bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 18
Jeremiah 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 19 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
2
“Tso, nàyi zemela ƒeme ne magblɔ nye nyawo na wò le afi ma.”
3
Ale meyi aƒea me, eye mekpɔ zemela wòle dɔ wɔm le eƒe zemenu dzi.
4
Nu si mem zemelaa le la gblẽ, eya ta etsɔ tsu la me nu bubu si wòdi abe ale si dze zemela la ŋu wòbe yeawɔe la ene.
5
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be:
6
“Israel-dukɔ, ɖe nyemate ŋu awɔ mi abe ale si zemela sia wɔ ene oa? Aƒetɔ lae gblɔe. Kpɔ ɖa, Israel-dukɔ, ɖeko miele asinye me abe ale si tsu le zemela si mee ene.
7
Ne meɖoe be maho dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe ɖa, agbãe, eye matsrɔ̃e le ɣeyiɣi aɖe me,
8
ke dukɔa trɔ dzime tso nuvɔ̃ɖi si wòwɔ, si ta megblɔ nenema ɖo gbɔ la, ekema nyemawɔ vɔ̃ si meɖo be mawɔe la o.
9
Nenema ke ne meɖoe be mawɔ dukɔ aɖe alo fiaɖuƒe aɖe, eye maɖo egɔme anyi, atui ɖe edzi,
10
ke wòwɔ nuvɔ̃ɖi le ŋkunye me, eye mese nye gbe o la, ekema nyui si meɖo be mawɔ nɛ la, nyemagawɔe nɛ o.
11
Eya ta, azɔ la, gblɔ na Yuda-dukɔa kple Yerusalemnɔlawo be: ‘Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mana dzɔgbevɔ̃e nadzɔ ɖe mia dzi. Mia dome ame sia ame negbe nu le nuvɔ̃ɖi si wɔm wòle la gbɔ, eye wòaɖɔ eƒe agbenɔnɔ kple nuwɔna ɖo.’
12
“Ke woɖo eŋu be: ‘Nya gbɔloe nye ekem. Míawɔ nu si míesusu la. Mía dome ame sia ame asẽ to awɔ nu ɖe eƒe dzi vɔ̃ɖi kuatri la nu.’
13
“Eya ta Aƒetɔ be: Mibia se le dukɔwo dome be nya sia tɔgbe dzɔ ame aɖe se kpɔa? Nu gbegblẽ ŋutɔŋutɔe Israel-dukɔ, ɖetugbi la, wɔ.
14
Ðe tsikpe vɔna le agakpewo dome le Lebanon-towo dzia? Ðe tɔʋu fafa siwo le sisím tso eƒe towo dzi la miena?
15
Gake nye dukɔ ya ŋlɔm be, eye wodoa lifidzudzɔ na legbawo. Wokli nu le woƒe mɔwo dzi, eye womegatoa blemamɔwo dzi o. Wole mɔ dzeɖexɛwo dzi tom, ke menye mɔ gã la ŋutɔ dzi o.
16
Wona woƒe anyigba ɖi vɔvɔ̃, eye woanɔ alɔ me ɖem le eŋu ɖaa. Adzi ŋɔ na ame sia ame si ato eŋu ayi la, eye wòaʋuʋu ta.
17
Makaka wo ahlẽ abe ɣedzeƒeyae lɔ nu ɖe nu ene. Matrɔ megbe ade wo, eye ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi la, nyematrɔ ɖe wo ŋu o.”
18
Tete wogblɔ be: “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabe nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe gbeƒãɖelawo o. Eya ta mina míatsɔ aɖe aƒoe, eye mímagalé to ɖe eƒe nya aɖeke ŋu o.”
19
O Aƒetɔ, lé to ɖe nye nya ŋu, eye nàse nye kukuɖeɖe.
20
Ðe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyui teƒea? Ke woawo ɖe ʋe ɖi nam be mage dze eme. Ðo ŋku ale si meva tsi tsitre ɖe ŋkuwò me, eye meƒo nu nyui le wo ŋu na wò, be wò dzi nafa ɖe wo ŋu la dzi.
21
Gake azɔ la, na dɔwuame natsrɔ̃ wo viwo, wonetsi yi nu le aʋa me. Wo srɔ̃wo nezu vi manɔsitɔwo kple ahosiwo. Dɔ vɔ̃ nedze woƒe ŋutsuwo dzi woatsrɔ̃, eye woƒe ɖekakpuiwo netsi yi nu le aʋa me.
22
Kplɔ adzohawo ƒu wo kpata woaha woƒe aƒewo, eye woƒe ɣli nede dzi bobobo. Elabe woɖe ʋe nam be mage dze eme eye woɖo mɔ̀ na nye afɔwo.
23
Aƒetɔ, ke wò la, ènya nugbe ɖe sia ɖe si woɖo be yewoawum la. Mègatsɔ nuvɔ̃ɖi si wowɔ la ke wo loo, alo aŋe aɖaba aƒu woƒe nuvɔ̃ dzi o. Na woaɖu wo dzi le ŋkuwò me, eye nàtu nu kpli wo gbe si gbe nèdo dziku.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52