bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 13
Jeremiah 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 14 →
1
Aƒetɔ gblɔ nam be: “Yi nàɖaƒle aklala, avɔ saɖeali, nàsa ɖe ali; mègadee tsi me o.”
2
Ale meyi ɖatso avɔ la sa ɖe ali abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene.
3
Tete Aƒetɔ gaƒo nu nam zi evelia be:
4
“Ɖe avɔ si nèƒle hesa ɖe ali la; tso nàyi ɖaɣlae ɖe kpeto me le Frat-tɔsisi la to.”
5
Ale meyi ɖaɣlae ɖe Frat-tɔsisi la to abe ale si Aƒetɔ gblɔ nam ene.
6
Le ŋkeke geɖe megbe la, Aƒetɔ gblɔ nam be: “Tso nàyi Frat-tɔsisi la to nàɖatsɔ avɔ saɖeali si mebe nàɣla ɖe afi ma la.”
7
Ale meyi Frat-tɔsisi la to, eye meku teƒe si meɣla avɔ saɖeali la ɖo la. Kpɔ ɖa, avɔ la nyunyɔ keŋ; meganyo na naneke o.
8
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be:
9
“Alea tututu magblẽ Yuda ƒe dàda kple Yerusalem ƒe dàda gã lae.
10
Dukɔ vɔ̃ɖi sia si gbe toɖoɖom, si sẽ dzime, eye wòwɔa nu si dze eŋu, dzea mawu bubuwo yome hesubɔa wo la, anɔ abe avɔ saɖeali sia ene; maganyo na naneke o.
11
Elabe Aƒetɔ be: Ale si avɔ saɖeali nɔa ali na ame sesĩe la, nenemae mena Israel-dukɔ blibo la kple Yuda-dukɔ blibo la lé ɖe ŋunyee. Mewɔ esia be woanye dukɔ, ŋkɔ, kafukafu kple bubu nam; ke wogbe toɖoɖo.”
12
Gblɔ nya sia na wo: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Ele be nàku wain ɖe goe ɖe sia ɖe me wòayɔ banaa.’ Woabia wò be: ‘Ɖe míenya be wokua wain ɖe goe me wòyɔna banaa oa?’
13
Ekema nàgblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, matsɔ ahamumu fũu ayɔ anyigba sia dzi nɔlawo katã: Fia siwo le David ƒe zi dzi, nunɔlawo, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo kple Yerusalemnɔlawo katã.
14
Matsɔ wo axlã ɖe wo nɔewo, vi kple tɔ́ siaa. Aƒetɔ lae gblɔe. Nyemakpɔ nublanui loo, alo aɖe ame aɖe le eme loo, alo nye dɔme nàtrɔ ɖe ame aɖe ŋu be magbe etsɔtsrɔ̃ keŋkeŋ o.’ ”
15
Ɖo to nàse nya la; mèganɔ dàdam o. Elabe Aƒetɔ ye ƒo nu.
16
Mide bubu Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu, hafi wòana viviti nado, hafi miakli nu le towo dzi ne ɣe gbã amigo, eye ne miele mɔ kpɔm na kekeli la, wòatrɔe wòazu viviti, eye wòawɔe wòanye blukɔ tsiɖitsiɖi.
17
Ke ne miegbe toɖoɖo la, nye luʋɔ afa avi le adzame le miaƒe dàda ta. Nye ŋkuwo afa avi hehehe, eye aɖatsi ado le ŋkume nam yoyoyo elabe wokplɔ Aƒetɔ ƒe alẽha la yi aboyo me.
18
Gblɔ na fia kple nyɔnufia be: “Miɖi le miaƒe zi dzi elabe miaƒe atsyɔ̃fiakuku la ge le mia ta.”
19
Wotu du siwo le anyigbemekegbegbe la ƒe agbowo, eye ame aɖeke meli aʋu wo o. Woɖe aboyo Yuda-dukɔ la katã; wo katã woyi aboyo me.
20
“Fɔ mo dzi, eye nàkpɔ ame siwo gbɔna tso dzigbeme ɖa! Afi ka alẽha si dzi wobe nàkpɔ la le? Wò alẽha si nyakpɔna la ɖe?
21
Nu ka nàgblɔ ne woɖo ame siwo wò ŋutɔ nèfia nu, hedze xɔlɔ̃ wo la, wò tatɔwoe? Ɖe màse veve abe nyɔnu si le ku lém la ene oa?
22
Ne èbia le wò dzime be: ‘Nu ka ta nu siawo dzɔ ɖe dzinye? la,’ wò nu baɖa gbogboawo wɔwɔ tae woklo avɔ le ŋuwò, eye wogblẽ wò ɖo.
23
Ðe ame aɖe ate ŋu trɔ eƒe ŋutigbalẽ alo lãkle natrɔ eƒe agbalẽ ŋɔtaŋɔtaa? Ekema mi ame siwo nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ma la, ɖe miate ŋu awɔ nu nyuiea?
24
Makaka mi ahlẽ abe nutsro ye ya le ƒoƒom le kegbegbe ene.
25
Aƒetɔ be esia nye tɔwò gome si wodzidze na wò be nàxɔ la, elabe èŋlɔm be, eye nèɖo dzi ɖe alakpanuwo ŋu.
26
Nye ŋutɔ maklo wò avɔ aƒu mo na wò, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe.
27
Mekpɔ wò ŋunyɔnuwo, wò ahasiwɔwɔwo kple wò asiyɔgbe abe sɔtsu ene; wò gbolowɔwɔ vivivo le togbɛwo dzi kple agblewo me. Yerusalem, baba na wò! Ɣe ka ɣi gɔ̃ woana ŋuwò nakɔ?”
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52