bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Jeremiah 32
Jeremiah 32
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 33 →
1
Le Zedekiya, Yuda-fia, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè ewolia me, si nye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me la, Aƒetɔ ƒo nu kple Yeremya.
2
Le ɣe ma ɣi me la, Babilon-fia ƒe aʋakɔ ɖe to ɖe Yerusalem. Wode Yeremya, gbeƒãɖela la, gaxɔ me ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu si le Yuda-fia ƒe fiasã me.
3
Elabe Yuda-fia Zedekiya dee gaxɔ me ɖe afi sia gblɔ be: “Nu ka ta nèɖe gbeƒã gblɔ ɖi be: ‘Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, mele du sia tsɔ ge ade asi na Babilon-fia, eye wòaxɔe.
4
Yuda-fia Zedekiya masí le Kaldeatɔwo si me o, ke boŋ woatsɔe ade asi na Babilon-fia, eye wo kple evea ado go ŋkume kple ŋkume akpɔ wo nɔewo.
5
Akplɔ Zedekiya ayi Babilon, eye wòanɔ afi ma va se ɖe esime mava egbɔ. Aƒetɔ lae gblɔe. Togbɔ be nèle aʋa wɔm kple Kaldeatɔwo hã la, màɖu dzi o.’ ”
6
Yeremya gblɔ be: “Aƒetɔ gblɔ nam be:
7
Kpɔ ɖa, tɔwòɖea Salum vi, Xanameel ava gbɔwò agblɔ be: ‘Xɔ nye agble si le Anatot la ƒle, elabe wòe nye ƒometɔ si dze axɔe aƒle.’
8
Ale Xanameel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene, eye wògblɔ nam be: ‘Xɔ nye agble si le Anatot le Benyamin-nutome la ƒle, elabe wòe nye ƒometɔ si dze axɔe wòazu tɔwò. Ƒlee na ɖokuiwò.’ Tete mekpɔe dze sii azɔ be Aƒetɔ ŋutɔ ƒe gbedeasie.”
9
“Ale mexɔ agblea le tɔnyeɖea vi Xanameel si ƒle. Meda ga si metsɔ xe fea nɛ la nɛ. Ele klosaloga wui adrẽ.
10
Meŋlɔe ɖe agbalẽ me, ŋlɔ nye ŋkɔdzesi ɖe ete, eye metre agbalẽa nu. Medi ɖasefowo ɖe eŋu, eye meda ga la le nudanu me.
11
Tete metsɔ nuƒlegbalẽ si me woŋlɔ nuƒleseawo kple ɖoɖo siwo ku ɖe eŋu la kpe ɖe eƒe gbugbɔŋlɔ si le ʋuʋu la ŋu.
12
Metsɔ agbalẽ si nu wotre la de asi na Barux, Neriya vi, si nye Maxseya tɔgbuiyɔvi la. Metsɔe nɛ le Xanameel, tɔnyeɖea vi la kple ɖasefo siwo ŋlɔ woƒe ŋkɔdzesiwo ɖe nuƒlegbalẽa te la ŋkume.
13
Megblɔ na Barux le ameawo katã ŋkume be:
14
‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: Tsɔ nuƒlegbalẽ eve siawo, esi nu wotre kple eƒe gbugbɔŋlɔ si le ʋuʋu la, de ze me da ɖi, ne woate ŋu anɔ anyi wòadidi.
15
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: ‘Woagaƒle xɔwo, agblewo kple waingblewo le anyigba sia dzi.’ ”
16
“Esi metsɔ nuƒlegbalẽ la na Barux, Neriya vi la, vɔ megbe la, medo gbe ɖa na Aƒetɔ be:
17
‘O Aƒetɔ Mawu! Wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ sesẽ wɔ dziƒowo kple anyigbae. Naneke wɔwɔ megloa wò o.
18
Èɖe wò amenuveve fia ame akpe nanewo, ke nèhe to na viwo ɖe wo tɔgbuiwo ƒe vo siwo woda la ta. Mawu gã ŋusẽtɔ, wò ŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla.
19
Wò adaŋudede de to, eye wò nuwɔwɔwo wɔ nuku. Wò ame si ƒe ŋkuwo le nu siwo katã amegbetɔwo wɔna la ŋu, eye nèɖoa eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna ƒe metsonu nu;
20
wò ame si wɔ dzesi kple nukunuwo le Egipte-nyigba dzi gbe aɖe gbe, eye nèyi edzi gale wo wɔm le Israel kple amegbetɔƒomea katã dome va ɖo fifia. Èna wò ŋkɔ de du va se ɖe egbe ŋkeke siawo me gɔ̃ hã.
21
Ètsɔ dzesiwo kple nukunuwo, wò ŋusẽsi sesẽ la kple wò abɔ kpakple ŋɔdzi gã kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi.
22
Ètsɔ anyigba sia na wo, le atam si nèka na wo tɔgbuiwo be yele anyigba si dzi notsi kple anyitsi le la na ge wo la nu.
23
Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe wòzu wo tɔ. Ke womeɖo to wò gbe alo wɔ wò seawo dzi o. Nu siwo katã nègblɔ na wo be woawɔ la, wogbe wo wɔwɔ. Eya ta nèna vɔ̃ siawo katã dzɔ ɖe wo dzi ɖo.
24
Kpɔ ɖa, futɔwo ƒo kpo ƒo xlã dua be yewoaxɔe. Dua le gege ge ɖe Kaldeatɔ siwo le aʋa wɔm kplii la si me godoo, elabe aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ gbɔna. Nya si nègblɔ la va eme tututu abe ale si wò ŋutɔ nèle ekpɔm ene.
25
Aƒetɔ Mawu, nya la le alea vɔ tso hafi nègblɔ nam be: Ɖe ga nàtsɔ ƒle anyigba, eye ɖasefowo nanɔ asiwò ɖe eŋu! Evɔ dua ge ɖe Kaldeatɔwo si me vɔ xoxo!’ ”
26
Aƒetɔ gblɔ na Yeremya be:
27
“Kpɔ ɖa, nyee nye Aƒetɔ, nu gbagbewo katã ƒe Mawu; ɖe nanewɔwɔ agloma?
28
Eya ta, Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, matsɔ du sia ade asi na Kaldeatɔwo, eye mana Babilon-fia Nebukadnezar naxɔe.
29
Kaldeatɔ siwo le aʋa wɔm kple dua la age ɖe eme, eye woatɔ dzoe wòafiã; afiã kple eƒe xɔwo keŋ. Xɔ siawo tamee wotɔ dzo lifi na Baal le, eye woƒo tsi ɖi na mawu bubuwo le, be yewoatsɔ do dziku nam.
30
Elabe Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ la, nuvɔ̃ɖi ko wowɔna le ŋkunye me tso woƒe ɖekakpuime ke. Nu si Israel-dukɔ atsɔ asi awɔ ado dziku nam la ko wowɔna. Aƒetɔ lae gblɔe.
31
Du sia doa dziku kple dɔmedzoe nam tso gbe si gbe wotsoe va ɖo egbe, eya ta maɖee ɖa le ŋkunye me.
32
Mawɔ esia le nuvɔ̃ɖi siwo katã Israel-dukɔa kple Yuda-dukɔa, woƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo, gbeƒãɖelawo, Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemnɔlawo wɔ tsɔ do dziku nam la ta.
33
Wotrɔ megbe dem, esime wòle be woadze ŋgɔm. Togbɔ be mefia nu wo edziedzi hã la, wogbe toɖoɖom, gbe nye nufiame.
34
Wotsɔ woƒe ŋunyɔnuwo ɖo aƒe si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me, eye wogblẽ kɔ ɖo na teƒea.
35
Wowɔ nuxeƒewo ɖe Hinom vi ƒe balia me na Baal, ne woakɔ wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo siaa aɖasa vɔ na mawu Molex le teƒe mawo, evɔ la, nyemebia tso wo si nenema o. Gawu la, meva tame nam kpɔ be woawɔ ŋunyɔnu sia ahatsɔ he Yuda-dukɔ la de nuvɔ̃ me o.”
36
“Eya ta azɔ la, Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe du sia, si ŋu miawo miele gbɔgblɔm le be: ‘Wotsɔe de asi na Babilon-fia to aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ dzi’ la ŋu be:
37
Kpɔ ɖa, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menyà wo ɖo ɖa, le dziku kple dɔmedzoe me, esime menɔ nyanyram vevie la dzi. Makplɔ wo agbugbɔ va teƒe sia, eye mana woanɔ anyi le dziɖeɖi me.
38
Woanye nye dukɔ, eye manye woƒe Mawu.
39
Mana woƒe dzi nanɔ nu ɖeka kple mɔ ɖeka ko ŋu be woate ŋu avɔ̃m tegbee, be eme nanyo na woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo.
40
Mabla nu mavɔ kpli wo, eye nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo gbeɖe o. Mana be woavɔ̃m tso dzime ke, ale be womagate ɖa le ŋunye o.
41
Makpɔ dzidzɔ le nyuiwɔwɔ na wo ŋu, eye mawɔ nuteƒe ado wo abe ati ene ɖe anyigba sia dzi tso nye dzi blibo kple nye luʋɔ blibo me.”
42
Elabe Aƒetɔ be: “Ale si mehe vɔ̃ gã sia va dukɔ sia dzii la, nenema ke mahe nunyoname siwo katã ŋugbe medo na wo la hã vɛ na woe.
43
Miele gbɔgblɔm be anyigba sia zu gbegbe, amegbetɔ alo lã megale edzi o, eye wotsɔe de Kaldeatɔwo si. Ke woaƒle agble le anyigba sia dzi.
44
Amewo aɖe ga agaƒle agblewoe. Woade wo agbalẽ me, aŋlɔ woƒe ŋkɔdzesiwo ɖe wo te, atre wo nu, eye woaɖo ɖasefowo ɖe wo ŋu. Esia ava eme le Benyamin-nyigba dzi, le Yerusalem-nutowo me, le Yuda-duwo me, le togbɛ dzi duwo me, le baliwo kple anyigbemekegbegbe me. Elabe magaɖo dukɔa te kple nunyonamewo.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 33 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52