɖe ho tso dzigbeme va ɖo. Dukɔ triakɔ kple fia geɖewoe le hohom tso anyigba ƒe didiƒe ʋĩi ke gbɔna.
42
Dati kple akplɔ le wo si, wosẽa ŋuta, eye womekpɔa nublanui na ame o. Woƒe ɣli ɖina abe atsiaƒue le gbe ɖem ene. Wole sɔwo dzi, bla akpa abe ŋutsu ene na aʋawɔwɔ kple wò Babilon vinyɔnu.”
43
“Babilon-fia se wo ŋu nya, abɔ fa ɖe eŋu. Vɔvɔ̃ ɖo eyama, eye wòse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.”
44
“Kpɔ ɖa, ale si dzata dona tso ave dodo me le Yordan ŋu, ɖe lãha siwo ƒo ƒu ŋui la, nenema mele wo wɔ ge woasí du adzo le egbɔ kpata, eye matia ame si melɔ̃ la wòaɖu edzi. Elabe ame kae sɔ kplim? Ame kae ate ŋu asamam? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?
45
Eya ta mise ɖoɖo si Aƒetɔ wɔ ɖe Babilon ŋu kple tame si wòɖo ɖe Kaldea-nyigba la ŋu ɖa. Le nyateƒe me la, woahe wo vi suewo abe alẽviwo ene adzoe, eye ame sia ame ƒe nu aku kokoko.
46
Ne woxɔ Babilon-dua la, ɣli aɖi hoo ale be anyigba aʋuʋu, eye eƒe konyifaɣli aɖi woase le dukɔwo dome.”
← Chapter 49
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 51 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52