bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 46
Jeremiah 46
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 45
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 47 →
1
Aƒetɔ ƒo nu kple Yeremya, gbeƒãɖela la, tso dukɔwo ŋu.
2
Gbedeasi ku ɖe Egipte ŋu: Gbedeasi si wògblɔ ɖe Egipte Fiagã Nexo ƒe aʋakɔ si le Frat-tɔsisi nu le Karkemis gbɔ la ŋu. Le Yehoyakim, Yosiya vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enelia me, esime Babilon-fia Nebukadnezar ɖu edzi lae nye esi:
3
“Mibla akpa kple akpoxɔnu gãtɔ kple suetɔ. Milũ ɖe aʋa la me.
4
Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu. Sɔdolawo, mide wo dzi. Miɖɔ gakuku, mianɔ fli me. Minyre miaƒe akplɔwo, eye mido gawu.
5
Ke nu ka mekpɔ? Dzidzi ƒo wo wogbugbɔ ɖe megbe. Woɖu woƒe aʋakalẽawo dzi, wode afɔ du me sí yina. Megbekpɔkpɔ meli o; ŋɔdzi le afi sia afi. Aƒetɔ lae gblɔe.
6
Afɔtsɔtsɔetɔ mate ŋu así o; aʋakalẽa de sisí ge do kpo. Wokli nu le dzigbeme le Frat-tɔsisi nu, dze anyi.”
7
“Ame kae nye esi ho abe Nil ene, abe tɔsisi siwo ɖɔ gbagba ene?
8
Egipte ye tso abe Nil ene, abe tɔsisi siwo ɖɔ gbã go la ene. Egblɔ be: Maho, aɖaɖe anyigba la. Matsrɔ̃ duwo kple wo me nɔlawo.
9
Sɔwo, milũ ɖe eme! Tasiaɖamwo, minyè zi ge ɖe eme! Mina aʋakalẽawo nazɔ ɖe eme. Etiopia kple Put aʋakalẽ akpoxɔnutsɔlaawo ɖe? Ludtɔ aŋutrɔdala siwo bí le dati ŋudɔwɔwɔ me la ɖe? Mido yi!
10
Gbe ma gbee nye Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la ƒe ŋkeke, hlɔ̃biagbe wònye. Ele hlɔ̃ bia ge eƒe futɔwo na eɖokui. Yi avuvu nu, aɖi ƒo; ano woƒe ʋu amu elabe Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la le vɔ sam le dzigbemenyigba dzi le Frat-tɔsisia nu.
11
Egipte-ɖetugbi leaƒe, yi Gilead nàɖadi atike aɖe kpɔ. Ne èwɔ atike geɖe hã, dzodzroe; mahaya o.
12
Dukɔwo se ale si wobɔbɔ wò ɖe anyii. Wò ɣlidodo xɔ anyigba bliboa dzi, elabe aʋakalẽa dze anyi ɖe aʋakalẽa dzi, eye wo kple eve la siaa tsi.”
13
Nya si Aƒetɔ gblɔ na Yeremya, gbeƒãɖela la, ku ɖe Babilon-fia Nebukadnezar ƒe hoho ɖe Egipte-nyigba ŋu lae nye esi:
14
“Mido kpo le Egipte-nyigba dzi. Miɖe gbeƒã le Migdol, Memfis kple Taxpanxes duwo me. Migblɔ be: ‘Mitso, miʋli mia ɖokui ta elabe yi avuvu nu ƒo xlã mi.’
15
Nu ka tae mawu Apis sí? Nu ka tae wò nyitsua mete ŋu nɔ te o? Elabe Aƒetɔ tɔ nui ƒu anyi.
16
Wò amehaawo kli nu, dze anyi, eye wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Mitso! Mina míagbugbɔ yi mía detɔwo gbɔ, ayi anyigba si dzi wodzi mí ɖo la dzi le ameteɖeanyila ƒe yia ta.’
17
Miyɔ megbeŋkɔ na Egipte Fiagã la be: ‘Hohoho dzodzro dola, ame si nana be ɣeyiɣi toa eŋu yina.’
18
Fia la, ame si ŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: Zi ale si mele agbe la, ale si Tabor-to le, le towo katã dome, eye Karmel-to le, le atsiaƒu nu la, nenema wòavae.
19
Egiptenɔlawo, mido agba na mia ɖokui na aboyo me yiyi, elabe Memfis azu aƒedo, gbegbe afi si ame maganɔ o.”
20
“Egipte le abe nyinɔvi nyakpɔ ene. Ke adzɔ̃e tso dzigbeme va dze ɖe eŋu.
21
Eƒe asrafomedzro siwo le egbɔ gɔ̃ hã le abe nyivi damiwo ene. Woawo hã trɔ megbe de afɔ du me hesí dzo. Womenɔ te o; elabe woƒe dzɔgbevɔ̃e ŋkeke la tu wo, woƒe toheɣi ɖo.”
22
“Eƒe nuwɔwɔ le ɖiɖim abe da si le sisím tɔ ene. Elabe eƒe futɔwo le zɔzɔm kple ŋusẽ gbɔna. Wolé fía ɖe asi abe atitsolawo ene.
23
Woaƒo eƒe ave dodo la, Aƒetɔ lae gblɔe, togbɔ be ame mate ŋu age ɖe eme o hã. Elabe woƒe aʋawɔlawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo, womele xexlẽme o.
24
Woado ŋukpe Egipte vinyɔnu la elabe woatsɔe ade asi na dukɔ si tso dzigbeme.”
25
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: “Kpɔ ɖa, mahe to na Amon, Tebestɔwo ƒe mawua, akpe ɖe Egipte Fiagã kple Egipte-dukɔa kple eƒe mawuwo kple eƒe fiawo ŋu. Mahe to na Egipte Fiagã kple ame siwo katã ɖoa dzi ɖe eŋu la hã.
26
Matsɔ wo ade asi na ame siwo le woƒe agbe dim la, Babilon-fia Nebukadnezar kple eƒe amegãwo. Emegbe la, ame aganɔ Egipte-nyigba dzi abe tsã ene.” Aƒetɔ lae gblɔe.
27
“Ke wò Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o. Israel-dukɔ, dzi megaɖe le ƒowò o. Elabe, kpɔ ɖa, maxɔ na mi tso didiƒe ʋĩi si miele. Maxɔ na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa tso anyigba si dzi miele aboyo me le la. Yakob atrɔ gbɔ, ava nɔ anyi aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ; ame aɖeke mado vɔvɔ̃ nɛ o.
28
Wò Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o, Aƒetɔ lae gblɔe, elabe meli kpli wò. Matsrɔ̃ dukɔ siwo katã dome menyà mi ɖo ɖa la keŋkeŋ. Ke wò la, nyematsrɔ̃ wò keŋ o. Nyemagbe tohehe na wò ya o, ke boŋ mahe to na wò abe ale si dze ene.”
← Chapter 45
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 47 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52