bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 52
Jeremiah 52
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 51
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
1
Zedekiya xɔ ƒe bla eve vɔ ɖekɛ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Nɔa ŋkɔ nye Xamital, Yeremya vinyɔnu tso Libna.
2
Ewɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔ tututu ene.
3
Le nyateƒe me la, Yerusalem kple Yuda do dziku na Aƒetɔ ale gbegbe be wònyà wo ɖa le eƒe ŋku ta. Zedekiya dze aglã ɖe Babilon-fia ŋu,
4
eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè asiekelia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewoa gbe la, Babilon-fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem ŋu. Woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.
5
Woɖe to ɖe dua ʋuu va se ɖe esime Zedekiya ge ɖe eƒe ƒe wui ɖekɛlia me.
6
Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekea gbe la, dɔwuame nu sẽ le dua me ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meli na ame siwo le anyigba la dzi la o.
7
Tete woŋɔ mɔ ɖe duglia ŋu, togbɔ be Kaldeatɔwo le glia ŋu godoo hã la, aʋawɔlaawo katã te kpɔ sí le zã me. Woto fia ƒe abɔ me mɔ, to agbo si le gli eve dome, eye wosí ɖo ta Araba me.
8
Gake Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ yɔ fia Zedekiya ɖe nu ɖatui le Yerixo-gbegbe. Eƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ le eŋu sí le egbɔ.
9
Tete wolé fia la, eye wokplɔe yi na Babilon-fia le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wòbu fɔe.
10
Tete Babilon-fia wu Zedekiya viŋutsuawo le eya ŋutɔ ŋkume, eye wòwu Yuda-megãwo katã hã le Ribla.
11
Azɔ egbã Zedekiya ƒe ŋkuwo, de kɔsɔkɔsɔe, eye wòkplɔe yi Babilon. Edee gaxɔ me va se ɖe eƒe kugbe.
12
Le Babilon-fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui asiekelia me, le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewoa gbe la, fia ŋu srafowo ƒe tatɔ Nebuzaradan, ame si subɔa Babilon-fia la ge ɖe Yerusalem-dua me.
13
Etɔ dzo Aƒetɔ ƒe aƒe la, fiasã la, xɔ siwo katã le dua me; etɔ dzo xɔ vevi ɖe sia ɖe.
14
Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ siwo katã le fia ŋu srafowo ƒe tatɔ ŋu la mu Yerusalem ŋu gliawo katã ƒu anyi.
15
Azɔ Nebuzaradan ɖe aboyo dukɔa ƒe ame dahewo dometɔ aɖewo, dukɔa ƒe ame mamlɛ siwo susɔ ɖe dua me, ame siwo sí yi ɖe Babilon-fia ƒe akpa dzi kple aɖaŋudɔwɔla mamlɛawo dzoe.
16
Gake Nebuzaradan, fia ŋu srafowo ƒe tatɔ gblẽ ame dahe siwo da ahe wu la dometɔ aɖewo ɖi be woade waingble kple agble bubuwo.
17
Kaldeatɔwo gbã akɔblisɔti siwo le Aƒetɔ ƒe xɔa ŋu gudugudu, anyinɔawo kple akɔblizɔ si le Aƒetɔ ƒeme la, eye wotsɔ akɔbliawo katã yi Babilon.
18
Wotsɔ zeawo, sofiawo, hɛawo, gagbɛawo, gatsiawo, agba vi siwo me wotɔa dzo lifi le kple akɔblinu siwo katã ŋudɔ wowɔna le gbedoxɔa me;
19
hekpe ɖe agba viwo, sonuwo, gagbɛwo, zewo, akaɖitiwo, agba vi siwo me wotɔa dzo lifi le kple agba siwo ŋudɔ wowɔna ƒoa tsi ɖi la ŋu dzoe. Fia ŋu srafowo ƒe tatɔ la tsɔ nu siwo wowɔ kple sika, alo klosalo la dzoe.
20
Nu siwo fia Salomo wɔ da ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me: sɔti eveawo, gazɔ la kple akɔblinyi wui eveawo siwo le ete kple anyinɔawo ƒe akɔbli la, kpè ale gbegbe be womate ŋu ada wo o.
21
Sɔti ɖeka ƒe kɔkɔme nye meta enyi, eye ka meta atɔ̃ desimeta etɔ̃ atui akpe ɖo. To le eme, eye wòtri milimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃.
22
Wotsɔ akɔbli wɔ kɔ ɖe eta, eye kɔ la ƒe kɔkɔme nye meta eve desimeta eve. Ðɔ kple yevuboɖawo ƒo xlã kɔ la godoo va kpe, eye wonye akɔbli ɖeɖe. Nu siawo tɔgbe kple yevuboɖawo le sɔti evelia hã ŋu.
23
Yevuboɖa bla asieke vɔ ade le axaawo dzi. Yevuboɖa siwo katã le ɖɔ la ŋu godoo va kpe la le alafa ɖeka.
24
Fia ŋu srafowo ƒe tatɔ kplɔ nunɔlagã Seraya kple Zefanya si le nunɔlagã la yome kpakple kpuinudzɔla etɔ̃.
25
Ame siwo wòkplɔ tso dua me la woe nye: asrafomegã ɖeka si le aʋawɔlawo nu, fia ŋu nɔla adrẽ siwo wòkpɔ le dua me, aʋakplɔla ƒe agbalẽŋlɔla, ame si yɔa dukɔ hahoa ɖe aʋawɔwɔ ŋu kple ŋutsu bubu bla ade tso ameawo dome le anyigba la dzi siwo wòkpɔ le dua me.
26
Nebuzaradan kplɔ ame siawo katã yi na Babilon-fia le Ribla.
27
Babilon-fia dza wo, eye wòwu wo le Ribla le Xamat-nyigba dzi. Ale woɖe aboyo Yuda-dukɔ tso eya ŋutɔ denyigba dzi dzoe.
28
Ame siwo Nebukadnezar ɖe aboyoe la ƒe xexlẽmewo nye esi: Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè adrẽlia me la, eɖe aboyo Yudatɔ akpe etɔ̃ bla eve vɔ etɔ̃.
29
Le eƒe ƒe wui enyilia me la, eɖe aboyo ame alafa enyi bla etɔ̃ vɔ eve tso Yerusalem.
30
Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla eve vɔ etɔ̃lia me la, Nebuzaradan ɖe aboyo Yudatɔ alafa adrẽ bla ene vɔ atɔ̃ dzoe. Ame siwo katã woɖe aboyo kplɔ dzoe la ƒe xexlẽme nye akpe ene alafa ade.
31
Esime woɖe aboyo Yuda-fia Yehoyakin le ƒe bla etɔ̃ vɔ adrẽ megbe, le dzinu wui evelia ƒe ŋkeke bla eve vɔ atɔ̃lia dzi la, Babilon-fia Evil-Merodax le ƒe si me wòzu fia la, kɔ Yuda-fia Yehoyakin ƒe ta dzi, eye wòɖee tso gaxɔ me.
32
Evil-Merodax ƒo nu lɔlɔ̃tɔe kple Yehoyakin, eye wòna nɔƒee ɖe etɔ fia bubuwo ŋgɔ le Babilon.
33
Ale Yehoyakin ɖe eƒe gaxɔmewuwo ɖi, eye wòɖua nu le fiaa gbɔ le eƒe agbenɔɣi katã.
34
Wonaa dzikpɔga aɖee edziedzi le eƒe hiahiã nu gbe sia gbe le eƒe agbenɔɣi katã va se ɖe eƒe kugbe.
← Chapter 51
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52