bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 12
Jeremiah 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 13 →
1
O Aƒetɔ, ne metsɔ nya ɖe ŋuwò hã la, nu dzɔdzɔe wɔlae nènye. Ke hã la, medi be mabia nya wò le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋuti. Nu ka tae ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo? Nu ka ta eme nyona na nu fitifiti wɔlawo katã ɖo?
2
Èɖo wo gɔme anyi, eye woto ke. Wotsi hetse ku. Èle woƒe nu me kpokploe; ke woƒe dzi ya le adzɔge ʋĩi tso gbɔwò.
3
Ke Aƒetɔ, wò la, èdze sim; èkpɔa nye nuwɔna, eye nèdoa nye susu kpɔ, nya ale si wòtrɔ ɖe ŋuwòe. He wo yii, abe alẽ siwo wu ge woyina la ene, eye nàɖo wo ɖi hena wuwugbe.
4
Ɣe ka ɣi anyigba axa nu ase, eye gbe aƒu le agble me ase ɖo? Elabe le edzinɔlawo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta la, lãwo kple xewo le tsɔtsrɔ̃m. Elabe amewo le gbɔgblɔm be: “Mawu makpɔ ale si wòava nɔ na mí mlɔeba o.”
5
“Ne èke duɖime kple afɔzɔlawo, eye wona ɖeɖi te ŋuwò la, ale ke nàhayi duɖime ke ge kple sɔwoe? Ne èle anyi dzem le anyigba si dzi nèle dedie le la, ale ke wɔ ge nàla le Yordan ƒe ave dodowo me?
6
Elabe wò ŋutɔ nɔviwòwo kple tɔ́wò ƒemetɔwo gɔ̃ hã wɔ nu fitifiti ɖe ŋuwò. Togbɔ be wole vivi dom ɖe ŋuwò, le nya viviwo gblɔm na wò hã la, mègaxɔ wo dzi se o.”
7
“Megbe nu le nye aƒe la gbɔ; megblẽ nye domenyinu la ɖi. Metsɔ ame si nye luʋɔ lɔ̃na la de asi na eƒe futɔwo.
8
Nye domenyinu zu nam abe dzata le ave me ene. Ele gbe tem ɖe ŋunye, eya ta melé fui.
9
Ðe nye domenyinu la mele nam abe xe ƒonu ŋɔŋɔe ene oa? Ɖe xe ƒonu bubu siwo ƒo xlãe godoo la tso ɖe eŋua? Miyi ɖaƒo ƒu gbemelãwo katã! Mikplɔ wo vɛ ne woava vuvu nu.
10
Alẽkplɔla geɖewo gblẽ nye waingble. Wonyà avuzi le nu si nye tɔnye dzi, eye wowɔ tɔnye gome si doa dzidzɔ nam la wòva zu gbedadaƒo ɖeɖe sɔŋ.
11
Wona wòzu gbedadaƒo; ezu gbedadaƒo le nu xam nam. Anyigba blibo la zu gbedadaƒo; gake meʋã dzi na ame aɖeke o.
12
Le to ƒeƒlewo katã tame le kegbegbewo, nugblẽlawo do; elabe Aƒetɔ na eƒe yi le nu gblẽm tso anyigba ƒe go ɖeka dzi yi go kemɛ dzi; ŋutilã aɖeke mekpɔ ŋutifafa o.
13
Woƒã lu, ke ŋue woxa. Woku kutri, ke womekpɔ viɖe aɖeke o. Le Aƒetɔ ƒe dziku si wòdo vevie ta la, nuku si woaŋe la akpe ŋu na wo.”
14
Aƒetɔ gblɔ tso dukɔ vɔ̃ɖi siwo katã ƒo xlã, eye woka asi nye domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel la ŋu be: “Kpɔ ɖa, maho wo ɖa tso woƒe anyigba dzi, eye maho Yuda-to la ɖa le wo dome.
15
Ne meho wo ɖa vɔ megbe la, magakpɔ nublanui na wo. Mana wo dometɔ ɖe sia ɖe nagbugbɔ yi eƒe domenyinu gbɔ, eye ame sia ame ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
16
Ava eme be ne wodo vevie nu, eye wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo, ne woaka atam le nye ŋkɔ me be: ‘Zi ale si Aƒetɔ le agbe la’ abe ale si woawo hã fia nye dukɔ be wòata Baal ene la, ekema mana woawo hã nadzi ɖe edzi le nye dukɔ la me.
17
Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe ɖa ahatsrɔ̃e gbidigbidi.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52